KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ
Xɔ Míaƒe Amedzroawo Nyuie
Le March 23 lia dzi la, amekpekpe siwo ade miliɔn 12 alo awu nenema ade Ŋkuɖodzia. Nuƒolaa aɖi ɖase na wo ne ele Yehowa ƒe nunana si nye tafea kple yayra siwo ameƒomea akpɔ le etsɔme la me dzrom! (Yes 11:6-9; 35:5, 6; 65:21-23; Yh 3:16) Ke hã menye nuƒolaa koe aɖi ɖase le ŋkeke tɔxɛ sia dzi o. Mí katã míate ŋu akpɔ gome le ɖaseɖiɖia me ne míexɔ míaƒe amedzroawo nyuie. (Ro 15:7) Nu siwo míate ŋu awɔ dometɔ aɖewoe nye esiwo gbɔna.
Le esi teƒe be nàdi teƒe aɖe anɔ anyi ɖo ahanɔ lalam be wɔnaa nadze egɔme la, dze agbagba nàdo woe zɔ na amekpekpeawo kple ame siwo dzudzɔ hadede kple hamea vividoɖeameŋutɔe
Togbɔ be wò susu anɔ wò ame nyanyɛ siwo nèkpe ŋu hã la, ele be nànɔ ŋudzɔ be yeate ɖe ame bubu siwo va le amekpekpedɔa ta hã ŋu. Kpe ame yeyewo be woava nɔ anyi ɖe gbɔwò. Wò kpli wo mizã wò Biblia kple hadzigbalẽ
Le wɔnaa vɔ megbe la, nɔ klalo be nàɖo woƒe biabiawo ŋu na wo. Ne ɣeyiɣia tsi tre ɖe mia ŋu le esi miaɖe mɔ na hame bubuwo be woava ɖe mia yome ta la, ekema wɔ ɖoɖo kpli wo be nàva srã wo kpɔ le ɣeyiɣi kpui aɖe ko megbe. Ne woƒe adrɛs alo kaƒodzesi mele asiwò o la, àte ŋu agblɔ be: “Medi be manya nu si nye wò susu le wɔnaa ŋu. Aleke mawɔ ake ɖe ŋuwò?”