INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb16 April axa 3
  • De Dzi Ƒo Na Amewo Eye Nàtsɔ Nya Siwo Sɔ Afa Akɔ Na Wo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • De Dzi Ƒo Na Amewo Eye Nàtsɔ Nya Siwo Sɔ Afa Akɔ Na Wo
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ (2016)
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Woɖo Hiob ƒe Nuteƒewɔwɔ Teƒe Nɛ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Hiob De Asixɔxɔ Gã Aɖe Yehowa Ƒe Ŋkɔa Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Nya Vevi Siwo Tso Hiob ƒe Agbalẽ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Alesi Nàkpɔ Kuxiwo Gbɔe Ŋuti Nufiame
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ (2016)
mwb16 April axa 3

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | HIOB 16-20

De Dzi Ƒo Na Amewo Eye Nàtsɔ Nya Siwo Sɔ Afa Akɔ Na Wo

Ele be aɖaŋuɖola ƒe nyawo nade dzi ƒo

16:4, 5

  • Hiob ƒe dzi gbã eye wòlé blanui, eya ta ehiã kpekpeɖeŋu kple nya siwo ade dzi ƒo nɛ

  • Hiob xɔlɔ̃ etɔ̃awo megblɔ nya aɖeke tsɔ fa akɔ nɛ o. Ke boŋ wohe nya ɖe eŋu si wɔe be wògatsi dzimaɖi ɖe edzi

Bildad ƒe nyatɔamewo do vevesese na Hiob vevie

19:2, 25

  • Hiob do ɣli na Mawu be wòana gbɔdzɔe aɖe si nu ye—ne anye ku gɔ̃ hã

  • Hiob ƒe susu nɔ tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa ŋu eye wòyi edzi do dzi nuteƒewɔwɔtɔe

Elifaz le nu ƒom na Hiob eye Zofar kple Bildad le wo kpɔm

AME SIWO TSO HIOB NU

Elifaz

Elifaz:

  • Ðewohĩ etso Teman si le Edom-nyigba dzi. Wogblɔ le Teman ŋu le Yeremiya 49:7 be enye afi si Edomtɔwo ƒe nunya bɔ ɖo

  • Ðewohĩ Elifaz si nye tsitsitɔ eye bubu le eŋu wu le “akɔfala” etɔ̃awo dome lae ƒo nu gbã. Eƒo nu zi etɔ̃ eye wòƒo nu wòdidi wu ame susɔeawo

Eƒe alakpanutsotsoawo:

  • Eɖu fewu le Hiob ƒe nuteƒewɔwɔ ŋu eye wògblɔ be Mawu meka ɖe esubɔlawo dzi o (Hio 4, 5)

  • Egblɔ be Hiob nye dadala kple ame vɔ̃ɖi eye wògblɔ be Hiob mevɔ̃a Mawu o (Hio 15)

  • Etsɔ nya ɖe Hiob ŋu be enye ŋuklẽla kple nu madzɔmadzɔ wɔla, eye wògblɔ be viɖe mele amegbetɔ ŋu le Mawu ŋkume o (Hio 22)

Bildad

Bildad:

  • Enye Suatɔ. Ðewohĩ enɔ Frat-tɔsisia to

  • Eyae nye ame evelia si ƒo nu. Eƒe nuƒo etɔ̃awo nɔ kpuie eye wonye nyatɔamewo wu Elifaz ƒe nyawo

Eƒe alakpanutsotsoawo:

  • Eƒe nyawo fia be Hiob viwo wɔ nu vɔ̃ eya ta wodze na vɔ̃ si dzɔ ɖe wo dzi la, eye be Hiob ŋutɔ nye ame mavɔ̃mawu (Hio 8)

  • Eƒe nyawo fia be Hiob nye nu gbegblẽ wɔla (Hio 18)

  • Egblɔ be amegbetɔ ƒe nuteƒewɔwɔ nye dzodzro (Hio 25)

Zofar

Zofar:

  • Enye Naamatɔ, ɖewohĩ etso Arabia ƒe dzieheɣetoɖoƒe

  • Eyae nye ame etɔ̃lia si ƒo nu eye eyae tso Hiob nu vevie wu. Zi eve koe wòƒo nu

Eƒe alakpanutsotsoawo:

  • Etso Hiob nu be eƒe nyawo nye nya gbɔlowo eye wògblɔ nɛ be wòaɖe asi le eƒe mɔ vɔ̃wo ŋu (Hio 11)

  • Eƒe nyawo fia be Hiob nye ame vɔ̃ɖi eye nu vɔ̃ɖi wɔwɔ dzɔa dzi nɛ (Hio 20)

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe