INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb16 May axa 8
  • Ale Si Míazã JW Library La

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ale Si Míazã JW Library La
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ (2016)
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Èle JW Library La Zãma?
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ (2016)
  • Agbalẽdzraɖoƒe Aɖe Si Ate Ŋu Anɔ Wò Asiƒome
    Ale Si Wozãa Wò Nudzɔdzɔwoe
  • Zã jw.org La Le Wò Subɔsubɔdɔa Me​—“Nye Yehowa Xɔlɔ̃”
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2015
  • Vi Kae Fiaɖuƒe Akpataa Ƒe Agbalẽdzraɖoƒe Ate Ŋu Aɖe Na Mí?
    Ame Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea?
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ (2016)
mwb16 May axa 8

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Ale Si Míazã JW Library La

LE NUSƆSRƆ̃ ME:

  • Zãe nàtsɔ axlẽ Biblia kple gbe sia gbe mawunyakpukpuia

  • Zãe nàtsɔ axlẽ Ƒegbalẽa, magazinewo kple agbalẽ bubuwo. Zã eƒe “teƒeléɖinua” wòakpe ɖe ŋuwò

  • Zãe nàtsɔ adzra ɖo ɖe hamea ƒe kpekpewo ŋu ahade dzesi nyaŋuɖoɖoawo

  • Zãe nàtsɔ akpɔ videowo

Yehowa Ðasefowo srɔ̃a nu le woƒe fon alo tablɛt dzi ne wole mɔ zɔm

LE KPEKPEAWO ME:

  • Zãe nàtsɔ aʋu mawunyakpukpui siwo nuƒolaa ayɔ. Zã eƒe akpa si nye “nu siwo nèʋu va yi” nàtsɔ ake ɖe mawunyakpukpui aɖe si nèzã va yi la ŋu

  • Le esi nàtsɔ agbalẽ gbogbowo ɖe asi ava kpekpea teƒe la, zã wò fon alo tablɛt la nàtsɔ akplɔ kpekpea ƒe akpa vovovoawo ɖo eye nàzãe atsɔ adzi hawo. Ha yeye siwo mele míaƒe hadzigbalẽa me o la le JW Library la dzi

Yehowa Ðasefowo le JW Library zãm le hamea ƒe kpekpewo me

LE GBEADZI:

  • Tsɔ nane si le JW Library la me fia ɖetsɔlemetɔ aɖe eye nàkpe ɖe eŋu wòada JW Library la ɖe eƒe fon alo tablɛt dzi

  • Zã eƒe akpa si nye “dii” nàtsɔ ake ɖe mawunyakpukpui si dim nèle ŋu

  • Zãe nàtsɔ aɖe video. Ne ɖeviwo le aƒemenɔlaa si la, àte ŋu aɖe Nye Yehowa Xɔlɔ̃ ƒe videoawo dometɔ ɖeka afia wo. Alo àte ŋu aɖe video si nye Nu Ka Tae Wònyo Be Nàsrɔ̃ Biblia? atsɔ anyɔ amewo ƒe ɖetsɔleme ɖe Biblia sɔsrɔ̃ ŋu. Ne ame aɖe doa gbe bubu aɖe la, ɖe video aɖe fiae le wo degbe me

  • Zãe nàtsɔ axlẽ mawunyakpukpui aɖe le gbegbɔgblɔ bubu ƒe Biblia si nèda ɖe wò mɔ̃a dzi me na ame aɖe. Te asi ɖe mawunyakpukpui ma ƒe xexlẽdzesi dzi ne nàʋui le gbegbɔgblɔ bubu siwo le wò mɔ̃a dzi xoxo la hã me

Yehowa Ðasefo aɖewo le video ɖem fia nyɔnuvi sue aɖe kple edzilawo
    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe