NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | PSALMOWO 45-51
Yehowa Mado Vlo Dzi Si Gbã La O
David ye ŋlɔ Psalmo 51 lia esi nyagblɔɖila Natan he eƒe susu yi nu vɔ̃ gã si wòwɔ kple Bat-Seba dzi vɔ megbe. David ƒe dzitsinya wɔ fui vevie eye esia ʋãe wòbɔbɔ eɖokui heʋu eƒe nu vɔ̃ me.—2Sa 12:1-14.
David wɔ nu vɔ̃ gake agate ŋu ahaya le gbɔgbɔ me
Hafi wòatrɔ dzi me ahaʋu eƒe nu vɔ̃a me la, eƒe dzitsinya menana wòvona o
Mawu ƒe ŋudzedzemakpɔmakpɔ ɖe eŋu na wòse veve helĩhelĩ eye wòse le eɖokui me be yeƒe ƒuwo gbã gudugudu
Edi vevie be Mawu natsɔe ake ye, yeahaya le gbɔgbɔ me, eye yeagakpɔ dzidzɔ si yekpɔna tsã
Eɖe kuku na Yehowa ɖokuibɔbɔtɔe be wòade toɖoɖo eyama ƒe didi ye me
Eka ɖe edzi be Yehowa atsɔe ake ye