NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | NYAGBLƆLA 1-6
Kpɔ Dzidzɔ Le Dɔ Sesẽ Siwo Nèwɔna La Ta
Yehowa di be dɔ navivi mía nu eye efia ale si míawɔ esia la mí. Míate ŋu ase vivi na dɔ ne nɔnɔme nyuitɔ le mía si ɖe dɔ ŋu.
Àte ŋu ase vivi na wò dɔ ne . . .
nɔnɔme nyuitɔ le asiwò
èdea ŋugble le ale si wò dɔa ɖea vi na ame bubuwo ŋu
èdoa vevie dɔ wɔna, gake ne ègbɔ va aƒe me la, èɖea susu ɖa le dɔ ŋu hetsɔa susu ɖoa wò ƒomea kple mawusubɔsubɔ ŋu