INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb17 January axa 8
  • Ðo Ŋku Edzi Nàdo Gbe Ða Ðe Nɔvi Siwo Yome Tim Wole La Ta

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðo Ŋku Edzi Nàdo Gbe Ða Ðe Nɔvi Siwo Yome Tim Wole La Ta
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2017
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dzi Nedzɔ Wò Ne Wole Yowòme Tim
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2022
  • Dzi Dzɔa Wo Evɔ Wotiaa Wo Yome
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Nɔ Gbe Dom Ða Ðe Ame Bubuwo Hã Ta
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • Di Aɖaŋuɖoɖo Nyui Siwo Nu Nànɔ Agbe Ðoa Le JW.ORG
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2022
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2017
mwb17 January axa 8

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Ðo Ŋku Edzi Nàdo Gbe Ða Ðe Nɔvi Siwo Yome Tim Wole La Ta

Biblia gblɔe ɖi be Satana ati mía yome kple susu be yeatɔ te míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa. (Yh 15:20; Nyɖ 12:17) Aleke míate ŋu akpe ɖe mía nɔvi Kristotɔ siwo yome tim wole le dukɔ bubuwo me la ŋui? Míate ŋu ado gbe ɖa ɖe wo ta. “Ŋusẽ le ame dzɔdzɔe ƒe kokoƒoƒo ŋu, eye wòwɔa dɔ.”—Yak 5:16.

Wode ga asi na nɔviŋutsu aɖe kplɔe yina gaxɔ me; nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu aɖewo; nɔviŋutsu aɖe le gbe dom ɖa

Nu kae míate ŋu ado gbe ɖa abia? Míate ŋu abia Yehowa be wòana dzi nanɔ mía nɔviawo ƒo be wòana be vɔvɔ̃ nagaɖo wo o. (Yes 41:10-13) Azɔ hã, míate ŋu ado gbe ɖa abia be ŋusẽtɔ siwo tsi tre ɖe mía ŋu nase nu gɔme na mí “ale be míayi edzi anɔ anyi kpoo le tomefafa me.”—1Ti 2:1, 2.

Esi woti Paulo kple Petro yome la, Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la yɔ wo ŋkɔ do gbe ɖa ɖe wo ta. (Dw 12:5; Ro 15:30, 31) Egbea, ne míenya ame siwo yome tim wole la katã ƒe ŋkɔwo o hã, ɖe wòanya wɔ be míayɔ woƒe hamea, dukɔa alo woƒe nutoa ŋkɔa?

  • Àkpɔ Yehowa Ðasefo siwo yome tim wole egbea ŋuti nyatakaka yeyewo le jw.org. (Àkpɔe le NYADZƆDZƆWO > SENYAWO te.)

  • Le jw.org ƒe nyati si nye “Wolé Yehowa Ðasefowo De Gaxɔ Me Le Woƒe Xɔse Ta—Afi Si Nàkpɔe Le” te la, woyɔ nɔvi vovovo siwo le gaxɔ me fifi laa le dukɔ aɖewo me la ƒe ŋkɔwo. (Àkpɔe le NYADZƆDZƆWO > SENYAWO te. Ʋu dukɔ aɖe ne nàsrɔ̃ nu geɖe tso nu siwo me tom nɔvi mawo le ŋu eye nàkpɔ nɔvi siwo wode gaxɔ me la ƒe ŋkɔwo.)

Medi be mado gbe ɖa ɖe nɔvi Kristotɔ siwo yome tim wole le dukɔ siwo gbɔna me la ta.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe