NUSƆSRƆ̃NYATI 43
HADZIDZI 41 Oo Mawu, Se Nye Gbedodoɖa
Nɔ Gbe Dom Ða Ðe Ame Bubuwo Hã Ta
“Mido gbe ɖa ɖe mia nɔewo ta . . . Ŋusẽ le ame dzɔdzɔe ƒe kokoƒoƒo ŋu, eye wòwɔa dɔ.”—YAK. 5:16.
TAÐODZINUA
Le nyati sia me la, míakpɔ nu si tae wòle vevie be míado gbe ɖa ɖe amewo ta kple aɖaŋuɖoɖo siwo akpe ɖe mía ŋu míawɔ esia.
1. Nu kae na míenya be míaƒe gbedodoɖawo le vevie na Yehowa?
MƆNUKPƆKPƆ tɔxɛ aɖee gbedodoɖa nye. Bu eŋu kpɔ: Yehowa de dɔ vovovowo asi na mawudɔlawo. (Ps. 91:11) Ede dɔ vevi aɖewo hã asi na Via. (Mat. 28:18) Ke ame kae wòde dɔ asi na be wòase míaƒe gbedodoɖawo? Metsɔe de asi na ame aɖeke o; eya ŋutɔe senɛ. Yehowa, Ame si nye “Gbedodoɖasela,” ŋutɔe ɖoa to míaƒe gbedodoɖawo.—Ps. 65:2.
2. Kpɔɖeŋu kae apostolo Paulo ɖo ku ɖe gbedodoɖa ɖe amewo ta ŋu?
2 Togbɔ be míate ŋu agblɔ míaƒe kuxiwo kple dzimenyawo na Yehowa faa hã la, ele be míaɖo ŋku ame bubuwo hã dzi ado gbe ɖa ɖe wo ta. Esiae Apostolo Paulo wɔ. Le kpɔɖeŋu me, eŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Efeso hamea be: “Mele mia ŋkɔ yɔyɔ dzi le nye gbedodoɖawo me.” (Ef. 1:16) Paulo do gbe ɖa ɖe ame ɖekaɖekawo hã ta. Le kpɔɖeŋu me, egblɔ na Timoteo be: “Medaa akpe na Mawu . . . be nyemedzudzɔ ŋkuɖoɖo dziwò le nye kokoƒoƒowo me zã kple keli o.” (2 Tim. 1:3) Paulo ŋutɔ hã nɔ kuxi geɖe me tom siwo ŋu wòdoa gbe ɖa tsoe. (2 Kor. 11:23; 12:7, 8) Ke hã, eɖoa ŋku edzi doa gbe ɖa ɖe ame bubuwo ta.
3. Nu kae ate ŋu awɔe be míaŋlɔ ame bubuwo be ne míele gbe dom ɖa?
3 Ate ŋu adzɔ ɣeaɖewoɣi be míaŋlɔ ame bubuwo be ne míele gbe dom ɖa. Nu ka tae? Nɔvinyɔnu Sabrinaa gblɔ susu siwo tae la dometɔ ɖeka. Egblɔ be: “Agbea mele bɔbɔe kura le xexe sia me o. Míaƒe kuxiwo ate ŋu axɔ susu me na mí ale gbegbe be míaƒe hiahiãwo ŋu koe míava nɔ gbe dom ɖa tsoe.” Ðe wòdzɔna ɖe dziwò ɣeaɖewoɣia? Ne nenemae la, ke nyati sia akpe ɖe ŋuwò. Ana míakpɔ (1) nu si tae wòle vevie be míado gbe ɖa ɖe ame bubuwo ta, kple (2) aɖaŋuɖoɖo siwo akpe ɖe mía ŋu míanya ale si míawɔe.
NU KA TAE WÒLE BE MÍADO GBE ÐA ÐE AME BUBUWO TA?
4-5. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be gbedodoɖa ɖe amewo ta ‘wɔa dɔ’? (Yakobo 5:16)
4 Gbedodoɖa ɖe ame bubuwo ta ‘wɔa dɔ.’ (Xlẽ Yakobo 5:16.) Ðe gbedodoɖa ɖe amewo ta ate ŋu ana nuwo natrɔ na woa? Ɛ̃, ate ŋui. Esi Yesu nya be eteƒe madidi o, apostolo Petro agbe nu le ye gbɔ la, egblɔ nɛ be: “Meɖe kuku ɖe tawò, be wò xɔse nu nagatsi o.” (Luka 22:32) Paulo hã nyae be gbedodoɖa ɖe amewo ta ɖea vi geɖe. Esi wodee gaxɔ me madzemadzee le Roma la, eŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Filemon be: “Mele mɔ kpɔm be to miaƒe gbedodoɖawo me la, woaɖe asi le ŋunye na mi.” (Filem. 22) Nu ma tututue dzɔ. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, woɖe asi le Paulo ŋu eye wòyi gbeƒãɖeɖedɔa dzi.
5 Le nyateƒe me la, esia mefia be míate ŋu ato míaƒe gbedodoɖawo dzi azii ɖe Yehowa dzi be wòawɔ míaƒe biabiawo dzi kokoko o. Ke hã, Yehowa dea dzesi nu siwo ŋu esubɔlawo tsia dzi ɖo eye ɣeaɖewoɣi la, etianɛ be yeawɔ woƒe biabiawo dzi na wo. Esia nyanya akpe ɖe mía ŋu míado gbe ɖa na Yehowa vevie tso dzi me eye míagblẽ nyaa ɖe esime be wòakpɔ egbɔ le mɔ nyuitɔ nu.—Ps. 37:5; 2 Kor. 1:11.
6. Aleke gbedodoɖa ɖe ame bubuwo ta ate ŋu ana míase le mía ɖokui me tso wo ŋu? (1 Petro 3:8)
6 Gbedodoɖa ɖe ame bubuwo ta wɔnɛ be ‘míaƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋu.’ (Xlẽ 1 Petro 3:8.) Ame si ƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋu dea dzesi nu si me tom amea le eye wòdina be yeawɔ nane atsɔ akpe ɖe eŋu. (Marko 1:40, 41) Hamemetsitsi aɖe si ŋkɔe nye Michael gblɔ be: “Ne medo gbe ɖa tso ame bubuwo ƒe hiahiãwo ŋu la, enana megasea nɔnɔme sesẽ siwo me tom wole la gɔme ɖe edzi eye megalɔ̃a wo geɖe wu. Mesena le ɖokuinye me be megate ɖe wo ŋu togbɔ be ɖewohĩ woawo ŋutɔwo menya esia o gɔ̃ hã.” Richard si hã nye hamemetsitsi la gblɔ viɖe bubu si dona tsoa eme. Egblɔ be: “Ne medo gbe ɖa ɖe ame aɖe ta la, esia ʋãam be mawɔ nane atsɔ akpe ɖe eŋu.” Egblɔ kpee be: “Ne míewɔ nane tsɔ kpe ɖe ame si ta míedo gbe ɖa ɖo ŋu la, ɖeko wòle abe míele asi kpem ɖe eŋu be gbe si míedo ɖa ɖe eta la nawɔ dɔ.”
7. Aleke gbedodoɖa ɖe ame bubuwo ta wɔnɛ be míeva dana sɔna le ale si míebua kuxi siwo me tom míele la me? (Filipitɔwo 2:3, 4) (Kpɔ fotoawo hã.)
7 Gbedodoɖa ɖe amewo ta wɔnɛ be míedana sɔna le ale si míebua kuxi siwo me tom míele la me. (Xlẽ Filipitɔwo 2:3, 4.) Esi míele xexe si dzi ɖum Abosam le me ta la, mí katã míetoa nɔnɔme sesẽwo me. (1 Yoh. 5:19; Nyaɖ. 12:12) Eya ta ne míedoa gbe ɖa ɖe ame bubuwo ta ɣesiaɣi la, eɖoa ŋku edzi na mí be menye míawo koe le fua kpem o, ke “[mía] nɔviwo ƒe habɔbɔ blibo si le xexea me la hã le fukpekpe mawo ke me tom.” (1 Pet. 5:9) Nɔvinyɔnu Katherine si nye mɔɖela gblɔ be: “Gbedodoɖa ɖe ame bubuwo ta ɖoa ŋku edzi nam be menye nye ɖeka koe le kuxiwo me tom o. Esia wɔnɛ be nyemeva nɔa nye kuxiwo ŋu bum fũu akpa o.”
Gbedodoɖa ɖe ame bubuwo ta wɔnɛ be míedana sɔna le ale si míebua míaƒe kuxiwoe me (Kpɔ memama 7)d
WOHIÃ MÍAƑE GBEDODOÐAWO
8. Ame kawo tae míate ŋu ado gbe ɖa ɖo?
8 Ame kawo tae míate ŋu ado gbe ɖa ɖo? Míate ŋu ado gbe ɖa ɖe nɔvi hahoowo ta. Le kpɔɖeŋu me, ame siwo le dɔ lém, sɔhɛ siwo le nyaƒoɖeamenuwo me tom le suku, alo ame siwo tsitsimekuxiwo le fu ɖem na. Wole mía nɔvi geɖewo yome tim; yometitia ɖewo tso woƒe ƒometɔwo gbɔ alo dziɖuɖuwo gbɔ. (Mat. 10:18, 36; Dɔw. 12:5) Eva hiãna be mía nɔvi aɖewo nagblẽ woƒe aƒewo ɖi asi adzo le ʋunyaʋunyawo ta. Dzɔdzɔmefɔkuwo gblẽ nu le nɔvi aɖewo hã ŋu vevie. Ðewohĩ míekpɔ nɔvi siawo kpɔ o. Gake ne míedoa gbe ɖa ɖe wo ta la, ke míele wɔwɔm ɖe Yesu ƒe se si nye be ‘míalɔ̃ mía nɔewo’ la dzi.—Yoh. 13:34.
9. Nu ka tae wòhiã be míanɔ gbe dom ɖa ɖe nɔvi siwo le ŋgɔ xɔm le Yehowa ƒe habɔbɔa me kple wo srɔ̃wo ta?
9 Míate ŋu ado gbe ɖa ɖe ame siwo le ŋgɔ xɔm le Yehowa ƒe habɔbɔa me hã ta. Wo dometɔ aɖewoe nye Dɔdzikpɔhaa me tɔwo kple woƒe kpeɖeŋutɔwo, Alɔdzekɔmitia me tɔwo, dɔdzikpɔla siwo le alɔdzedɔwɔƒewo, nutome sue dzikpɔlawo, hamemetsitsiwo, kple subɔsubɔdɔwɔlawo. Nɔvi siawo dometɔ geɖe le akɔ kpem kple woawo ŋutɔwo ƒe kuxiwo, ke hã wodzea agbagba wɔa dɔ sesĩe tsɔ kpena ɖe mía ŋu. (2 Kor. 12:15) Le kpɔɖeŋu me, Mark si nye nutome sue dzikpɔla gblɔ be: “Eɖea fu nam ŋutɔ be mele adzɔge tso dzinyela tsitsiwo gbɔ. Fofonye kple danye siaa mele lãmesẽ me o. Togbɔ be nɔvinyenyɔnu kple srɔ̃a le be lém na wo hã la, etena ɖe dzinye be nyemete ŋu le nu boo aɖeke wɔm tsɔ le kpekpem ɖe wo ŋu o.” Míate ŋu anya nu siwo katã me tom nɔvi siwo le ŋgɔ xɔm le o, gake míate ŋu ayi edzi anɔ gbe dom ɖa ɖe wo ta. (1 Tes. 5:12, 13) Míate ŋu ado gbe ɖa ɖe nɔviŋutsu siawo srɔ̃wo hã ta, elabe woƒe kpekpeɖeŋue wɔe be wo srɔ̃wo te ŋu yi edzi le dɔdeasi siawo wɔm.
10-11. Ðe wòdzea Yehowa ŋu ne míedo gbe gbadzaa ɖa ɖe mía nɔviwo ta? Ðe eme.
10 Abe ale si míegblɔe va yi ene la, zi geɖea míedoa gbe ɖa ɖe nɔvi hahoowo ta. Le kpɔɖeŋu me, ne ame aɖe koŋ meva susu me na mí o hã la, míate ŋu abia Yehowa be wòakpe ɖe nɔvi siwo le gaxɔ me ŋu alo afa akɔ na nɔvi siwo dzi ku dzɔ ɖo. Hamemetsitsi aɖe si ŋkɔe nye Donald gblɔ be: “Mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu gbogbo aɖewo le nɔnɔme sesẽ vovovowo me tom, eya ta míedoa gbe gbadzaa ɖa ɖe wo katã ta.”
11 Ðe gbedodoɖa gbadzaa siawo hã dzea Yehowa ŋua? Ɛ̃, wodzea eŋu! Nyateƒeae nye be míenya nu si tututu mía nɔvi ɖe sia ɖe hiã o. Eya ta naneke megblẽ le eŋu ne míedo gbe gbadzaa ɖa ɖe mía nɔviwo ta o. (Yoh. 17:20; Ef. 6:18) Gbedodoɖa siawo ɖenɛ fiana be míelɔ̃ “nɔviwo ƒe habɔbɔ blibo la katã.”—1 Pet. 2:17.
NE ÈLE GBE DOM ÐA ÐE AME ÐEKAÐEKAWO TA
12. Aleke ŋkuléleɖenuŋu nyuie ana nànya nu siwo ŋu nàdo gbe ɖa tsoe?
12 Lé ŋku ɖe nu ŋu nyuie. Tsɔ kpe ɖe gbe gbadzaa siwo míedona ɖa ɖe mía nɔviwo ta ŋu la, anyo be míado gbe ɖa ɖe ame ɖekaɖekawo hã ta. Ðe ame aɖe le miaƒe hamea me si dze dɔ veviea? Ðe sɔhɛ aɖe le kuxiwo me tom le suku si na wòlé blanuia? Ðe dzilaɖekɛ aɖe le kutri kum le viawo hem le “Yehowa ƒe amehehe kple nuxɔxlɔ̃” mea? (Ef. 6:4) Ne èléa ŋku ɖe nu ŋu nyuie la, àse veve ɖe nɔviwo nu, eye esia ana nàdi vevie be yeanɔ gbe dom ɖa ɖe wo ta.b—Rom. 12:15.
13. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míado gbe ɖa ɖe ame siwo míedo go kpɔ o la ta?
13 Yɔ ame ɖekaɖekawo ŋkɔ le wò gbedodoɖa me. Míate ŋu ayɔ ame siwo míedo go kpɔ o gɔ̃ hã ŋkɔ ado gbe ɖa ɖe wo ta. Le kpɔɖeŋu me, bu mía nɔvi siwo wolé de gaxɔ me le Crimea, Eritrea, Russia, kple Singapore ŋu kpɔ. Àte ŋu akpɔ mía nɔvi siwo wolé de gaxɔ me la ƒe ŋkɔwo le jw.org.c Nutome sue dzikpɔla aɖe si ŋkɔe nye Brian gblɔ be: “Mekpɔe be ne meŋlɔ nɔvi aɖe si wolé de gaxɔ me ƒe ŋkɔ ɖi eye meyɔa eŋkɔ edziedzi la, ewɔnɛ be meɖoa ŋku edzi doa gbe ɖa ɖe eta.”
14-15. Aleke míawɔ anya nu siwo tututu míabia le gbedodoɖa me?
14 Gblɔ nu si tututu wohiã le wò gbedodoɖa me. Michael, si ŋu míeƒo nu tsoe gblɔ be: “Ne mele nu xlẽm tso nɔvi siwo wolé de gaxɔ me ŋu le jw.org la, medzea agbagba be makpɔ ɖokuinye le woƒe nɔnɔmea me. Menyae be ne nyee la, matsi dzi ɖe srɔ̃nye ŋu vevie eye madi be nɔviwo nalé be nɛ. Esia na mekpɔ nu si tututu mate ŋu abia ne mele gbe dom ɖa ɖe nɔvi siwo ɖe srɔ̃ siwo le gaxɔ me la ta.”—Heb. 13:3, etenuŋɔŋlɔ.
15 Ne míedea ŋugble le nu siwo me nɔvi siwo le gaxɔ me tona gbe sia gbe ŋu la, esia ana míakpɔ nu bubu siwo míagblɔ ne míele gbe dom ɖa ɖe wo ta. Le kpɔɖeŋu me, míate ŋu ado gbe ɖa be gaxɔdzikpɔlawo nawɔ nu ɖe wo ŋu nyuie eye dziɖuɖumegãwo naɖe mɔ na wo be woasubɔ le ablɔɖe me. (1 Tim. 2:1, 2) Míate ŋu ado gbe ɖa hã be nɔvi siwo wolé de gaxɔ me la ƒe nuteƒewɔwɔ kple kpɔɖeŋu nyui nade dzi ƒo na woƒe hamea me tɔwo alo be woƒe agbe nyui nɔnɔ nawɔe be ame siwo menye Ðasefowo o nalɔ̃ be yewoaɖo to nya nyuia. (1 Pet. 2:12) Aɖaŋuɖoɖo vovovo siawo akpe ɖe mía ŋu míanya nu siwo tututu míabia ne míele gbe dom da ɖe mía nɔvi siwo le dodokpɔ bubuwo me tom la ta. Ne míeléa ŋku ɖe nu ŋu nyuie heyɔa ame ɖekaɖekawo ŋkɔ doa gbe ɖa ɖe wo ta, eye míegblɔa nu si tututu wohiã le gbedodoɖa me na Yehowa la, esia aɖee afia be ‘míegba go le lɔlɔ̃ na mía nɔewo me.’—1 Tes. 3:12.
SUSU SI SƆ NENƆ ASIWÒ ÐE GBEDODOÐA ŊU
16. Aleke míada asɔ ne míele gbe dom ɖa? (Mateo 6:8)
16 Abe ale si míeva kpɔe ene la, míaƒe gbedodoɖa ɖe amewo ta ate ŋu ana nuwo natrɔ na wo. Ke hã, ele be míada asɔ. Ne míele gbe dom ɖa la, menye ɖe míele nane si Yehowa menya xoxo o ta kam nɛ o; eye menye ɖe míele aɖaŋu ɖom nɛ ku ɖe ale si wòakpɔ kuxi aɖe gbɔe ŋu o. Yehowa nyana esubɔlawo ƒe hiahiãwo xoxoxo hafi woawo ŋutɔwo va nyana alo hafi míeva nyaa nu tso eŋu gɔ̃ hã. (Xlẽ Mateo 6:8.) Ne ele alea la, ke nu ka tae wògahiã be míado gbe ɖa ɖe amewo ta? Tsɔ kpe ɖe nu siwo míegblɔ le nyati sia me ŋu la, enye mɔ aɖe si dzi míetona ɖenɛ fiana be míetsɔ ɖe le eme na amewo. Lɔlɔ̃e ʋãa mí míedoa gbe ɖa ɖe amewo ta. Eye edzɔa dzi na Yehowa ne ekpɔe be míele yeƒe lɔlɔ̃ srɔ̃m.
17-18. Kpɔɖeŋu kae nàte ŋu awɔ atsɔ aɖe nu si tae gbedodoɖa ɖe mía nɔviwo ta le vevie la me?
17 Ne edze abe míaƒe gbedodoɖawo mena nuwo trɔ na mía nɔviwo o hã la, eɖenɛ fiana be míelɔ̃ wo vevie, eye Yehowa hã dea dzesi esia. Míate ŋu awɔ eƒe kpɔɖeŋu ale: Tsɔe be vi eve le dzila aɖewo si; Kofi kple Ama. Kofi dze dɔ eye wòle aba dzi. Ama gblɔ na fofoa be: “Papa, Kofi dze dɔ. Meɖe kuku kpe ɖe eŋu.” Fofoa nya eye wòle nane wɔm tso eŋu xoxo; elɔ̃ Kofi eye wòle be lém nɛ. Ke hã, vifofoa akpɔ dzidzɔ be Ama tsɔ ɖe le eme na nɔvia eye wòdi be woakpe ɖe eŋu.
18 Ema tututue Yehowa le dzi dem ƒo na mí be míawɔ—míatsɔ ɖe le eme na mía nɔviwo eye míanɔ gbe dom ɖa ɖe wo ta. Ne míewɔe alea la, eɖenɛ fiana be míelɔ̃ wo vavã, míedia mía ɖokui tɔ o, eye esia dzea Yehowa ŋu. (2 Tes. 1:3; Heb. 6:10) Abe ale si míegblɔe va yi ene la, le go aɖewo me la, míaƒe gbedodoɖawo ate ŋu ana nuwo natrɔ na mía nɔviwo. Eya ta neva eme be míaɖo ŋku edzi anɔ gbe dom ɖa ɖe mía nɔviwo ta ɣesiaɣi.
HADZIDZI 101 Mina Míawɔ Dɔ Le Ðekawɔwɔ Me
a Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.
b Ʋu jw.org nàkpɔ video si nye Takeshi Shimizu: Yehowa Nye “Gbedodoɖasela.”
c Be nànya mía nɔvi siwo wolé de gaxɔ me ƒe ŋkɔwo la, ʋu jw.org eye nàdi “Yehowa Ðasefo Siwo Wolé De Gaxɔ Me Le Woƒe Xɔse Ta—Le Dukɔ Vovovowo Me.”
d NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Nɔvi siwo le kuxi vovovowo me tom la le gbe dom ɖa ɖe nɔvi bubuwo ta.