INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb17 June axa 8
  • Dzi Nedzɔ Wò Ðe Gbeƒãɖeɖe Nya Nyuia Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dzi Nedzɔ Wò Ðe Gbeƒãɖeɖe Nya Nyuia Ŋu
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2017
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Miheyi Ðawɔ Dukɔwo Katã Me Tɔwo Woanye Nusrɔ̃lawo”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • Aleke Wole Gbeƒã Ðem Nya Nyuiae?
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • ‘Nane Si Nyo Wu Ŋuti Nyanyui Tsɔtsɔ Yi Na Amewo’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • “Misubɔ Yehowa Kple Dzidzɔ”
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2017
mwb17 June axa 8

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Dzi Nedzɔ Wò Ðe Gbeƒãɖeɖe Nya Nyuia Ŋu

Ðe wòsesẽ na wò kpɔ be nàɖe gbeƒã? Mía dometɔ geɖe aɖo nya ma ŋu be ɛ̃. Nu ka tae? Ðewohĩ amewo metsɔa ɖeke le eme o loo alo tsia tre ɖe mía ŋu le míaƒe anyigbamamaa me alo míevɔ̃na be míaƒo nu na ame siwo míenya o. Nyateƒeae nye be nu siawo ate ŋu ana dzi madzɔ mí o. Ke hã, Mawu dzidzɔtɔ la di be míasubɔ ye kple dzidzɔ. (Ps 100:2; 1 Ti 1:11) Nu etɔ̃ kawoe akpe ɖe mía ŋu be gbeƒãɖeɖedɔa navivi mía nu?

Gbãa, míeɖea gbeƒã gbedeasi si naa mɔkpɔkpɔ ame. Togbɔ be mɔkpɔkpɔ le bubum ɖe amewo egbea hãa, míate ŋu ana “nu si nyo wu ŋuti nya nyui” la nayɔ amewo ƒe dzi me. (Yes 52:7) Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia ate ŋu ana dzi nadzɔ míawo hã. Hafi nàyi gbea dzi la, de ŋugble le yayra siwo Mawu Fiaɖuƒea ahe vɛ na mí le anyigba dzi la ŋu.

Evelia, nya nyui si míeɖea gbeƒãe la ɖea vi na amewo le ŋutilã kple gbɔgbɔ me siaa. Amewo srɔ̃a ale si woatsri agbe baɖa nɔnɔ eye wonɔa mɔ kpɔm be yewoava nɔ agbe tegbee. (Yes 48:17, 18; Ro 1:16) Ele be míakpɔ mía ɖokuiwo abe ameɖela siwo le ame siwo ƒe agbe ɖo afɔku me ɖem la ene. Togbɔ be ame aɖewo medi be woaɖe yewo o hãa, míeyia edzi dia ame siwo di be woaɖe yewo la.—Mt 10:11-14.

Etɔ̃lia si nye vevitɔ wu lae nye be míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa dea bubu Yehowa ŋu. Mawu dea asixɔxɔ gã aɖe míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu. (Yes 43:10; Heb 6:10) Gakpe ɖe eŋu la, enaa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea mí faa be wòakpe ɖe mía ŋu míawɔ dɔa. Eya ta ɖe kuku na Yehowa be wòana dzidzɔ, si nye gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kutsetse la wò. (Ga 5:22) Yehowa akpe ɖe mía ŋu be míaɖu vɔvɔ̃ dzi eye míaɖe gbeƒã kple dzideƒo. (Dw 4:31) Ekema aleke kee amewo ɖawɔ nu ɖe mía ŋu le anyigbamama me o, dzi adzɔ mí le gbeƒãɖeɖedɔa me.—Eze 3:3.

Nɔnɔme vovovo siwo nɔvi aɖewo ɖe fia le gbea dzi—dzidzɔ makpɔmakpɔ kple dzidzɔkpɔkpɔ

Nɔnɔme kae nàdi be nenɔ ye si le gbea dzi? Aleke nàɖee afia be dzi le dzɔwòm?

MIKPƆ VIDEO SI NYE NUSƆSRƆ̃ KPLE ŊUGBLEDEDE NENA NÀGAKPƆ DZIDZƆ, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Nu ka tae wòle be nusɔsrɔ̃ nanye nu vevitɔ na mí nenye be míezãa gaƒoƒo geɖe tsɔ ɖea gbeƒã ɣleti sia ɣleti gɔ̃ hã?

  • Mɔ ka nue míate ŋu asrɔ̃ Maria le?

  • Ɣekaɣie nèdea ŋugble le Mawu ƒe Nya la ŋu?

  • Nu kae naa dzi dzɔa wò ne èle gbeƒã ɖem nya nyuia?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe