NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | HOSEA 8-14
Tsɔ Wò Nu Nyuitɔ Kekeake Na Yehowa
Ne ètsɔ wò nu nyuitɔ kekeake na Yehowa la, edzea eŋu eye wòɖea vi na wò ŋutɔ hã
WÒ KPLE YEHOWA DOME KADODO
Ètsɔa kafukafuvɔsawo naa Yehowa
Yehowa tsɔa wò nu vɔ̃wo kea wò, ekpɔa ŋudzedze ɖe ŋuwò eye wòdzea xɔ̃ wò
Ne èɖo to Yehowa ƒe sededewo la, èkpɔnɛ be woɖea vi na ye eye esia ʋãa wò be nàkafu Yehowa geɖe wu
Mɔ kawo nue mate ŋu atsɔ nye nu nyuitɔ kekeake ana Yehowa le?