INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb17 December axa 5
  • Nu Yeye Si Wotsɔ Kpe Ðe Kwasiɖa Domedome Kpekpea Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Yeye Si Wotsɔ Kpe Ðe Kwasiɖa Domedome Kpekpea Ŋu
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2017
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Nàtsi Ðovu Si Mele Bibim Nyuie Oa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Kristo ƒe Yerusalem Yiyi abe Fia Aʋadziɖula Ene
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
  • Fia La Nɔ Tedzi Dzi Yi Yerusalem
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • A7-G Nu Ðedzesi Siwo Dzɔ Le Yesu Ƒe Anyigbadzigbenɔnɔ Me—Subɔsubɔdɔ Mamlɛ Si Yesu Wɔ Le Yerusalem (Akpa 1)
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2017
mwb17 December axa 5
Mateo ƒe Nyanyuigbalẽ si le Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe nusɔsrɔ̃ tɔ me le internet dzi

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Nu Yeye Si Wotsɔ Kpe Ðe Kwasiɖa Domedome Kpekpea Ŋu

Tso January ƒe 2018 la, numeɖeɖewo kple media si woɖe tso Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe nusɔsrɔ̃tɔ (nwtsty) si le internet dzi me la anɔ dzedzem le kwasiɖa domedome kpekpea ƒe ɖoɖowɔɖia me, ne Biblia nusɔsrɔ̃tɔ sia mele mia degbe me o hã. Míeka ɖe edzi be esia ana be míadzra ɖo ɖe kpekpeawo ŋu nyuie wu. Vevietɔ la, awɔe be míate ɖe mía Fofo lɔ̃ame, Yehowa ŋu kplikplikpli wu!

NUMEÐEÐEWO

Numeɖeɖeawo ƒo nu tso dukɔwo, anyigbawo kple gbegbɔgblɔwo ŋu eye woakpe ɖe mía ŋu míase mawunyakpukpuiwo gɔme ɖe edzi.

Mateo 12:20

Ðovu bibi si le tsitsim: Anyie wotsɔ wɔ akaɖi sue si wozãna le aƒe me eye wokɔa amiti ƒe ami ɖe eme. Wodea ɖovu eme be wòalɔ amia ava dzi be dzoa nanɔ bibim. Helagbe me nya si nye “ɖovu bibi si le tsitsim,” ate ŋu afia ɖovu si le dzudzɔ tum elabe ele tsitsim loo alo ne wotsii teti. Nyagblɔɖi si le Yesaya 42:3 gblɔ tso Yesu ƒe nublanuikpɔkpɔ ŋu be, matsi mɔkpɔkpɔ ƒe dzo sue si kpɔtɔ ɖe ame tsɛ siwo wote ɖe to la me o.

Mateo 26:13

Vavã: Hebrigbe me nya ʼa·menʹ, si gɔmee nye “neva eme” alo “nenɔ alea” mee woɖe Helagbe me nya a·menʹ tsoe. Zi geɖe la, Yesu zãa nya sia tsɔ dzea nya aɖe, ŋugbedodo aɖe alo nyagblɔɖi aɖe gɔme, tsɔ tea gbe ɖe ale si nya si gblɔm wòle nye nyateƒe eye woate ŋu aka ɖe edzi bliboe la dzi. Wogblɔ be ne Yesu zã nya “vavã” alo amen le mɔ sia nu le Nyanyuigbalẽawo me la, efia be nyaa le etɔxɛ. Zi geɖe le Yohanes ƒe Nyanyuigbalẽa katã me la, ne wozã nya sia zi eve (a·menʹ a·menʹ) la, woɖea egɔme be “vavã, vavã.”—Yh 1:51.

MEDIA

Wonye fotowo, nutatawo kple video siwo ŋu gbeɖiɖi mekpe ɖo o, siwo ɖe Biblia me nya suesuesue aɖewo me tsitotsito.

Betfage, Amitoa Kple Yerusalem

Mɔ si dze le video kpui sia me la tso ɣedzeƒe, tso kɔƒe aɖe si woyɔna egbea be et-Tur, si wosusu be anye Betfage si ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me. Mɔ sia ɖo ta Yerusalem, heɖo keke Amitoa ƒe kɔkɔƒewo dometɔ ɖeka. Betania le Betfage ƒe ɣedzeƒe le Amitoa ƒe ɣedzeƒekpa dzi. Ne Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo va Yerusalem la, zi geɖea wotsia Betania dɔna. Egbea du si nye el-ʽAzariyeh (El ʽEizariya) si nye Arab ŋkɔ si gɔmee nye “Lazaro Nɔƒe” ye nye du si le teƒe ma fifia. Ðikeke mele eme o be, Yesu dzea Marta, Maria kple Lazaro gbɔ le woƒe aƒe me. (Mt 21:17; Mr 11:11; Lk 21:37; Yh 11:1) Ne Yesu tso afi ma yina Yerusalem la, anɔ eme be etoa mɔ si dze le videoa me. Le Nisan 9, ƒe 33 K.Ŋ., esi Yesu do tedzivi to Amitoa dzi yi Yerusalem la, anye be Betfage ye wòdoe tso yi Yerusalem.

Mɔ si Yesu anya to tso Betania yi Yerusalem
  1. Mɔ si tso Betania yi Betfage

  2. Betfage

  3. Amito

  4. Kidron Bali

  5. To si dzi Gbedoxɔa le

Gatagbadzɛ Aɖe Le Afɔkɔeƒu Aɖe Me

Afɔkɔeƒu si me woƒo gatagbadzɛ ɖo

Esia nye amegbetɔ ƒe afɔkɔeƒu si me woƒo gatagbadzɛ si didi sentimeta 11.5 ɖo ƒe foto. Woke ɖe afɔkɔeƒu ŋutɔŋutɔ si me woƒo gatagbadzɛa ɖo la ŋu le ƒe 1968 me, esime tomenukulawo nɔ Yerusalem ƒe dziehe gome kum. Ƒu sia nɔ anyi tso keke Romatɔwo ŋɔli ke. Tomenukuku sia gaɖo kpe edzi be wozãa gatagbadzɛwo tsɔ hea amewo ɖe ati ŋu. Anye gatagbadzɛ sia tɔgbie Roma-srafowo zã esime wonɔ Yesu Kristo hem ɖe ati ŋu. Woke ɖe ƒu sia ŋu le aɖaka aɖe si wotsɔ kpe wɔ la me, si woyɔna be ossuary, si me wotsɔa amekukuƒuwo dena, ne ŋutilãa nyunyɔ vɔ megbe. Esia fia be woate ŋu aɖi ame aɖe si wohe ɖe ati ŋu.—Mt 27:35.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe