INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb18 April axa 7
  • Zã Dɔwɔnu Siwo Míetsɔ Fiaa Nui La Aɖaŋutɔe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Zã Dɔwɔnu Siwo Míetsɔ Fiaa Nui La Aɖaŋutɔe
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2018
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Fia Nyateƒea Amewo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2018
  • Dɔwɔnu Siwo Míezãna Tsɔ Fiaa Nu Amewo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2015
  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2023
  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2023
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2018
mwb18 April axa 7

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Zã Dɔwɔnu Siwo Míetsɔ Fiaa Nui La Aɖaŋutɔe

Nɔvi aɖe Biblia kple agbalẽ gbadzaa aɖe zãm tsɔ le gbeƒã ɖe na ŋutsu aɖe

Amewo wɔwɔ nusrɔ̃lawoe le abe xɔtutu ene. Be míate ŋu atu wo nyuie abe xɔ ene la, ele be míasrɔ̃ ale si míazã dɔwɔnuawo nyuie. Ele be míasrɔ̃ ale si míazã míaƒe dɔwɔnu vevitɔ, si nye Mawu ƒe Nya la nyuie. (2Ti 2:15) Ele be míasrɔ̃ ale si míazã míaƒe dɔwɔnu bubu siwo nye agbalẽwo kple videowo hã nyuie kple susu be míawɔ amewo woanye nusrɔ̃lawo.a

Nu kae akpe ɖe ŋuwò nàbi ɖe Dɔwɔnu Siwo Míetsɔ Fiaa Nui la zazã me? (1) Bia wò gbeadziƒuƒoƒo dzi kpɔla wòakpe ɖe ŋuwò, (2) zɔ le gbeadzi kple gbeƒãɖela alo mɔɖela bibi aɖe, eye (3) yi edzi nànɔ nu siwo nèsrɔ̃ la zãm. Ne èva le bibim ɖe agbalẽawo kple videoawo zazã me la, àkpɔ dzidzɔ be yele asi kpem ɖe kpɔɖeŋuxɔtudɔ si le edzi yim la ŋu.

MAGAZINEWO

Gbetakpɔxɔ
Nyɔ!

AGBALẼ GBADZAWO

Ðo To Mawu Ne Nànɔ Agbe Tegbee
Ame Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea?
Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ!

AGBALẼWO

Nu Kae Biblia Fia Mí?
Ale Si Nàwɔ Anɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me

TRAKTWO

Agbalẽ ka ƒomevie Biblia nye?
Aleke nuwo ava nɔ le etsɔme?
Nu kae ana dzidzɔ nanɔ ƒomea me?
Ame ka tututue le xexea dzi ɖum?
Ðe fukpekpewo nu ava yia?
Ðe ame kukuwo agava nɔ agbe akea?
Nu kae nye Mawu Fiaɖuƒe la?
Afi kae míakpɔ ŋuɖoɖo na agbe me biabia vevitɔwo le?

VIDEOWO

Nu Ka Tae Wònyo Be Nàsrɔ̃ Biblia?
Aleke Míewɔa Biblia-Nusɔsrɔ̃e?
Nu Kawoe Yia Edzi Le Fiaɖuƒe Akpata Me?
Yehowa Ðasefowo—Ame Kawoe Míenye?

AMEKPEGBALẼVIWO

Hamea Ƒe Kpekpewo Ƒe Amekpegbalẽvi

KADODOGBALẼVIWO

Kadodogbalẽvi

a Wotrɔ asi le Dɔwɔnu Siwo Míetsɔ Fiaa Nui la dometɔ aɖewo ŋu na ame aɖewo koŋ. Míate ŋu azã wo ne ehiã.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe