Dɔwɔnu Siwo Míezãna Tsɔ Fiaa Nu Amewo
1. Mɔ ka nue Kristotɔ nyanyuigblɔlawo le abe aɖaŋudɔwɔlawo ene le?
1 Aɖaŋudɔwɔlawo zãa dɔwɔnu vovovowo. Wozãa ɖewo edziedzi, gake ƒãa hafi wozãa ɖewo na dɔ tɔxɛ aɖewo wɔwɔ. Aɖaŋudɔwɔla bibiwo kpɔa egbɔ be dɔwɔnu siwo yewozãna edziedzi la le yewoƒe aɖaka me, eye wobi ɖe dɔwɔnu siawo zazã me. Biblia dea dzi ƒo na Kristotɔwo katã be woawɔ geɖe le subɔsubɔdɔa me, eye woanye ‘dɔwɔla siwo ƒe dɔ mekpea ŋu na wo le mɔ aɖeke nu o.’ (2 Tim. 2:15) Nu kae nye míaƒe dɔwɔnu vevitɔ? Eyae nye Mawu ƒe Nya la, si nye dɔwɔnu vevitɔ si míezãna tsɔ wɔa “nusrɔ̃lawo.” (Mat. 28:19, 20) Eya ta ele be míadze agbagba abi ɖe dɔwɔnu sia zazã me ale be míate ŋu awɔ “nyateƒenya la ŋu dɔ pɛpɛpɛ.” Azɔ hã, dɔwɔnu bubuwo le mía si siwo míezãna edziedzi, eye ele be Kristotɔwo katã nabi ɖe ale si woazã wo atsɔ afia nyateƒea amewoe me.—Lod. 22:29.
2. Nu kawoe nye míaƒe dɔwɔnu vevitɔ aɖewo?
2 Míaƒe Dɔwɔnu Vevitɔwo: Dɔwɔnu kawo hãe wòle be míazã kpe ɖe Biblia ŋu? Dɔwɔnu si koŋ míezãna tsɔ fiaa Biblia me nyateƒea amewoe nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? Ne míesrɔ̃ agbalẽ sia kple nusrɔ̃vi aɖe vɔ la, míezãna “Midzra Mia Ðokui Ðo Ðe Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me” tsɔ fiaa nusrɔ̃via ale si wòawɔ ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi gbe sia gbe le eƒe agbe me lae. Eya ta ele be míabi ɖe agbalẽ eve siawo zazã me. Ele be agbalẽ gbadza aɖewo hã nanɔ míaƒe dɔwɔnuawo dome. Dɔwɔnu vevi mawo dometɔ ɖeka si míezãna tsɔ dzea Biblia nusɔsrɔ̃ gɔmee nye Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ! Ne ame siwo metea ŋu xlẽa nu nyuie o alo ame siwo doa gbe siwo me míaƒe agbalẽ ʋɛ aɖewo ko le alo ɖeke kura mele o le míaƒe anyigbamamaa me la, ekema míate ŋu azã agbalẽ gbadza siwo nye Ðo To Mawu alo Ðo To Mawu Ne Nànɔ Agbe Tegbee. Agbalẽ gbadza si nye Ame Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea? hã akpe ɖe mía ŋu míahe nusrɔ̃viwo ƒe susu ava habɔbɔa dzi. Ele be míabi ɖe video siwo kpena ɖe mía ŋu míewɔa nusrɔ̃lawo la hã zazã me. Esiawo dometɔ aɖewoe nye Nu Ka Tae Wònyo Be Nàsrɔ̃ Biblia?, Nu Kawoe Yia Edzi Le Fiaɖuƒe Akpata Me? kple Ðe Ŋkɔ Le Mawu Sia?
3. Nu kae Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ siwo ava emegbe la akpe ɖe mía ŋu míawɔ?
3 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ siwo ava emegbe la akpe ɖe mía ŋu míabi le dɔwɔnu veviawo zazã me. Ne míedze agbagba zãa dɔwɔnu siawo nyuie la, ke míele wɔwɔm ɖe aɖaŋuɖoɖo sia si tso Biblia me la dzi. Egblɔ be: “Kpɔ ɖokuiwò kple wò nufiafia dzi nyuie ɣeawokatãɣi. Do vevie nu le nu siawo me, elabena ne èwɔ esia la, àxɔ ɖokuiwò kple ame siwo ɖoa to wò la siaa ɖe agbe.”—1 Tim. 4:16.