INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb18 July axa 4
  • Samariatɔ Havilɔ̃laa Ƒe Lododoa

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Samariatɔ Havilɔ̃laa Ƒe Lododoa
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2018
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Kae Wòfia Be Ame Nanye Havi Nyui Abe “Samariatɔ Havilɔ̃la” Ene?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Kpe Asi Ðe Kristo Nɔviwo Ŋu Nuteƒewɔwɔtɔe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Samariatɔ Aɖe Nye Havi Nyui
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Srɔ̃ Nu Tso Talentowo Ŋuti Lododoa Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2018
mwb18 July axa 4
Samariatɔ havilɔ̃laa le abi blam na Yudatɔ si ŋu wode abii la

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | LUKA 10-11

Samariatɔ Havilɔ̃laa Ƒe Lododoa

10:25-37

Yesu do lo sia esi wònɔ biabia si nye: “Ame ka tututue nye hanyevi?” la ŋu ɖom. (Lk 10:25-29) Enya be ame siwo ava nɔ Kristo hamea me la anye “ame ƒomeviwo katã” siwo dometɔ aɖewo anye Samariatɔwo kple dukɔ bubu me tɔwo. (Yh 12:32) Lododo sia kpe ɖe eyomedzelawo ŋu wose egɔme be, ele be yewoadze agbagba alɔ̃ ame bubuwo, ame siwo ƒe nuwɔnawo to vovo kura na yewo tɔwo gɔ̃ hã.

Ame siwo tso dukɔ vovovowo me la le nu ɖum ɖekae

BIA ÐOKUIWÒ BE:

  • ‘Aleke mesena le ɖokuinye me tso nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo tso to alo nuto bubuwo me la ŋu?’

  • ‘Ame siwo ƒe dekɔnuwo sɔ kple tɔnye koe medea ha kplii ɣesiaɣia?’

  • ‘Ðe mate ŋu aʋu nye dzi me gbadzaa be magadze si Kristotɔ siwo tso nuto bubuwo me la ɖe edzi geɖe wua?’ (2Ko 6:13)

Ame kae madi be makpe . . .

  • ne míayi gbeadzi ɖekae?

  • ne wòava nye aƒe me ne míaɖu nu?

  • ne wòawɔ ɖeka kple nye ƒomea le Ƒometadedeagu si míagawɔ me?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe