KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ
Anyigba La Ke Nu “No Tsi” La
Le ŋutinya me nudzɔdzɔ vovovowo me la, dziɖuɖumegãwo xɔ na Yehowa ƒe amewo. (Ezr 6:1-12; Es 8:10-13) Le míaƒe ɣeyiɣiawo me gɔ̃ hã la, míekpɔe be “anyigba” la, si nye nuɖoanyi sia me ŋusẽtɔ siwo sea nu gɔme la, no yometiti ƒe “tsi” si “ʋɔ driba” si nye Satana Abosam tu la. (Nyɖ 12:16) Ɣeaɖewoɣia, Yehowa, “Mawu si xɔna na ame” la, ate ŋu ana amegbetɔ dziɖulawo nana gbɔdzɔe eƒe amewo.—Ps 68:20; Lod 21:1.
Ke ne edzɔ be èle gaxɔ me fifia le wò dzixɔse ta ya ɖe? Mègasusui gbeɖe be Yehowa gble ye ɖi o. (1Mo 39:21-23; Ps 105:17-20) Ka ɖe edzi be woaɖo wò xɔse teƒe na wò, eye wò nuteƒewɔwɔa doa ŋusẽ nɔviwo le xexea me godoo.—Flp 1:12-14; Nyɖ 2:10.
MIKPƆ VIDEO SI NYE WOÐE ASI LE KOREA NƆVI SIWO WOLÉ DE GA ŊU, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:
Nu ka tae wolé nɔvi akpe geɖe de gaxɔ me le South Korea le ƒe siwo va yi me?
Afia kae ʋɔnudrɔ̃ƒea tso si na woɖe asi le mía nɔvi aɖewo ŋu do ŋgɔ na ƒe si woka na wo?
Kpekpeɖeŋu kae míate ŋu ana mía nɔvi siwo le gaxɔ me le xexea me godoo le woƒe xɔse ta?
Aleke wòle be míazã ablɔɖe si le mía si fifiae?
Ame ka koŋ gbɔe míaƒe dziɖuɖu le ʋɔnudrɔ̃nyawo me tso?
Aleke mele nye ablɔɖea zãmee?