INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb20 February axa 3
  • Nu Kae Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Míaƒe Hakpakpawo Me?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Kae Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Míaƒe Hakpakpawo Me?
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2020
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dzi Ha Nàkafu Yehowa Dzidzɔtɔe
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2018
  • Fiaɖuƒehawo Doa Ŋusẽ Ame
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2017
  • Te Esia Kpɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
  • Ha Yeye Siwo Míazã Le Tadedeagu Me!
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2020
mwb20 February axa 3
Nɔvi aɖewo le dzita ƒom eye wole ha dzim le xexe le vivi sem nɛ.

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Nu Kae Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Míaƒe Hakpakpawo Me?

Hakpakpawo dometɔ kawoe dzɔa dzi na wò wu? Eye nu ka tae? Mèkpɔe be nu siwo dzɔna gbe sia gbe kloe ye le videoawo me oa? Esi haawo me nyawo kple ale si woƒo woe meto mɔ ɖeka o ta la, ame sia ame akpɔ etɔ le eme. Ke hã, menye modzakaɖenu koe hakpakpawo kple hadzidzi ƒe videoawo nye o.

Nufiamewo le hakpakpa ɖe sia ɖe me, si aɖe vi na mí Kristotɔwo le agbenɔnɔ kple subɔsubɔdɔa siaa me. Ha aɖewo kuna ɖe amedzrowɔwɔ, ɖekawɔwɔ, xɔlɔ̃wo, dzideƒo, lɔlɔ̃ alo xɔse ŋu. Bubuwo kuna ɖe ale si míatrɔ ava Yehowa gbɔ, alɔ̃ tsɔtsɔke, awɔ nuteƒe gbe sia gbe kple ale si míati gbɔgbɔmetaɖodzinuwo yome la ŋu. Hakpakpa aɖe gɔ̃ hã ku ɖe ale si míaɖɔ ŋu ɖo le asitelefon zazã ŋu. Nufiame vevi bubu kawo ŋue nèke ɖo le hakpakpaawo me?

MIKPƆ HAKPAKPAWO ƑE VIDEO SI NYE ESIAE MÍENƆ MƆ KPƆM NA, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Yayra siwo ava le etsɔme kawo ŋue srɔ̃tɔ tsitsiawo nɔ ŋugble dem le?—1Mo 12:3

  • Nu kae míawɔ atsɔ ado ŋusẽ ale si míexɔ Yehowa dzi se be awɔ ɖe eƒe ŋugbedodowo dzi?

  • Nudzɔdzɔ dodzidzɔname ka mee míele mɔ kpɔm be míaxɔ amewo atuu le?

  • Mɔ ka nue Fiaɖuƒe mɔkpɔkpɔa kpena ɖe mía ŋu míedoa dzi le xaxa siwo me tom míele egbea me le?—Ro 8:25

MITE ESIA KPƆ LE ƑOMETADEDEAGU ME

Mikpɔ hadzidzi ƒe video siawo, eyome miaɖo nyabiase eve siawo ŋu: Nufiame vevi kawoe le videoa me? Aleke mate ŋu awɔ wo ŋu dɔ le agbe me?

  • Mègavɔ̃ O

  • Míatsɔ Ake Mía Nɔewo

  • “Minɔ Amedzrowɔwɔ Dzi”

  • Trɔ Ðe Eŋu

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe