NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | 1 MOSE 44-45
Yosef Tsɔe Ke Nɔviawo
Ate ŋu asesẽ be míatsɔ ake, vevietɔ ne amea ɖoe koŋ hafi wɔ nua ɖe mía ŋu. Nu kae kpe ɖe Yosef ŋu wòtsɔe ke nɔviawo togbɔ be wowɔ vɔ̃ ɖe eŋu hã?
Yosef meɖoe be yeawɔ wɔɖenui o, ke boŋ edi be yeakpɔe ɖa be wotrɔ hã, ne yeatsɔe ake wo.—Ps 86:5; Lk 17:3, 4
Melé dziku ɖe dɔ me o, ke boŋ esrɔ̃ Yehowa, ame si tsɔna kena faa.—Mik 7:18, 19
Aleke mate ŋu asrɔ̃ Yehowa, ame si tsɔna kena faa?