KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ
Aleke Míate Ŋu Asrɔ̃ Dzinɔameƒo Tso Nuwɔwɔwo Gbɔ?
Yehowa toa ŋutsu kple nyɔnu siwo ƒe ŋutinyawo le Biblia me dzi fiaa ale si míaɖe eƒe nɔnɔmewo afia la mí. Ke hã, míagate ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖewo le eƒe nuwɔwɔwo gbɔ. (Hio 12:7, 8) Aleke míate ŋu asrɔ̃ dzinɔameƒo tso dzata, sɔ, adzɔkɔe, aɖitsi, kple atiglinyi gbɔe?
MIKPƆ VIDEO SI NYE SRƆ̃ DZINƆAMEƑO TSO NUWƆWƆWO GBƆ, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:
Aleke dzatanɔwo ɖea dzinɔameƒo fiana ne wole wo vi suewo ta kpɔm?
Aleke wonaa hehe sɔwo be dzi nanɔ wo ƒo le aʋagbedzi?
Nu ka tae adzɔkɔewo mevɔ̃na na da vɔ̃ɖiwo o?
Aleke aɖitsi suewo ɖea dzinɔameƒo fianae?
Aleke atiglinyiwo kpɔa atiglinyi bubu siwo le woƒe haa me la ta dzinɔameƒotɔe?
Aleke nàte ŋu asrɔ̃ dzinɔameƒo tso lã siawo gbɔ?