KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ
Àte Ŋu Awɔ Mɔɖeɖedɔa Atsɔ Akafu Yehowa
Yehowa wɔ nu gã aɖewo na Israel-viwo siwo tae wòle be woakafui. Eɖe wo do goe tso Egipte eye wòxɔ na wo le Farao ƒe aʋakɔa si me! (2Mo 15:1, 2) Yehowa yi edzi le nu nyuiwo wɔm na eƒe amewo. Nu kae míate ŋu awɔ atsɔ ada akpe nɛ?—Ps 116:12.
Ðekae nye be míawɔ kpekpeɖeŋu alo gbesiagbe mɔɖeɖedɔa. Míate ŋu ado gbe ɖa na Yehowa abiae be wòana didia kple ŋusẽa mí be míawɔ mɔɖeɖedɔa. (Flp 2:13) Ame geɖe tea kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa kpɔ gbã. Àte ŋu atiae be yeawɔ gaƒoƒo 30 alo 50 le ɣleti siwo nye March kple April me alo ne nutome sue dzikpɔla le mia gbɔ. Ne èɖɔe kpɔ eye nèkpɔ dzidzɔ si le kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa me vɔ la, ɖewohĩ àdi be yeakekee ɖe enu awɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa. Ame siwo wɔa dɔ kwasiɖa bliboa kple ame siwo lãmesẽnyawo ɖea fu na gɔ̃ hã te ŋu wɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa. (mwb16.07 8) Ðikeke mele eme o be, Yehowa dze na míaƒe kafukafu ɖe sia ɖe!—1Kr 16:25.
MIKPƆ VIDEO SI NYE DADAVI ETƆ̃ SIWO LE MONGOLIA, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:
Kuxi kawo dzie dadavi etɔ̃awo ɖu hafi zu mɔɖelawo?
Yayra kawoe wokpɔ?
Esi wonɔ mɔɖeɖedɔa wɔm taa, subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ bubu kawoe su wo si?
Ŋusẽ kae woƒe kpɔɖeŋua kpɔ ɖe ame bubuwo dzi?