INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb20 December axa 7
  • Àdi Be Yeade Fiaɖuƒe Nyanyuigblɔlawo Ƒe Sukua?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Àdi Be Yeade Fiaɖuƒe Nyanyuigblɔlawo Ƒe Sukua?
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2020
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Hehenana Fiaɖuƒea Ƒe Subɔlawo
    Mawu Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum!
  • Ðo Taɖodzinuwo Le Subɔsubɔƒe Yeyea Me—De Fiaɖuƒe Nyanyuigblɔlawo Ƒe Sukua
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2022
  • Suku aɖe si Delawo Nyea Viɖenu na Amewo le Xexeame Katã
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Suku kae míeɖo be míatsɔ ana hehe mɔɖelawo?
    Ame Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea?
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2020
mwb20 December axa 7
Nɔvi geɖe siwo le Fiaɖuƒe Nyanyuigblɔlawo Ƒe Sukua dem.

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Àdi Be Yeade Fiaɖuƒe Nyanyuigblɔlawo Ƒe Sukua?

Ðe nèxɔ tso ƒe 23 va ɖo 65 eye nèle ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔma? Ðe nèle lãmesẽ me eye didia le mewò be yeasubɔ le afi si hiahiã geɖe wu lea? Ne èɖo biabia siawo ŋu be ɛ̃ la, ke ɖe nèbu Fiaɖuƒe Nyanyuigblɔlawo Ƒe Sukua dede ŋu kpɔa? Tso esime wodze suku sia gɔme la, atsu kple asiwo, kpakple nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu tre akpe geɖewo de. Ke hã, míegahiã nɔviŋutsu tre geɖe be woade. Bia Yehowa be wòana didi si le mewò be yeawɔ eƒe lɔlɔ̃nu la nadzi ɖe edzi eye wòakpe ɖe ŋuwò nàsrɔ̃ Via. (Ps 40:8; Mt 20:28; Heb 10:7) Emegbe bu ale si nàɖe wò dɔ alo agbanɔamedzi bubuwo dzi kpɔtɔ be nàte ŋu ade sukua ŋu.

Subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ kawoe le ʋuʋu ɖi na ame siwo xɔ hehe le suku sia? Woɖoa wo dometɔ aɖewo ɖe nuto siwo me wodoa gbe bubuwo le me alo be woava wɔ dutoƒoɖaseɖiɖidɔ tɔxɛwo le du gãwo me. Wo dometɔ aɖewo va nyea nutome sue dzikpɔla teƒenɔlawo, nutome sue dzikpɔlawo, alo dutanyanyuigblɔlawo. Esi nèle nu siwo nàte ŋu awɔ le Yehowa subɔsubɔ me ŋu bum la, neva eme be nàgblɔ abe nyagblɔɖila Yesaya ene be: “Nyee nye esi! Dɔm!”—Yes 6:8.

MIKPƆ VIDEO SI NYE DUTANYANYUIGBLƆLAWO LE GEÐE WƆM LE NUŊEŊEDƆA ME, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Video si nye ‘Dutanyanyuigblɔlawo Le Geɖe Wɔm Le Nuŋeŋedɔa Me’ ƒe akpa aɖewo. Atsu kple asi aɖe siwo nye dutanyanyuigblɔlawo la le zɔzɔm le ablɔ aɖe dzi le gbeadzi.

    Aleke wowɔna ɖoa dutanyanyuigblɔlawo?

  • Video si nye ‘Dutanyanyuigblɔlawo Le Geɖe Wɔm Le Nuŋeŋedɔa Me’ ƒe akpa aɖewo. Dutanyanyuigblɔla aɖe kple nɔvinyɔnu bubu aɖe le Biblia srɔ̃m kple nyɔnu aɖe.

    Dɔ nyui kawo wɔm dutanyanyuigblɔlawo le?

  • Video si nye ‘Dutanyanyuigblɔlawo Le Geɖe Wɔm Le Nuŋeŋedɔa Me’ ƒe akpa aɖewo. Nɔviŋutsu dutanyanyuigblɔla aɖe si le subɔsubɔm le tokunɔgbe hame aɖe me la le ale si woakpe subɔsubɔdɔ tɔxɛ ƒe agbalẽvi aɖe ɖo la me ɖem na nɔviŋutsu bubu.

    Yayra siwo dutanyanyuigblɔlawo kpɔna dometɔ aɖewo ɖe?

Ne èdi be yeanya nu geɖe wu tso Fiaɖuƒe Nyanyuigblɔlawo Ƒe Sukua ŋua, yi jw.org ƒe akpa si nye Agbalẽwo Kple Nu Bubuwo eye nàʋu “Videowo.” Emegbe yi MÍAƑE DƆWƆNAWO > TEOKRASISUKUWO KPLE HEHENANA. Kpɔ video siwo nye Sukuxɔwo Le Congo kple Yehowa Ƒe Nufiafiawo Wɔ Mí Kesinɔtɔwoe.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe