NA WÒ SUBƆSUBƆDƆA NANYO ÐE EDZI | KPƆ DZIDZƆ GEÐE LE WÒ SUBƆSUBƆDƆA ME
Na Gbeƒãɖela Bubuwo Nakpe Ðe Ŋuwò
Yehowa na mía nɔviwo ƒe ‘habɔbɔ bliboa’ mí be woakpe ɖe mía ŋu. (1Pe 5:9) Woate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe kuxi siwo míedoa goe le subɔsubɔdɔa me nu dzidzedzetɔe. Le kpɔɖeŋu me, Akwila kple Priskila, Sila, Timoteo, kple ame bubuwo kpe ɖe apostolo Paulo ŋu.—Dw 18:1-5.
Aleke gbeƒãɖela bubuwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le gbeadzi? Woate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànya ale si nàɖo dzeɖonyanutsinyawo ŋu, ale si nàwɔ tɔtrɔyiwo, ale si nàdo Biblia sɔsrɔ̃ ɖe amewo gbɔ, kple ale si nàsrɔ̃ Biblia kple amewo. Lé ŋku ɖe miaƒe hamea me nàkpɔe ɖa be ame kae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò hã, eye nàte ɖe eŋu abiae kpekpeɖeŋu. Esia aɖe vi na mi ame evea siaa, eye wòana miakpɔ dzidzɔ.—Flp 1:25.
MIKPƆ WƆWƆFIA ƑE VIDEO SI NYE KPƆ DZIDZƆ LE NUSRƆ̃LAWƆWƆDƆA ME—WƆ NU SIWO YEHOWA NA MÍ LA ŊU DƆ—MÍA NƆVIWO, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:
Nu kawoe Rut wɔ tsɔ de dzi ƒo na Dzidzɔ be wòade kpekpea?
Nu ka tae wòle be míana gbeƒãɖela bubuwo nayi kpli mí ne míeyina Biblia srɔ̃ ge kple ame aɖe?
Hame bliboae kpea asi ɖe eŋu be ame aɖe nava zu nusrɔ̃la
Nu ka tae wònyo ŋutɔ be Rut kplɔ Abigail yi Dzidzɔ gbɔ?
Nu kawoe nàte ŋu asrɔ̃ tso gbeƒãɖela bubuwo gbɔ be nàbi ɖe subɔsubɔdɔa me?