INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb22 January axa 9
  • Kpe Ðe Biblia Nusrɔ̃viwo Ŋu Woade Kpekpeawo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpe Ðe Biblia Nusrɔ̃viwo Ŋu Woade Kpekpeawo
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2022
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Aleke Yehowa Ðasefowo Ƒe Kpekpewo Dede Ate Ŋu Aɖe Vi Na Wò?
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Kpe Ðe Biblia Nusrɔ̃viwo Ŋu Woana Ƒomedodo Kplikplikpli Nanɔ Wo Kple Yehowa Dome
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2022
  • Kpe Ðe Biblia Nusrɔ̃viwo Ŋu Woatsri Hadede Vɔ̃wo
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2022
  • Kpe Ðe Wò Biblia Nusrɔ̃viwo Ŋu Woaɖu Numame Gbegblẽwo Dzi
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2022
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2022
mwb22 January axa 9

NA WÒ SUBƆSUBƆDƆA NANYO ÐE EDZI | KPƆ DZIDZƆ GEÐE LE WÒ SUBƆSUBƆDƆA ME

Kpe Ðe Biblia Nusrɔ̃viwo Ŋu Woade Kpekpeawo

Hamea ƒe kpekpewo nye tadedeagu dzadzɛa ƒe akpa vevi aɖe. (Ps 22:22) Yehowa yraa mí ne míekpe ɖekae be míasubɔe, eye dzi dzɔa mí. (Ps 65:4) Zi geɖea, Biblia nusrɔ̃vi siwo dea kpekpeawo edziedzia xɔa nyateƒea kaba.

Aleke nàwɔ akpe ɖe wò Biblia nusrɔ̃viwo ŋu be woade kpekpeawo? Nɔ wo kpem na kpekpeawo. Ðe video si nye Nu Kawoe Yia Edzi Le Fiaɖuƒe Akpata Me? na wo. Gblɔ viɖe siwo míekpɔna ne míede kpekpeawoa na wo. (lff nusɔsrɔ̃ 10) Àte ŋu agblɔ nu vevi aɖe si nèsrɔ̃ le kpekpe aɖe me alo nane si míasrɔ̃ le kpekpe si gbɔna mea na wo. Tsɔ agbalẽ siwo míazã le kpekpeawo mea na wò nusrɔ̃viawo. Anyo be nàna kpekpeɖeŋu wo hã. Ðewohĩ ahiã be nàɖo ʋu na wo. Ne wò nusrɔ̃via de kpekpea zi gbãtɔa, àkpɔe be agbagba ɖe sia ɖe si nèdze tsɔ kpe ɖe eŋua mezu dzodzro o.—1Ko 14:24, 25.

MIKPƆ WƆWƆFIA ƑE VIDEO SI NYE KPE ÐE WÒ BIBLIA NUSRƆ̃VIWO ŊU WOADE KPEKPEAWO, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Fotoa tso video sia me: “Kpe Ðe Wò Biblia Nusrɔ̃viwo Ŋu Woade Kpekpeawo.” Rut le Dzidzɔ kpem na hame ƒe kpekpe aɖe.

    Mɔnukpɔkpɔ ka ŋu dɔe Rut wɔ tsɔ kpe Dzidzɔ na hame ƒe kpekpe aɖe?

  • Fotoa tso video sia me: “Kpe Ðe Wò Biblia Nusrɔ̃viwo Ŋu Woade Kpekpeawo.” Rut le alɔgbɔnu kom esi Dzidzɔ va nɔ anyi ɖe egbɔ le hame ƒe kpekpe aɖe me.

    Nu ka tae dzi dzɔa mí ne Biblia nusrɔ̃vi aɖe dena kpekpeawo?

  • Fotoa tso video sia me: “Kpe Ðe Wò Biblia Nusrɔ̃viwo Ŋu Woade Kpekpeawo.” Nɔvinyɔnuwo le gbe dom na Dzidzɔ vividoɖeameŋutɔe le hame ƒe kpekpe aɖe megbe.

    “Mawu le mia dome vavã”

    Aleke Dzidzɔ se le eɖokui me esi wòde kpekpea zi gbãtɔ?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe