INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb22 January axa 11
  • Sɔhɛwo—Migblɔ Miaƒe Dzimenyawo Na Mia Dzilawo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Sɔhɛwo—Migblɔ Miaƒe Dzimenyawo Na Mia Dzilawo
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2022
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Bu Fofowò Kple Dawò”
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2018
  • Àte Ŋu Ana Dzidzɔ Nanɔ Wò Ƒomea Me
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2023
  • Dzilawo—Mikpe Ðe Mia Viwo Ŋu Woalɔ̃ Yehowa
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Nu Kae Ana Dzidzɔ Nanɔ Wò Ƒomea Me?—Akpa 2 Lia
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2022
mwb22 January axa 11

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Sɔhɛwo—Migblɔ Miaƒe Dzimenyawo Na Mia Dzilawo

Nu ka tae wòle be nàɖe wò susuwo agblɔ na dziwòlawo? (Lod 23:26) Elabe Yehowa de dɔ asi na wo be woalé be na wò eye woafia nu wò. (Ps 127:3, 4) Ne mègblɔa wò kuxiwo na wo oa, asesẽ na wo be woakpe ɖe ŋuwò. Azɔ hã, nuteƒekpɔkpɔ siwo su wo si, siwo ate ŋu aɖe vi na wòa, ato ŋuwò. Ke ɖe wòhiã be nàgblɔ nya sia nya na woa? Mehiã kokoko o—gake kpɔ nyuie be nàgada alakpa na dziwòlawo o.—Lod 3:32.

Aleke nàwɔ aɖo dze kple dziwòlawo? Dze agbagba nàdi ɣeyiɣi si asɔ na mi katã. Ne esia wɔwɔ asesẽa, ke àte ŋu aŋlɔ lɛta na wo dometɔ ɖeka agblɔ wò dzimenyawo nɛ. Ke ne wodi be yewoaƒo nu tso nya aɖe ŋu, evɔ wò ya màdi be yeaɖo dze tso eŋu o ɖe? Ðo ŋku edzi be wodi vevie be yewoakpe ɖe ŋuwò. Mègabu dziwòlawo be wonye wò futɔwo o, xɔwòwoe wonye. Agbagba siwo nàdze be nàɖo dze kple dziwòlawo tso dzi mea, aɖe vi na wò le wò agbe me katã!—Lod 4:10-12.

MIKPƆ VIDEO SI NYE LE NYE ƑEWUIWO ME—ALEKE MAWƆ AÐO DZE KPLE DZINYELAWO? EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Fotoa tso video sia me: “Le Nye Ƒewuiwo Me—Aleke Mawɔ Aɖo Dze Kple Dzinyelawo?” Ðetugbui aɖe de hasemɔ̃ to eye wòle kɔmpiuta zãm, elabe medi be yease nya si gblɔm nɔa le o.

    Nu kae Esther kple Partik va de dzesi le wo ɖokuiwo ŋu?

  • Fotoa tso video sia me: “Le Nye Ƒewuiwo Me—Aleke Mawɔ Aɖo Dze Kple Dzinyelawo?” Ðetugbui aɖe le dze ɖom kple nɔa eye wòtsɔ nane le efiam le eƒe asitelefon dzi.

    Nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso kpɔɖeŋu si Yesu ɖoa me?

  • Fotoa tso video sia me: “Le Nye Ƒewuiwo Me—Aleke Mawɔ Aɖo Dze Kple Dzinyelawo?” Nyɔnu aɖe di ɣeyiɣi le fefem kple viaŋutsuvi sue togbɔ be ewɔa aƒemedɔ geɖe hã.

    Aleke dziwòlawo ɖee fia be yewotsɔ ɖe le eme na wò?

  • Fotoa tso video sia me: “Le Nye Ƒewuiwo Me—Aleke Mawɔ Aɖo Dze Kple Dzinyelawo?” Bɔlƒoƒofiala aɖe le aɖaŋu siwo ŋu dɔ eƒe bɔlƒoviwo awɔ le bɔlƒoƒo ƒe wɔna aɖe mea tam ɖe agbalẽ dzi na wo.

    Dziwòlawo di be agbea nadze edzi na wò

    Biblia me gɔmeɖose kawoe ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàɖo dze kple dziwòlawo?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe