INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb22 September axa 13
  • “Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!” Ƒe Akpa Vevi Aɖewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!” Ƒe Akpa Vevi Aɖewo
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2022
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Zã Videowo Nàtsɔ Afia Nu Wò Biblia Nusrɔ̃viwo
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2019
  • Gbetakpɔxɔ Ƒe Tata Si Míasrɔ̃
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Ðe Nèzãa Mɔ̃ɖaŋunuwo Nyuiea?
    Nyɔ!—2015
  • Ɛ̃, Tata Si Míesrɔ̃na La Tututue Nye Esia!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2022
mwb22 September axa 13

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! Ƒe Akpa Vevi Aɖewo

Ðe video kple nyabiase siwo le Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! gbalẽa me zazã le nuwo vivima? Ke eƒe akpa siwo nye “Ame Aɖewo Gblɔna Be,” “Anyo Be Nàwɔ Esia,” kple “Ku Nu Me Tso Nyatia Ŋu” hã ɖe? Eƒe akpa bubu kawo hãe ate ŋu akpe ɖe ŋuwò ne èle nu srɔ̃m kple amewo?—Mt 28:19, 20.

Woʋu “Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!” gbalẽa le “JW Library” dɔwɔnua dzi. Wotɔ asi “Akpa Gbãtɔ Ƒe Videowo Kple Nyatiwo” dzi.

Videowo Kple Nyatiwo: Ne èdi be yeazã agbalẽa ƒe tatatɔ atsɔ asrɔ̃ nu kple ame aɖea, aleke nàwɔ ake ɖe videoawo katã kple nyati bubuawo ŋu bɔbɔe? Le agbalẽa ƒe mɔ̃ dzi tɔ mea, te asi ɖe akpa ene siwo koŋ me woma agbalẽ bliboa ɖoa dometɔ ɖeka dzi. Le nusɔsrɔ̃ vovovoawo ƒe tanyawo gɔmea, àkpɔ video kple nyati siwo katã ku ɖe akpa ma ŋu. (Kpɔ foto 1.)

“Tatatɔ” tiaƒe: Ne èle agbalẽa ƒe mɔ̃ dzi tɔ zãm tsɔ le nu srɔ̃m kple ame aɖea, ate ŋu aɖe vi na wò ne èʋu “Tatatɔ” hã le mɔ̃a dzi le nusɔsrɔ̃a ƒe akpa aɖewo. Be nàke ɖe eŋu le nusɔsrɔ̃ si me miele mea, te asi ɖe tɔtɔdzesi etɔ̃ si le etamea dzi eye nàtia “Tatatɔ.” Ale si wòaʋua akpe ɖe ŋuwò be nu siwo me dzrom miele kple ale si wode nu nusɔsrɔ̃ bliboa ƒe tanya mea nanɔ susu me na wò. Ne èdi be yeatrɔ ava mɔ̃ dzi tɔ mea, gate asi ɖe tɔtɔdzesi etɔ̃a dzi ake eye nàtia “Mɔ̃ Dzi Tɔ.”

Woʋu “Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!” gbalẽa le “JW Library” dɔwɔnua dzi. Wotɔ asi “Ðe Mesu Tea?” kple “Dzesidenyawo” dzi.

“Ðe Mesu Tea?”: Aɖaka siawo siwo le agbalẽa ƒe nuwuƒe godzia gblɔ nu siwo ana nàdze awɔ ɖeka kple hamea aɖe gbeƒã kple nu siwo ana nàdze axɔ nyɔnyrɔ. (Kpɔ foto 2.)

Dzesidenyawo: Dzesidenyawo ɖe nyati vevi aɖewo koŋ me. Le agbalẽa ƒe mɔ̃ dzi tɔ mea, teƒe li nàte asi ɖo le dzesidenya ɖe sia ɖe ƒe nuwuwu be nàtrɔ ayi afi si nèɖo le nusɔsrɔ̃a me hafi ʋu dzesidenyaa. (Kpɔ foto 2.)

Dze agbagba nàwu Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! gbalẽa sɔsrɔ̃ nu kple Biblia nusrɔ̃vi siwo le ŋgɔyiyi wɔm, ne woxɔ nyɔnyrɔ vɔ gɔ̃ hã. Ne nusrɔ̃via xɔ nyɔnyrɔ vɔ hãa, àte ŋu ayi edzi abu gaƒoƒoa kple tɔtrɔyiwo ne èsrɔ̃ nu kplii. Ne gbeƒãɖela aɖe kpe ɖe ŋuwò le nusɔsrɔ̃a mea, eya hã ate ŋu abu gaƒoƒoa

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe