INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w12 1/15 axa 3
  • Ɛ̃, Tata Si Míesrɔ̃na La Tututue Nye Esia!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ɛ̃, Tata Si Míesrɔ̃na La Tututue Nye Esia!
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Gbetakpɔxɔ Ƒe Tata Si Míasrɔ̃
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Tɔtrɔ Lédziname Siwo Wowɔ Le Gbetakpɔxɔ Ŋu!
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
  • Gbetakpɔxɔ Yevugbe Me Tɔ Si Gɔme Sese Le Bɔbɔe Wu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Eŋlisigbe Me Gbetakpɔxɔ Ƒe Tata Si Gɔme Sese Le Bɔbɔe Wu La Aɖe Vi Na Wòa?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
w12 1/15 axa 3

Ɛ̃, Tata Si Míesrɔ̃na La Tututue Nye Esia!

Míegbugbɔ trɔ asi le Gbetakpɔxɔ ƒe tata si míesrɔ̃na ŋu be wòaganyo ɖe edzi wu eye wòakpe ɖe ŋuwò ne èle Yehowa ƒe Nyateƒenya xɔasi la srɔ̃m.—Ps. 1:2; 119:97.

Ƒe enee nye esi va yi esi míedze Gbetakpɔxɔ ƒe tata eve tata gɔme; tata ɖeka yi na ame siwo míeɖea gbeƒã na, eye tata evelia yi na mí katã—mí Yehowa Ðasefowo ŋutɔwo kpakple míaƒe Biblia nusrɔ̃vi siwo le ŋgɔyiyi wɔm la siaa.

Nɔviŋutsu aɖe si le Yehowa subɔm ɣeyiɣi didi aɖee nye esia la gblɔ le tata si míesrɔ̃na la ŋu be: “Gbetakpɔxɔ si míesrɔ̃na la ƒe tata gbãtɔa lé dzi nam ale gbegbe, eye emenyawo kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe dzinye. Ale si nyatiawo ƒo nu tso Biblia me nyateƒenya veviwo ŋu tsitotsito la ɖo nye dzi gbɔ tẽe. Akpe na mi kakaka ɖe asitɔtrɔ yeye wɔnuku sia si miewɔ la ta.” Nɔviŋutsu bubu aɖe ŋlɔ be: “Fifia mele mɔ kpɔm be mazã ɣeyiɣi geɖe atsɔ asrɔ̃ Gbetakpɔxɔ ƒe tata si míasrɔ̃ la eye mazã nye Biblia hã.” Míeka ɖe edzi be nenema kee wò hã nèse le ɖokuiwò me.

Abe ale si nènyae ene la, tso keke ƒe 1879 me kee wodze Gbetakpɔxɔ tata gɔme, eye Yehowa ƒe gbɔgbɔa kple eƒe kpekpeɖeŋu me koe dɔ sia te ŋu kpɔ dzidzedze le. (Zax. 4:6) Le ƒe 133 siwo me dɔ sia yi edzi le me la, míewɔ tɔtrɔ geɖewo le magazine sia ƒe ŋgɔgbekpa ŋu. Le ƒe 2012 me la, gbeƒãɖeɖedɔ si wɔm míele la ƒe nɔnɔmetata dzeani aɖe adze le tata si míasrɔ̃ la dometɔ ɖe sia ɖe ƒe ŋgɔgbekpaa dzi, si anɔ ŋku ɖom dɔ si Mawu de asi na mí be míaɖi ɖase tsitotsito tso Yehowa ƒe Fiaɖuƒea ŋu la dzi na mí. (Dɔw. 28:23) Foto si dzi wokpɔ hafi ta esi dze le akpaa dzi la adze le axa 2 lia, eye woaƒo nu tso nu si le edzi yim le fotoa me kple afi si woɖee le ŋu kpuie. Le ƒea me la, foto siawo anɔ ŋku ɖom edzi na mí katã be Yehowa ƒe amewo le gbeƒã ɖem nya nyuia “le anyigba blibo la katã dzi.”—Mat. 24:14.

Asitɔtrɔ bubu kawo hãe wogawɔ le magazine sia ŋu? Woɖe numetotoɖaka la tso nusɔsrɔ̃nyatia ƒe nuwuwu hetsɔe va eƒe gɔmedzedze. Esia ana míanya nu vevi siwo wòle be míadi ne míele nusɔsrɔ̃nyatia xlẽm hele esrɔ̃m. Ke hã ele be Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ dzi kpɔlawo nazã nyabiase siawo atsɔ adzro nusɔsrɔ̃a me le eƒe nuwuwu. Àde dzesii be wokeke axaa ƒe akpa siwo nɔa ƒuƒlu la ɖe edzi vie eye axawo kple memamawo ƒe xexlẽdzesiwo hã gadze nyuie wu.

Abe ale si woɖe eme le ɣleti sia ƒe tata me ene la, wotsɔ nyati yeye aɖe si nye “Nu Nyui Siwo Le Míaƒe Nudzraɖoƒe,” kpe ɖe Gbetakpɔxɔ ƒe tata sia me nyatiwo ŋu be wòakpe ɖe mía ŋu míanya nu tso nu ɖedzesi siwo dzɔ le egbegbe Yehowa Ðasefowo ƒe ŋutinya me ŋu. Woanɔ nuteƒekpɔkpɔ siwo nye nu siwo me amewo to le agbe me hã tam ɖe eme ɣeaɖewoɣi ɖe tanya si nye “Wotsɔ Wo Ðokuiwo Na Faa” la te. Nyati sia aƒo nu tso dzidzɔ kple dzidzeme si nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo kpɔna ne woyi ɖasubɔ le afi si Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo hiã le wu la ŋu na mí.

Neva eme be ɣeyiɣi si nàzã atsɔ asrɔ̃ Mawu ƒe Nya la to magazine sia ƒe kpekpeɖeŋu me la navivi nuwò.

Etalawo

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

1879

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

1895

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

1931

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

1950

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

1974

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

2008

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe