INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb23 July axa 3
  • Nya Nyuia ‘Ta Ʋiʋli Kple Eɖoɖo Anyi Le Se Nu’

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nya Nyuia ‘Ta Ʋiʋli Kple Eɖoɖo Anyi Le Se Nu’
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2023
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nyanyuia Takpɔkpɔ le Se Nu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Wò Nyametsotsowo Neɖee Fia Be Èɖoa Ŋu Ðe Yehowa Ŋu
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2023
  • Di Ŋuɖoɖo Na Nyabiase Siawo
    Ƒe 2025-2026 Nutome Sue Takpekpe Si Woawɔ Kple Nutome Sue Dzikpɔla
  • Nyabiaɖaka
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2023
mwb23 July axa 3
Fotoawo: 1. Gathie kple Marie Barnett. 2. Nɔviŋutsu Kokkinakis kple ame bubuwo le Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒe. 3. Yehowa Ðasefowo le Rostov Ʋɔnudrɔ̃ƒegã le Russia. 4. Nɔviŋutsu aɖewo tɔ ɖe South Koreatɔwo ƒe Dukplɔsetakpɔʋɔnudrɔ̃ƒe.

Fotoawo Tsoƒe: Axa 3: Kokkinakis v. Greece: Droit réservé

Tso miakpa dzi le etame yi ɖusime: West Virginia State Board of Education v. Barnette; Kokkinakis v. Greece; Taganrog LRO and Others v. Russia; Cha and Others v. South Korea

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Nya Nyuia “Ta Ʋiʋli Kple Eɖoɖo Anyi Le Se Nu”

Esi tsitretsiɖeŋulawo dze agbagba be yewoaxe mɔ na Israel-viwo be woagagbugbɔ gbedoxɔa atu oa, Israel-viwo wɔ nu sia nu si woate ŋui ale be woaxɔ mɔɖeɖe le se nu atu xɔa. (Ezr 5:11-16) Nenema kee Kristotɔ siwo li egbea wɔa nu sia nu si woate ŋui ale be woaʋli nya nyuia ta eye woaɖoe anyi le se nu. (Flp 1:7) Eya ta le ƒe 1936 mea, woɖo dɔwɔƒe aɖe ɖe habɔbɔa ƒe dɔwɔƒegã be wòakpɔ senyawo dzi. Egbea, Senyawo Dzikpɔƒe si le habɔbɔa ƒe dɔwɔƒegã ye wɔa ɖoɖo woʋlia Fiaɖuƒea ƒe nuwo ta le xexea me godoo. Aleke dɔwɔƒe sia kpea asi ɖe Fiaɖuƒea ƒe dɔwo ŋu, eye aleke esia ɖe vi na Mawu ƒe amewo?

MIKPƆ VIDEO SI NYE TSAÐIÐI LE SENYAWO DZIKPƆƑE SI LE HABƆBƆA ƑE DƆWƆƑEGÃ, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Senya kawoe wotsɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu?

  • Ʋɔnunya kawo mee míeɖu dzi le? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu

  • Nu kae mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu awɔ atsɔ akpe asi ɖe eŋu be woaʋli nya nyuia ta eye woaɖoe anyi le se nu?

  • Ne míedi be míakpɔ Yehowa Ðasefo siwo wolé de ga le woƒe xɔse ta ƒe ŋkɔwo kple senya siwo ku ɖe Mawu ƒe amewo ŋua, míaƒe nyatakakadzraɖoƒea ƒe akpa kae míakpɔe le?

Ne èle gbeadzi eye setɔwo tsɔ nya ɖe ŋuwò be èle se dzi dama, mègadze agbagba be yeaʋli ye ɖokui ta o. Le ema teƒea, de bubu wo ŋu eye nàdzudzɔ enumake. Ne polis aɖee bia tso asiwò be nàdzudzɔ gbeƒãɖeɖea, kpɔe ɖa be àte ŋu ato aɖaŋumɔ aɖe dzi anya nuto si me wòle dɔ wɔm le kple xexlẽdzesi si le eƒe akɔtagbalẽvia dzi hã. Eyome na hamemetsitsiwo nanya enumake, eye woawo hã woaƒo ka na alɔdzedɔwɔƒea ne woana kpekpeɖeŋu si hiã.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe