Nyabiaɖaka
◼ Ame ka ƒe agbanɔamedzie Fiaɖuƒe Akpataa me dzadzraɖo nye?
Dɔ siwo míewɔna tsɔ dzraa Fiaɖuƒe Akpataa ɖo nye míaƒe subɔsubɔ kɔkɔea ƒe akpa vevi aɖe. Ðoɖo gbalẽa gblɔ le axa 121 be: “Ame siwo le hamea me nabu alɔdodo Fiaɖuƒe Akpata le ga gome mɔnukpɔkpɔe eye woatsɔ wo ɖokui ana faa akpɔ egbɔ be ele dzadzɛ, enya kpɔ, eye woléa be nɛ. Ele be Fiaɖuƒe Akpataa me kple egodo siaa naƒo nu nyui le Yehowa ƒe habɔbɔa ŋu.” Esi míezãa Fiaɖuƒe Akpataa edziedzi kwasiɖa ɖe sia ɖe ta la, ehiã be míanɔ edzram ɖo ahanɔ ɖɔɖɔɖodɔwo wɔm le eŋu edziedzi. (2 Kron. 34:10) Ele be woaklã kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Fiaɖuƒe Akpataa me dzadzraɖo ŋuti ɖoɖowɔɖi ɖe gbeƒãɖeʋuƒoa dzi. Ele be gbeadziyiyi ƒe ƒuƒoƒowo katã nadzra eme ɖo ɖe wo nɔewo yome kwasiɖa siaa kwasiɖa. Le teƒe siwo hame siwo wu ɖekae zãa Fiaɖuƒe Akpataa le la, ele be hamemetsitsiwo nawɔ nu aduadu akpɔ egbɔ be hame ɖe sia ɖe kpɔa gome le Fiaɖuƒe Akpata la dzadzraɖo me kwasiɖa sia kwasiɖa. Mina mí katã míatsɔ dzidzɔ akpe asi ɖe nana be Yehowa ƒe tadeaguƒea nanɔ dzadzɛ ŋu.—1 Pet. 1:16.