INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb23 September axa 13
  • Kpe Ðe Ame Siwo Mexɔ Mawu Dzi Se O Ŋu Be Woava Dze Sii

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpe Ðe Ame Siwo Mexɔ Mawu Dzi Se O Ŋu Be Woava Dze Sii
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2023
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale Si Míawɔ Aɖo Ame Siwo Mele Subɔsubɔha Aɖeke Me O Ƒe Dzi Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
  • Zã Dɔwɔnu Siwo Míetsɔ Fiaa Nui La Aɖaŋutɔe
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2018
  • Fia Nyateƒea Amewo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2018
  • Dzro Kpeɖodziawo Me
    Nyɔ!—2021
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2023
mwb23 September axa 13
Nɔvinyɔnu aɖe le gbeƒã ɖem na nyɔnu aɖe si tso Asia.

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Kpe Ðe Ame Siwo Mexɔ Mawu Dzi Se O Ŋu Be Woava Dze Sii

Ðe nèhena ɖe megbe be yeaɖi ɖase na ame siwo mexɔ Mawu dzi se o le esi nèsusuna be womaɖo to o ta? Ne nenemaea, ɖo ŋku edzi be ame geɖe siwo mexɔ Mawu dzi se tsã oa va zu Yehowa Ðasefowo. Zi geɖea, nu si wohiã koe nye be woakpe ɖe wo ŋu woakpɔ nu siwo ɖo kpe edzi be Mawu li.—Ro 1:20; 10:14.

MIKPƆ VIDEO SI NYE ÐO ŊKU EDZI BE XƆSE ATE ŊU ASU XƆSEMANƆSITƆWO SI! —AME SIWO MESUBƆA MAWU O, EYOME MIAÐO BIABIA SIA ŊU:

Aleke Tommaso ƒe kpɔɖeŋua kpe ɖe ŋuwò be susu nyui nanɔ asiwò nàɖi ɖase na ame siwo mexɔ Mawu dzi se o?

Ale si nàwɔe

Ne ame aɖe gblɔ be yemexɔ Mawu dzi se oa, gbɔ dzi ɖi nàbia nyawoe aɖaŋutɔe be nànya nu si tae wòsusu alo se le eɖokui me nenema. (2Ti 2:24) Dzro nyati siwo nèkpɔ be adzɔ dzi nɛa me kplii. Ne alɔ̃ be nàdzro kpeɖodzi siwo na ame geɖe va xɔe se be Wɔla aɖe li me kpli yea, ke zã agbalẽ kple video siwo ŋu wotrɔ asi le na esia wɔwɔ. Wotsɔ agbalẽ gbadza siwo nye Was Life Created? (La vie a-t-elle été créée ?) kple The Origin of Life—Five Questions Worth Asking (Cinq questions à se poser sur l’origine de la vie) kpe ɖe Dɔwɔnu Siwo Míetsɔ Fiaa Nuia ŋu be míate ŋu ake ɖe wo ŋu bɔbɔe.

Àte ŋu avɔ̃ gbã be yeaɖe gbeƒã na ame aɖe si mexɔ Mawu dzi se o. Ne ewɔna na wò alea, bia kpekpeɖeŋu tso gbeƒãɖela bibi aɖe gbɔ. Ðo ŋku edzi hã be Yehowa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖo ame siwo si dzi nyui lea ƒe dzi gbɔ, ne womexɔe se gbã be eli o gɔ̃ hã.—Dw 13:48.

Agbalẽ gbadza si nye “Ðe Wowɔ Nu Gbagbewoa?”
Agbalẽ gbadza si nye “Ale Si Nu Gbagbewo Wɔ Va Dzɔ—Nyabiase Vevi Atɔ̃ Siwo Ŋu Wòahiã Be Nàbu.”
    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe