INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb23 September axa 15
  • Dzilawo​—Mikpe Ðe Mia Viwo Ŋu Nunya Vavãtɔ Nasu Wo Si

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dzilawo​—Mikpe Ðe Mia Viwo Ŋu Nunya Vavãtɔ Nasu Wo Si
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2023
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Zã Biblia Ƒe Gɔmeɖosewo Nàtsɔ Akpe Ðe Viwòwo Ŋu Woakpɔ Dzidzedze
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2023
  • Wò Nyametsotsowo Neɖee Fia Be Èɖoa Ŋu Ðe Yehowa Ŋu
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2023
  • Kpe Ðe “Ame Siwo Si Dzi Ƒe Nɔnɔme Nyui Le” La Ŋu Kaba
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • Di Ŋuɖoɖo Na Nyabiase Siawo
    Ƒe 2025-2026 Nutome Sue Takpekpe Si Woawɔ Kple Nutome Sue Dzikpɔla
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2023
mwb23 September axa 15
Nɔvinyɔnu aɖe kple viawo le hame ƒe kpekpe me; ele kpekpem ɖe viaŋutsuvi be wòaʋu Biblia, eye vianyɔnuvi do asi ɖe dzi be yeaɖo nya ŋu.

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Dzilawo—Mikpe Ðe Mia Viwo Ŋu Nunya Vavãtɔ Nasu Wo Si

Mɔ nyui aɖe si dzi dzilawo ate ŋu ato akpe ɖe wo viwo ŋu be nunya si tso Mawu gbɔ nasu wo si yenye be woakpe ɖe wo ŋu Kristotɔwo ƒe kpekpewo naɖe vi na wo. Nu siwo ɖeviwo kpɔna alo sena le kpekpeawo me, kple nya si woawo ŋutɔ gblɔna le woƒe nyaŋuɖoɖowo mea, ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu eye woava zu exɔlɔ̃wo. (5Mo 31:​12, 13) Ne ènye dzilaa, aleke nàte ŋu akpe ɖe viwò ŋu be kpekpeawo naɖe vi nɛ?

  • Dze agbagba nànɔ kpekpeawo dem le Fiaɖuƒe Akpata me.—Ps 22:22

  • De ha kple nɔviawo do ŋgɔ na kpekpeawo alo le kpakpa vɔ megbe.—Heb 10:25

  • Kpɔ egbɔ be agbalẽ siwo srɔ̃m míele le kpekpeawo mea le ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe si, eɖanye mɔ̃ dzi tɔ alo tatatɔ o

  • Kpe ɖe viwòa ŋu wòadzra ɖo aɖo nya ŋu le eya ŋutɔ ƒe nyagbewo me.—Mt 21:​15, 16

  • Ƒo nu nyuie tso kpekpeawo kple nu siwo míesrɔ̃na le afi ma ŋu

  • Kpe ɖe viwòwo ŋu woakpe asi ɖe eŋu ne wole Fiaɖuƒe Akpata me dzram ɖo, eye woate ɖe ame tsitsi siwo le hamea me ŋu aɖo dze kple wo

Ebia dɔ geɖe be nàkpe ɖe viwòwo ŋu woate ɖe Yehowa ŋu, eye esia wɔwɔ ate ŋu anye nu sesẽ ɣeaɖewoɣi. Gake ka ɖe edzi be Yehowa akpe ɖe ŋuwò.—Yes 40:29.

MIKPƆ VIDEO SI NYE DZILAWO, MIÐO ŊU ÐE YEHOWA ŊU BE WÒADO ŊUSẼ MI, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Aleke ɖeɖiteameŋu nɔ nu gblẽm le Zack kple Leah ŋu?

  • Nu ka tae wòle be dzilawo naɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be wòado ŋusẽ wo?

  • Aleke Zack kple Leah ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe