NUSƆSRƆ̃NYATI 39
HADZIDZI 54 “Mɔ Lae Nye Esi”
Kpe Ðe “Ame Siwo Si Dzi Ƒe Nɔnɔme Nyui Le” La Ŋu Kaba
“Ame siwo si dzi ƒe nɔnɔme nyui le hena agbe mavɔ kpɔkpɔ la zu xɔsetɔwo.”—DƆW. 13:48.
TAÐODZINUA
Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míakpɔ susu si tae wòle vevie be míasrɔ̃ Biblia kple amewo eye míakpe wo be woade kpekpeawo kpli mí.
1. Ame vovovo kawoe míedoa goe ne míele nya nyuia gblɔm? (Dɔwɔwɔwo 13:47, 48; 16:14, 15)
ESIME Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me ƒo nu tso Yesu ŋu na amewo la, wo dometɔ geɖe kpɔ dzidzɔ ŋutɔ eye wodi vevie be yewoava zu Kristotɔwo enumake. (Xlẽ Dɔwɔwɔwo 13:47, 48; 16:14, 15.) Nenema kee egbea hã la, ame aɖewo kpɔa dzidzɔ ne wose nya nyuia zi gbãtɔ. Etea ŋu dzɔna be ame siwo metsɔa ɖeke le Fiaɖuƒegbedeasia me tsã o la va ʋua woƒe dzi lɔ̃na be yewoasrɔ̃ nu tso Mawu ŋu asubɔe. Nu kae míawɔ ne míeke ɖe “ame siwo si dzi ƒe nɔnɔme nyui le” ŋu le gbeƒãɖeɖedɔa me?
2. Mɔ ka nue míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa le abe agbledede ene le?
2 Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Míate ŋu atsɔ míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa asɔ kple agbledede. Nukuawo dometɔ aɖewo tsina kaba, eya ta agbledela aŋe esiwo tsi la enumake eye wòayi edzi anɔ be lém na bubuawo hã be woatsi nyuie. Nenema kee ne míawo hã míedo go ame aɖe si di be yease míaƒe gbedeasia la, ele be míawɔ kaba akpe ɖe eŋu be wòava zu Kristo ƒe nusrɔ̃la. Eye le ɣeyiɣi ma ke me la, míayi edzi anɔ kpekpem ɖe ame siwo mekpɔ de asixɔxɔ Biblia me nyateƒea ŋu haɖe o hã ŋu. (Yoh. 4:35, 36) Nuŋububu nyui akpe ɖe mía ŋu míanya amewo ƒe nɔnɔme kple ale si míakpe ɖe wo ŋui. Azɔ míadzro nu gbãtɔ si wòle be míawɔ ne míedo go ame siwo tsɔ ɖe le nyaa me la me. Eyome míade dzesi nu siwo míawɔ atsɔ akpe ɖe wo ŋu woayi ŋgɔ ava subɔ Yehowa kpli mí.
ALE SI MÍAKPE ÐE AME SIWO TSƆ ÐE LE NYA NYUIA ME LA ŊU
3. Nu kae míawɔ ne míedo go ame siwo tsɔ ɖe le nya nyuia me? (1 Korintotɔwo 9:26)
3 Ne míeke ɖe ame siwo tsɔ ɖe le nya nyuia me ŋu la, ele be míawɔ kaba akpe ɖe wo ŋu woava agbemɔa dzi. Esia fia be míado Biblia nusɔsrɔ̃ ɖe wo gbɔ enumake, eye míakpe wo ava míaƒe kpekpewo ne míeɖo dze kpli wo zi gbãtɔ.—Xlẽ 1 Korintotɔwo 9:26.
4. Gblɔ nuteƒekpɔkpɔ aɖe si ku ɖe ame aɖe si lɔ̃ faa enumake be woasrɔ̃ Biblia kpli ye la ŋu.
4 Do Biblia nusɔsrɔ̃ ɖe wo gbɔ. Ame siwo míedoa goe la dometɔ aɖewo lɔ̃na enumake be míasrɔ̃ Biblia kpli yewo. Le kpɔɖeŋu me Yawoɖa aɖe gbe la, ɖetugbui aɖe si le Canada te ɖe míaƒe ɖaseɖikekevia ŋu hetsɔ Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! gbalẽ gbadzaa. Nɔvinyɔnu si nɔ ɖaseɖikekevia gbɔ gblɔ nɛ be, míetsɔa agbalẽ ma dzroa Biblia me kple amewo femaxee. Esia do dzidzɔ na ɖetugbuia, eya ta woxɔ wo nɔewo ƒe kaƒodzesi. Gbe ma gbe kee ɖetugbuia ŋlɔ nu ɖo ɖe nɔvinyɔnua biae be, ɣekaɣie yewoadze nusɔsrɔ̃a gɔme hã. Nɔvinyɔnua ɖo eŋu nɛ be yeava le kwasiɖaa ƒe nuwuwu ne yewoadze egɔme. Ðetugbuia trɔ biae be: “Nu ka tae màva etsɔ o? Vovo anɔ ŋunye.” Le ŋkeke si kplɔe ɖo si nye Fiɖagbe la, wodze nusɔsrɔ̃a gɔme. Mese ɖe afi ma o, ɖetugbuia de kpekpea zi gbãtɔ le kwasiɖa ma ƒe nuwuwu eye wòyi edzi le ŋgɔ yim nyuie.
5. Nu kae míawɔ atsɔ ana wòanɔ bɔbɔe na amewo be woalɔ̃ be míasrɔ̃ Biblia kpli yewo? (Kpɔ fotoawo hã.)
5 Míenya be menye ame sia amee awɔ nu abe ɖetugbui sia ene alɔ̃ enumake be woasrɔ̃ Biblia kpli ye o. Axɔ ɣeyiɣi hafi ame aɖewo nalɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli yewo. Le ame siawo gome la, ahiã be míaɖo dze kpli wo le nya siwo me wotsɔ ɖe le la ŋu gbã. Ne susu nyui le mía si ɖe wo ŋu, míetsɔa ɖe le eme na wo eye míewɔa nu ɖe wo ŋu nyuie la, ɖewohĩ le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, woava lɔ̃ be míasrɔ̃ Biblia kpli yewo. Nya kae míate ŋu agblɔ ne míedi be míado Biblia nusɔsrɔ̃ ɖe amewo gbɔ? Na míakpɔ nya siwo nɔvi aɖewo siwo tea ŋu dzea Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme bɔbɔe gblɔ ɖa.
Nya kae nàte ŋu agblɔ na ame siwo le fotoawo me ale be woadi be yewoasrɔ̃ Biblia? (Kpɔ memama 5)a
6. Nu kae míate ŋu awɔ be amewo nalɔ̃ be míayi dzeɖoɖoa dzi kpli yewo?
6 Esi wobia gbe gbeƒãɖela kple mɔɖela aɖewo ku ɖe ale si míadze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme ŋu la, wogblɔ be le teƒe aɖewoa manyo be míazã nyawo abe “srɔ̃ nu,” “míasrɔ̃ Biblia kpli wò,” alo “míafia nu wò” ene o. Wode dzesii be ne yewozã nyawo abe “dzeɖoɖo,” “numedzodzro” kple “kpɔ nya si Biblia gblɔ” ene la, eɖea vi wu. Ne èdi be yeana amea nalɔ̃ ayi dzeɖoɖoa dzi kpli wò ɣebubuɣi la, àte ŋu agblɔ be, “Ale si Biblia ɖo nya vevi siwo amewo biana tso agbea ŋu la wɔ nuku ŋutɔ” alo àte ŋu agblɔ be, “Menye subɔsubɔgbalẽ dzro koe Biblia nye o; eɖo aɖaŋu siwo ɖea vi ŋutɔŋutɔ hã.” Ðe eme nɛ be: “Numedzodzroa maxɔ ɣeyiɣi o, míazã miniti 10 va se ɖe 15 ko, gake aɖe vi geɖe na wò.” Mahiã be nàgblɔ be “míaɖo ɣeyiɣi aɖe ɖi koŋ” alo “mava kwasiɖa sia kwasiɖa” o, elabe ate ŋu ana wòase le eɖokui me be esia ada agba ɖe ye dzi.
7. Ɣekaɣie ame aɖewo va de dzesi nyateƒea zi gbãtɔ? (1 Korintotɔwo 14:23-25)
7 Kpe wo be woade kpekpea. Le apostolo Paulo ƒe ɣeyiɣia me la, edze be ame aɖewo va de dzesi Biblia me nyateƒea esi wode Kristotɔwo ƒe kpekpea zi gbãtɔ. (Xlẽ 1 Korintotɔwo 14:23-25.) Nenemae wòdzɔna zi geɖe egbea hã. Ðetsɔlemetɔ geɖe yia ŋgɔ kabakaba ne wote kpekpeawo dede. Ɣekaɣie míadze wo kpekpe? Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! gbalẽa ƒe nusɔsrɔ̃ 10 lia de dzi ƒo na nusrɔ̃viwo be woade kpekpeawo, gake mahiã be míalala nusɔsrɔ̃a naɖo afi ma hafi míakpe wo o. Zi gbãtɔ si nèɖo dze kple amea, àte ŋu akpee be wòade kwasiɖanuwuwu ƒe kpekpea, eye nàyɔ dutoƒonuƒoa ƒe tanya nɛ alo ahe eƒe susu ayi kwasiɖa ma ƒe Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a ƒe nya vevi aɖe dzi.
8. Nya kawoe míate ŋu agblɔ na ɖetsɔlemetɔwo ne míele wo kpem na míaƒe kpekpewo? (Yesaya 54:13)
8 Ne èle ɖetsɔlemetɔ aɖe kpem la, na wòanya vovototo si le míaƒe kpekpewo kple subɔsubɔha bubuwo tɔ dome. Esi Biblia nusrɔ̃vi aɖe kpɔ Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ teƒe zi gbãtɔ le kpekpe aɖe me la, ebia eƒe nufiala be, “Ei, ta nusɔsrɔ̃dzikpɔlaa nya ame sia ame ƒe ŋkɔa?” Nɔvinyɔnua gblɔ nɛ be míedzea agbagba be míanya hamea me tɔ ɖe sia ɖe ƒe ŋkɔ abe ale si ko míenya míaƒe ƒometɔwo ƒe ŋkɔwo ene. Nusrɔ̃via gblɔ be le yewoƒe sɔleme la, ame akpa gãtɔ menya wo nɔewo ƒe ŋkɔ o. Azɔ hã, anyo be míana woanya susu siwo tae míedea kpekpeawo ɖo. (Xlẽ Yesaya 54:13.) Míekpena be míasubɔ Yehowa, asrɔ̃ nu tso egbɔ eye míade dzi ƒo na mía nɔewo. (Heb. 2:12; 10:24, 25) Eya ta le míaƒe kpekpewo me la, nuwo nɔa ɖoɖo nu eye míesrɔ̃a nu siwo ɖea vi na mí, ke menye be míava wɔ subɔsubɔkɔnuwo o. (1 Kor. 14:40) Wotrɔ asi le míaƒe Fiaɖuƒe Akpatawo ŋu ale be wòanɔ bɔbɔe na mí be míasrɔ̃ nu le wo me. Míedea dunyaheha aɖeke dzi gblɔna be enyo wu bubu o elabe míedea akpa aɖeke dzi o, eye míeʋlia nya kple mía nɔewo le hadomenyawo ŋu o. Aɖe vi ŋutɔ ne míeɖe video si nye Nu Kawoe Yia Edzi Le Fiaɖuƒe Akpata Me? fia nusrɔ̃via do ŋgɔ. Esia ana wòanya ale si nuwo ayi edzii.
9-10. Ne míekpe ame aɖe be wòade kpekpea la, nya kawoe míagblɔ nɛ be wòaɖe dzi ɖi? (Kpɔ fotoa hã.)
9 Ame aɖewo hena ɖe megbe be yewoade míaƒe kpekpewo elabe wovɔ̃na be woabia tso yewo si be yewoazu hamea me tɔ. Ka ɖe edzi nɛ be edzɔa dzi na mí be amewo nava srã mí kpɔ eye míeƒonɛ ɖe wo nu be woakpɔ gome le kpekpea me alo woazu míaƒe hamea me tɔ o. Ƒomewo ate ŋu ava eye woate ŋu akplɔ ɖeviwo hã ɖe asi vɛ. Le míaƒe kpekpewo me la, womeɖea ɖeviwo ɖe vovo tso wo dzilawo gbɔ be woafia nu woawo ɖeɖe o. Ke boŋ dzilawo kple wo viwo siaa nɔa anyi ɖekae srɔ̃a nu. Esia wɔnɛ be dzilawo ƒe ŋku nɔa ɖeviawo ŋu eye wonyaa nu si srɔ̃m ɖeviawo hã le. (5 Mose 31:12) Míedzɔa ga le amewo si alo tsɔa agbalẽkotoku nana wo be woade ga eme o. Ke boŋ míewɔna ɖe se si Yesu de be, “Faa miexɔe, faa minae” la dzi. (Mat. 10:8) Àte ŋu agblɔ na ɖetsɔlemetɔa hã be mehiã be wòado awu xɔasiwo hafi ade kpekpea o. Dzi mee Mawu kpɔna, ke menye ame ƒe dzedzeme o.—1 Sam. 16:7.
10 Ne ɖetsɔlemetɔa va la, wɔ nu siwo ana wòakpɔe be míexɔ ye nyuie. Ðee fia hamemetsitsiwo kple nɔvi bubuwo. Ne eƒe dzi dze eme la, adi be yeagava ɣebubuɣi. Ne metsɔ Biblia ɖe asi vɛ o la, na wòanɔ tɔwò dzi kpɔm ne wòate ŋu akplɔ nuƒolaa ɖo.
Ne ame aɖe te kpekpeawo dede kaba la, aɖe vi nɛ ŋutɔ (Kpɔ memama 9-10)
NU SIWO NÀWƆ NE ÈDZE BIBLIA SƆSRƆ̃ GƆME KPLE AME AÐE
11. Aleke ɣeyiɣi si mieɖo dzi wɔwɔ aɖee afia be èbua ame ŋu?
11 Nu kawoe wòle be wòanɔ susu me na mí ne míele Biblia srɔ̃m kple ame aɖe? Esi wònye be vovo menɔa amewo ŋu o ta la, anyo be nàwɔ ɖe ɣeyiɣi si mieɖo la dzi. Le kpɔɖeŋu me, ne ame siwo le miaƒe nutoa me metsɔa gamedzinɔnɔ nu vevii o hã la, wɔ ɖe game si aƒemenɔlaa ɖo na wò la dzi. Azɔ hã, anyo be zi gbãtɔ si miasrɔ̃ nu la, wòaxɔ ɣeyiɣi kpui aɖe ko. Gbeƒãɖela bibi aɖewo gblɔ be ne nusɔsrɔ̃a le aƒemenɔlaa nu vivim hã la, anyo be nàna wòanɔ kpuie. Eye mègaƒo nu fũu o. Ðe mɔ na Biblia nusrɔ̃via wòaƒo nu agblɔ eƒe susu faa.—Lod. 10:19.
12. Nu kae wòle be wòanye míaƒe taɖodzinu ne míete Biblia sɔsrɔ̃ kple ame aɖe?
12 Tso nusɔsrɔ̃a ƒe gɔmedzedze la, ele be wòanye wò taɖodzinu be nàkpe ɖe wò nusrɔ̃via ŋu be wòanya Yehowa kple Yesu alɔ̃ wo vevie. Be nàte ŋu awɔ esia la, ele be nàhe eƒe susu ayi Mawu ƒe Nyaa dzi ɣesiaɣi, ke menye be nàgblɔ nu siwo nènya atsɔ ahe susu ava ɖokuiwò dzi o. (Dɔw. 10:25, 26) Apostolo Paulo ɖo kpɔɖeŋu nyui le go sia me. Ne ele nu fiam amewo la, ehea woƒe susu yia Yesu Kristo, ame si Yehowa Mawu dɔ ɖa be wòakpe ɖe mía ŋu míanya ye ahalɔ̃ ye la dzi. (1 Kor. 2:1, 2) Paulo na eme kɔ hã be ele vevie be woakpe ɖe nusrɔ̃la yeyewo ŋu woatu nɔnɔme nyuiwo ɖo. Etsɔ Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyui mawo sɔ kple sika, klosalo kple kpe xɔasiwo. (1 Kor. 3:11-15) Nɔnɔme vevi mawo ƒe ɖewoe nye xɔse, nunya, nugɔmesese kple Yehowa vɔvɔ̃. (Ps. 19:9, 10; Lod. 3:13-15; 1 Pet. 1:7) Anyo be nàsrɔ̃ Paulo akpe ɖe wò nusrɔ̃viwo ŋu be xɔse sẽŋu nasu wo si eye ƒomedodo nyui nava nɔ wo kple mía Fofo si le dziƒo la dome.—2 Kor. 1:24.
13. Nu ka tae wòle be míagbɔ dzi ɖi na nusrɔ̃viwo ahase nu gɔme na wo? (2 Korintotɔwo 10:4, 5) (Kpɔ fotoa hã.)
13 Ne èle nu fiam amewo la, srɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu nàgbɔ dzi ɖi na wo eye nàse nu gɔme na wo. Mègabia nya siwo ana amea natsi mavo alo ŋu nakpee o. Ne ele sesẽm na nusrɔ̃via be wòase nane gɔme la, àte ŋu aɖe asi le akpa ma ŋu ayi nusɔsrɔ̃a dzi eye emegbe le ɣeyiɣi si sɔ me la, miate ŋu ava dzro eme. Mègazi edzi be wòalɔ̃ ɖe Biblia ƒe nufiafia aɖe dzi ne ele sesẽm nɛ o, ke boŋ gbɔ dzi ɖi nɛ ale be nyateƒea naƒo ke ɖe to ɖe eƒe dzi me. (Yoh. 16:12; Kol. 2:6, 7) Biblia tsɔ alakpanufiafiawo sɔ kple nu siwo li ke sesĩe siwo wòle be míamu aƒu anyi. (Xlẽ 2 Korintotɔwo 10:4, 5.) Le gbe gbãtɔ siwo me woŋlɔ Biblia ɖo me la, wotsɔ nu siwo li ke sesĩe la sɔ kple mɔ́ sesẽ siwo wotu ɖe duwo me. Nu siwo dzi nusrɔ̃via xɔ se tsã lae nye eƒe mɔ́ sesẽ, eya ta ele be míakpe ɖe eŋu wòaxɔ Yehowa dzi ase eye wòatsɔe awɔ eƒe mɔ́ sesẽe. Esia ana wòanɔ bɔbɔe na nusrɔ̃via be wòado le mɔ́ sesẽ xoxotɔ me ava yeyea me.—Ps. 91:9.
Gbɔ dzi ɖi na wò nusrɔ̃via be nyateƒea naƒo ke ɖe to ɖe eƒe dzi me (Kpɔ memama 13)
NE AME YEYEWO TE KPEKPEAWO DEDE
14. Aleke wòle be míawɔ nu ɖe ame yeye siwo va míaƒe kpekpewo ŋu?
14 Yehowa di be míawɔ nu ɖe ame siwo katã vaa míaƒe kpekpewo la ŋu nyuie ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe, metsɔ le afi si wotso, gbegbɔgblɔ si wodona alo woƒe dekɔnuwo me o. (Yak. 2:1-4, 9) Eya ta aleke míate ŋu aɖee afia ame yeye siwo va míaƒe kpekpeawo la be míelɔ̃ wo?
15-16. Aleke míate ŋu akpe ɖe ame siwo va míaƒe kpekpewo zi gbãtɔ la ŋu be woaɖe dzi ɖi?
15 Ame aɖewo vaa míaƒe kpekpeawo kple susu be yewoakpɔ ale si nuwo yia edzii. Le vavala aɖewo hã gomea, ame aɖe si le teƒe bubu aɖee de dzi ƒo na wo be woade. Eya ta ne èkpɔ ame yeye aɖe le miaƒe kpekpewo me la, te ɖe eŋu nàɖo dze kplii. Do vivi ɖe eŋu, gake mègawɔ nu siwo ana mavo le eɖokui me o. Àte ŋu akpee wòanɔ anyi ɖe xawò. Na wòanɔ wò Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo dzi kpɔm alo nàna woatsɔ ɖe na eya hã. Azɔ hã, bu nu bubu siwo nàte ŋu awɔ atsɔ ana eƒe dzi nadze eme la ŋu. Ŋutsu aɖe si yi Fiaɖuƒe Akpata me zi gbãtɔ gblɔ na nɔviŋutsu aɖe si do wòezɔ nɛ be yetsi dzi vie elabe yekpɔe be ame sia ame dzra ɖo gake ye ya aƒemewu ko yedo va. Nɔviŋutsua na wòɖe dzi ɖi eye wòɖe eme nɛ be Yehowa Ðasefowo hã ɖeko wole abe ame sia ame ko ene. Ŋutsua va xɔ nyɔnyrɔ emegbe, eye meŋlɔ nya mawo si nɔviŋutsua gblɔ nɛ tsɔ na wòɖe dzi ɖi la be kpɔ gbeɖe o. Gake nya vevi aɖe hãe nye esi: Togbɔ be míetsɔa ɖe le eme na ame yeyewo, ɖoa dze kpli wo do ŋgɔ na kpekpea kple le kpakpã vɔ megbe hã la, mele be míabia nya siwo ana woatsi mavomavo alo ŋu nakpe wo o.—1 Pet. 4:15.
16 Ne míeƒoa nu bubutɔe tso ame siwo menye Ðasefowo o kple woƒe dzixɔsewo ŋu le míaƒe dzeɖoɖowo, nyaŋuɖoɖowo kple dɔdeasi siwo míewɔna le kplɔ̃ta me la, ana ame siwo va míaƒe kpekpewo zi gbãtɔ la naɖe dzi ɖi. Ele be míatsri nya siwo aɖia amewo nu eye wòana be womagadi be yewoatrɔ ava o la gbɔgblɔ. (Tito 2:8; 3:2) Mele be míada ame siwo ƒe dzixɔse to vovo na mía tɔ la ɖe anyi o. (2 Kor. 6:3) Ele vevie be nɔviŋutsu siwo ƒoa dutoƒonuƒo koŋ nanɔ ŋudzɔ ɖe esia ŋu. Ele be wòanɔ susu me na wo hã be ne wozã nya aɖe si gɔme ame siwo menye Yehowa Ðasefowo o mase o la, ke woaɖe eme.
17. Ne míeke ɖe “ame siwo si dzi ƒe nɔnɔme nyui le” ŋu la, nu kae wòle be míawɔ?
17 Zi ale si ŋu le kekem eye zã le dodom la, míaƒe nusrɔ̃lawɔwɔdɔa gahiãna kpata wu, eya ta ele be míayi edzi adi “ame siwo si dzi ƒe nɔnɔme nyui le hena agbe mavɔ kpɔkpɔ” la vevie. (Dɔw. 13:48) Ne míeke ɖe ame siawo ŋu la, mele be míahe ɖe megbe kura o; míado Biblia nusɔsrɔ̃ ɖe wo gbɔ kaba eye míakpe wo be woade kpekpeawo. Ne míewɔe alea la, ke míele kpekpem ɖe wo ŋu be woaɖe afɔ gbãtɔ ava ‘mɔ si kplɔa ame yia agbe me’ la dzi.—Mat. 7:14.
HADZIDZI 64 Kpɔ Gome Le Nuŋeŋedɔa Me Dzidzɔtɔe
a NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Nɔviŋutsu eve le ɖase ɖim na ŋutsu aɖe si nye asrafo tsã, si nɔ anyi ɖe eƒe xɔ mɔnu; nɔvinyɔnu eve le ɖase ɖim na vidada aɖe si ŋu vovo mele kura o la kpuie.