INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w21 February axa 25
  • Alɔgbɔnu Si Wòko Na Wo Tae!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Alɔgbɔnu Si Wòko Na Wo Tae!
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ŋkuɖoɖo Mía Wɔla Dzi Tso Míaƒe Sɔhɛmenɔɣi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Vidadawo ƒe Agbanɔamedziwo
    Nyɔ!—2002
  • Kekeviwo Zazã Le Ðaseɖiɖidɔa Me Le Vi Ðem Le Xexea Me
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2018
  • Lɔlɔ̃ Dea Dzesi Kristotɔ Vavãwo—Kpɔ Míaƒe Ðekawɔwɔ Xɔasia Ta
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2018
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
w21 February axa 25

Alɔgbɔnu Si Wòko Na Wo Tae!

Helen ɖo nukomo esime wòtɔ ɖe kekevia gbɔ. Nyɔnu eve aɖewo tso eme va yina.

NYƆNU eve aɖewo nɔ zɔzɔm le Philippines Dugã, si nye Baguio me. Wokpɔ míaƒe ɖaseɖikekevi aɖe, gake womete ɖe eŋu o. Nɔvinyɔnu si tɔ ɖe kekevia gbɔ, si ŋkɔe nye Helen, ko alɔgbɔnu na wo. Nyɔnuawo tso eme va yi, gake ale si Helen ko nu na woa wɔ dɔ ɖe wo dzi.

Emegbe esi nyɔnuawo nɔ ʋu me yina aƒe mea, wokpɔ Fiaɖuƒe Akpata aɖe si dzi jw.org dzesia nɔ. Woɖo ŋku edzi be dzesi ma tututue yewokpɔ le kekevia dzi va yi. Wo ame evea woɖi le ʋua me, eye wozɔ yi ɖe Fiaɖuƒe Akpataa gbɔ vae lé ŋku ɖe ŋkeke kple game vovovo siwo wowɔa kpekpeawo ŋu.

Nyɔnu eve mawo ke ko nu na Helen esime wokpɔe le Fiaɖuƒe Akpataa me.

Nyɔnu eveawo de kpekpeawo dometɔ ɖeka. Esi woge ɖe Fiaɖuƒe Akpataa mea, ènya ame si wokpɔa? Helen ye! Wokpɔe dzesi enumake be eyae ko nua na yewo. Helen gblɔ be: “Esi wozɔ ɖe dzinyea, mevɔ̃ vie. Mesusu be nu gbegblẽ aɖee mewɔ.” Gake nyɔnuawo ɖe eme nɛ be yewokpɔe le kekevia gbɔ va yi.

Woƒe dzi dze eme ŋutɔ le kpekpea me le nɔviawo dome. Esi wokpa le kpekpea eye nɔviawo le xɔa me dzram ɖoa, wobia nenye be yewo hã yewoate ŋu akpe asi ɖe eŋu. Nyɔnuawo dometɔ ɖeka va dzo le dukɔa me, ke hã evelia va te kpekpeawo dede eye wole Biblia srɔ̃m kplii. Esiawo katã dzɔ le alɔgbɔnu si wòko na wo ta!

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe