INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w21 July axa 26-29
  • Mekpɔ Dzidzɔ Le Yehowa Subɔsubɔ Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mekpɔ Dzidzɔ Le Yehowa Subɔsubɔ Me
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • MEÐO TA SOUTH AFRICA!
  • MEVA ÐE SRƆ̃ EYE WOGADE DƆ BUBU ASI NAM
  • MÍETRƆ VA BETEL
  • WOGAÐOM ÐE AGBALẼTAƑEA
  • WOGADE DƆ BUBU ASI NA MÍ
  • Lɛta Si Alɔdzedɔwɔƒea
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Ðe Esia Ate Ŋu Anye Agbemedɔ Nyuitɔ Kekeake na Wòa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Wole Ame Sia Ame Kpem!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
w21 July axa 26-29
John kple Laura Kikot.

AGBEMEŊUTINYA

Mekpɔ Dzidzɔ Le Yehowa Subɔsubɔ Me

ABE ALE SI JOHN KIKOT GBLƆE ENE

ESI meva Canada Betel la, dɔ gbãtɔ si wode asi nam ye nye be manɔ afi si wotaa agbalẽwo le la kplɔm. Ƒe 1958 mee, eye mexɔ ƒe 18. Nuwo nɔ edzi yim nyuie, eye meva nɔ dɔ wɔm le mɔ̃ aɖe si kpaa magazineawo nu la ŋu. Dzi dzɔm ŋutɔ be meva Betel!

Le ƒe si kplɔe ɖo mea, woɖe gbeƒã na Betel-ƒomea be wohiã lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla aɖewo le South Africa, afi si woaɖo agbalẽtaƒe yeye aɖe ɖo. Eya ta mena ŋkɔ, eye wotiam hã; dzi dzɔm ŋutɔ. Wotia nɔviŋutsu etɔ̃ siwo nye Dennis Leech, Bill McLellan, kple Ken Nordin, siwo le Canada Betel la hã. Eye wogblɔ na mí be míanɔ South Africa eteƒe nadidi!

Meyɔ nɔnye gblɔ nɛ be: “Dada, nya nyui aɖe le asinye na wò. Woɖom ɖe South Africa!” Nɔnye meƒoa nu fũu o, gake xɔse sẽŋu le esi eye wòlɔ̃ Yehowa vevie. Megblɔ nya boo aɖeke o, gake menya be eda asi ɖe edzi. Togbɔ be nye dzodzoa te ɖe nɔnye kple tɔnye dzi hã, woda asi ɖe edzi.

MEÐO TA SOUTH AFRICA!

Nye kple Dennis Leech, Ken Nordin, kpakple Bill McLellan, míeɖo keteke tso Cape Town yina Johannesburg le ƒe 1959 me

Esi míewɔ subɔsubɔdɔa ƒe 60 aɖewo la, mí ame enea míegava do go le South Africa alɔdzedɔwɔƒea le ƒe 2019 me

Esi Míenɔ Brooklyn Betel la, wona hehe mí ame enea ɣleti etɔ̃ ɖe agbalẽtamɔ̃ aɖe zazã ŋu. Emegbe, míeɖo agbatsɔmeli aɖe si yina Cape Town, le South Africa. Mexɔ ƒe 20 ɣemaɣi. Zã do hafi míeɖo keteke tso Cape Town yi Johannesburg. Esi mɔa didi ta, teƒe gbãtɔ si míeva tɔ ɖo ye nye du sue si ŋkɔe nye Karoo me; teƒea le abe dzogbedzi ene. Ʋuʋu, dzudzɔ kple dzoxɔxɔ ye ma? Menye nya vi kura o! Mí ame enea míedo mo ɖe fesre nu be míakpɔ nu, gake míese naneke gɔme o. Eye míebia mía ɖokui be, afi kae nye esia míeɖo tae fifia? Le ƒe aɖewo megbe esi míeɖi tsa va teƒe siawo la, míekpɔ be teƒea nya kpɔ eye wòdze mo anyi.

Agbalẽtamɔ̃ aɖe si taa Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo, si zazã sesẽ la ŋue mewɔ dɔ le ƒe aɖewo. Menye gbe siwo wodona le South Africa la me koe alɔdzedɔwɔƒea taa magazineawo ɖo o, ke wotanɛ na Afrika dukɔ geɖewo hã. Míezãa agbalẽtamɔ̃ ma ale gbegbe tsɔ taa agbalẽwo, eye dzi dzɔ mí!

Emegbe, meva wɔ dɔ le agbalẽtaƒea ƒe ɔfis si kpɔa gbewo gɔme ɖeɖe, agbalẽwo tata kple wo ɖoɖo ɖa dɔa dzi. Nyemevona kura o, gake mekpɔa dzidzɔ.

MEVA ÐE SRƆ̃ EYE WOGADE DƆ BUBU ASI NAM

Nye kple Laura, esime míenye mɔɖela veviwo le ƒe 1968 me

Le ƒe 1968 mea, meɖe nɔvinyɔnu mɔɖela si ŋkɔe nye Laura Bowen, si te ɖe Betel ŋu. Eya hã wɔa dɔ le Betel; ezãa nuŋlɔmɔ̃ tsɔ ƒoa nya siwo gɔme gbegɔmeɖelawo ɖe la ɖe agbalẽ dzi. Ɣemaɣia, ɖoɖo aɖeke meli be woaxɔ srɔ̃tɔ yeyewo ɖe Betel o, eya ta wobia tso mía si be míava wɔ mɔɖela veviwo ƒe dɔa. Menɔ Betel ƒe ewo, eye wonaa nuɖuɖu kple mlɔƒe mí. Eya ta metsi dzi vie be, aleke mawɔ anɔ agbe ɖe ga vi si wonana mɔɖela veviwo la nu? Nye kple srɔ̃nyea, wona rand 25 (si nye Amerika dɔlar 35 ɣemaɣi) mía dometɔ ɖe sia ɖe ɣleti sia ɣleti. Ema hã, ne míeɖo gaƒoƒo, tɔtrɔyiwo, kple agbalẽwo ƒe nudidia gbɔ ko. Ga ma ke mee míaxe xɔfetu le, aƒle nuɖuɖu, aɖo ʋu, ayi kɔdzi, kple atsɔ akpɔ míaƒe fe bubuawo gbɔ.

Woɖo mí ɖe ƒuƒoƒo sue aɖe si le dugã si nye Durban, si le India Ƒugãa dzi la me. Le afi ma, míedo go Indiatɔ gbogbo aɖewo, eye wo dometɔ geɖe nye Indiatɔ siwo va wɔ dɔ le suklidɔwɔƒe aɖe le South Africa le ƒe 1800-awo me la ƒe dzidzimeviwo. Fifia, wowɔa dɔ vovovowo, ke hã, wokpɔtɔ lé woƒe dekɔnuwo me ɖe asi; eƒe ɖee nye woƒe nuɖuɖu viviawo. Wose Eŋlisigbe, si wɔe be wònɔ bɔbɔe be míaɖi ɖase na wo.

Ɣemaɣia, gaƒoƒo 150 ye wodi tso mɔɖela veviwo si ɣleti sia ɣleti, eya ta, nye kple Laura míewɔ ɖoɖo be míakpɔ gaƒoƒo ade ŋkeke gbãtɔ. Evɔa yame xɔ dzo ŋutɔ. Eye esi wònye be Biblia nusrɔ̃vi aɖeke menɔ mía si o eye míate ŋu awɔ tɔtrɔyiwo hã o ta, ehiã be míaɖe gbeƒã tso aƒe me yi aƒe me gaƒoƒo ade ma katã. Míedze egɔme, eye ɣeyiɣi aɖe megbea, mekpɔ nye gaƒoɖokuia me; miniti 40 pɛ koe va yi! Eye mebia ɖokuinye be, nu sia le míakpa ge fifia?

Eteƒe medidi o, míaƒe ɖoɖoa va ma mí. Ne míeyina ɖe gbeadzia, míedia kɔfi kple nuɖuɖu aɖewo ɖe asi. Ne eva hiã be míaɖi ɖe emea, míeva tɔa míaƒe akpɔkplɔʋu suea ɖe ati aɖe te. Esi míenye amedzrowo ta, ɣeaɖewoɣia, ɖeviwo va bɔna ɖe mía ŋu nɔa mía kpɔm! Le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbea, ne míenya wɔ dɔ gaƒoƒo ʋɛ aɖewo koa, míekpɔnɛ be ŋkekea va yi piam.

Dzi dzɔ mí ŋutɔ be míetsɔ Biblia me nyateƒea yi nuto ma me! Míekpɔe be Indiatɔwo dea bubu ame ŋu, wowɔa amedzro eye wovɔ̃a Mawu. Hindutɔ geɖe siwo le afi ma hã, lɔ̃a míaƒe gbedeasia. Wodina be yewoasrɔ̃ nu tso Yehowa, Yesu, Biblia, xexe si me ŋutifafa anɔ, kple tsitretsitsia ŋu. Le ƒe ɖeka megbea, míeva nɔ nu srɔ̃m kple ame 20. Eye gbe sia gbea, ƒome siwo míesrɔ̃a nu kplii la dometɔ ɖeka kpea mí míeva ɖua nu kpli wo, eye míekpɔa dzidzɔ.

Eteƒe medidi o, wogana mí dɔdeasi bubu be míava wɔ nutome sue dzi kpɔla ƒe dɔa le India ƒutanutowo me. Kwasiɖa sia kwasiɖa ne míele hamewo subɔm la, míedzea ƒome aɖe gbɔ. Míeva zu ko abe ƒome mawo me tɔwo ene, míefena kple ɖeviawo kple woƒe aƒemelãwo. Le ƒe eve megbea, woyɔ mí tso alɔdzedɔwɔƒea. Wogblɔ be, “Míele esusum be miatrɔ agbɔ va Betel.” Meɖo eŋu be, “Míele dzidzɔ kpɔm le afi sia ŋutɔ.” Gake míele klalo be míawɔ dɔ le afi sia afi si woagaɖo mí ɖo.

MÍETRƆ VA BETEL

Esi metrɔ va Betel la, wode dɔ asi nam be mawɔ dɔ le Subɔsubɔdɔ Dzikpɔƒea, eye mewɔ dɔ kple nɔviŋutsu siwo si nuteƒekpɔkpɔ geɖe su. Ɣemaɣia, ne nutome sue dzi kpɔlawo va srã hame aɖe kpɔ vɔ megbea, woŋlɔa agbalẽ ɖona ɖe alɔdzedɔwɔƒea. Emegbe Subɔsubɔdɔ Dzikpɔƒea ŋlɔa lɛta tsɔ dea dzi ƒo na hameawo eye wonaa mɔfiame siwo hiã la wo. Dɔ sia mele bɔbɔe o; ehiã be woaɖe lɛta siwo nutome sue dzi kpɔlawo ŋlɔ la tso Xhosa, Zulu, kple gbe bubuwo me ayi Eŋlisigbe me, eye emegbe woagaɖe wo gɔme tso Eŋlisigbea me ayi Afrikagbe bubuwo me. Dɔ sesẽ siwo nɔvi siwo ɖea lɛta mawo gɔme wɔna la na meva kpɔ nu siwo gbegbe me tom mía nɔvi siwo nye ameyibɔwo le.

Ɣemaɣia, dziɖuɖua meɖe mɔ be ameyibɔwo kple yevuwo nanɔ afi ɖeka o. Esia wɔe be míete ŋu dea ha kple mía nɔvi siwo nye ameyibɔwo o. Mía nɔvi siwo nye ameyibɔwo la, wo degbea ko wodona, ɖea gbeƒã le wo degbea me eye wowɔa kpekpeawo le wo degbea me.

Mɔnukpɔkpɔ mesu asinye be manya mía nɔvi siwo nye ameyibɔwo o, elabe Eŋlisigbedolawo ƒe hame me koe menɔ ɣeawokatãɣi. Fifia, mɔnukpɔkpɔ va su asinye be masrɔ̃ nu tso mía nɔvi siwo nye ameyibɔwo kple woƒe dekɔnuwo ŋu. Meva kpɔe be menye nu vi me tom mía nɔviawo le le nutoa me kɔnuwo kple dzixɔsewo ta o. Azɔ hã, ne nɔviawo gbe be yewomawɔ ɖe kɔnu mawo siwo tsi tre ɖe Biblia ŋu dzi o la, woƒe ƒometɔwo kple kɔƒea me tɔwo tsia tsitre ɖe wo ŋu. Gake dzi nɔa wo ƒo. Le kɔƒe nutowo mea, amewo da ahe ŋutɔ. Wo dometɔ geɖe mede suku yi ŋgɔ o, gake wodea bubu Biblia ŋu.

Mɔnukpɔkpɔ su asinye hã be maʋli mía nɔviwo ƒe subɔsubɔblɔɖe kple nu si tae womedea akpa aɖeke dzi o la ta. Esia na meva kpɔ ale si dzi le mía nɔvi siwo nye sɔhɛwo la ƒo, elabe esi wolɔ̃ Yehowa ta, womedina be yewoawɔ xɔsetsakatsakanuwɔnawo o, si na be wonyaa wo le suku, eye woƒe nuteƒewɔwɔ sia doa ŋusẽm.

Mía nɔviwo gado go kuxi bubu aɖe le Afrika du sue aɖe si woyɔna ɣemaɣi be Swaziland la me. Esime Fia Sobhuza Evelia kua, wobia tso dua me nɔlawo katã si be woawɔ kukɔnu aɖewo. Wobia tso ŋutsuwo si be woaƒlɔ ta kokoe, eye nyɔnuwo nasẽ woƒe ɖawo dzi kpɔtɔ. Esi mía nɔviwo gbe be yewomawɔ kukɔnu siawo o ta, woti wo dometɔ geɖe yome. Ale si wowɔ nuteƒe na Yehowa la wɔ dɔ ɖe mía dzi ŋutɔ! Míesrɔ̃ nuteƒewɔwɔ kple dzigbɔɖi tso mía nɔvi siwo nye ameyibɔwo la gbɔ, eye esia do ŋusẽ míaƒe xɔse.

WOGAÐOM ÐE AGBALẼTAƑEA

Le ƒe 1981 mea, wogaɖom ɖe agbalẽtaƒea ake be makpe asi ɖe eŋu míazã kɔmpiutamɔnuwo atsɔ ata agbalẽwo. Eya ta meyi. Ɣemaɣia, agbalẽtamɔnuwo nɔ tɔtrɔm. Aƒetɔ aɖe va na agbalẽtamɔ̃ yeye aɖe alɔdzedɔwɔƒea be míazãe kpɔ faa. Esia wɔe be míeva tsɔ agbalẽtamɔ̃ yeyetɔ atɔ̃ ɖɔli agbalẽtamɔ̃ xoxo asieke siwo nɔ mía si la. Míeɖi agbalẽtamɔ̃ gã bubu aɖe hã kpee. Esia wɔe be dɔa tsɔ afɔ ŋutɔ. Ɣeyiɣi dodzidzɔname aɖee nye ema!

Kɔmpiutazazã alea va kpe ɖe mía ŋu be míeva to mɔnu yeye aɖe si dzi míato ana míaƒe agbalẽwo nanɔ gbe vovovowo me vɛ. Dɔwɔnu yeye mae nye MEPS. Tso esime mí ame enea míeva South Africa la, mɔ̃ɖaŋunuwo yi ŋgɔ ŋutɔ. (Yes. 60:17) Ɣemaɣia, mí ame enea katã míeɖe nɔvinyɔnu mɔɖela siwo lɔ̃ Yehowa vevie. Nye kple Bill míekpɔtɔ le subɔsubɔm le Betel. Ken kple Dennis hã ɖo ƒome anyi.

Dɔ siwo míewɔna le Betel la va le ta kekem. Ahiã be woaɖe agbalẽwo gɔme, ata wo ɖe gbegbɔgblɔ gbogbo aɖewo me, eye woaɖo wo ɖe alɔdzedɔwɔƒewo. Esia ta, eva hiã be woatu Betel-ƒe yeye. Nɔviawo tu nyui aɖe ɖe Johannesburg ƒe ɣetoɖoƒe, eye wote ezazã le ƒe 1987 me. Enye dzidzɔ nam be mekpe asi ɖe xɔtudɔ ma ŋu eye mesubɔ le South Africa Alɔdzekɔmitia me hena ƒe geɖe.

WOGADE DƆ BUBU ASI NA MÍ

Le ƒe 2001 mea, wokpem be mava nɔ Alɔdzekɔmiti yeye si woɖo ɖe United States (États-Unis) la me, eye esia wɔ nuku na mí ŋutɔ. Togbɔ be ete ɖe mía dzi be míagblẽ mía xɔlɔ̃wo kple dɔ siwo míewɔna la ɖi le South Africa hã, dzi dzɔ mí ŋutɔ be míava nye United States Betel-ƒomea me tɔwo.

Ke hã, míetsi dzi ɖe Laura nɔ si nye ame tsitsi si gbɔ míadzo le la ŋu. Esi wònye be míanɔ keke New York ta, asesẽ be míakpɔ edzi ale si dze. Gake Laura nɔvinyɔnu etɔ̃ lɔ̃ faa be yewoakpɔ edzi. Wogblɔ be, “Esi wònye míawo ya míele ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm o ta, míedi be míakpɔ mía nɔa dzi, be wòanɔ bɔbɔe na miawo ya be miayi miaƒe dɔdeasia dzi.” Nu sia si wowɔ la dzɔ dzi na mí ŋutɔ.

Nenema kee nɔvinyeŋutsu kple srɔ̃a siwo le Toronto, Canada la nɔ mía nɔ si nye ahosi la dzi kpɔm. Mía nɔa nɔ wo gbɔ ƒe 20 kple edzivɔ sɔŋ. Esi míeva ɖo New York eteƒe medidi o la, mía nɔ ku; ke hã míekpɔ ŋudzedze ɖe ale si wolé be nɛ la ŋu. Edzɔ dzi na mí ŋutɔ be míaƒe ƒometɔwo lɔ̃ faa wɔ tɔtrɔwo be yewoalé be na mía dzila tsitsiwo, togbɔ be esia mele bɔbɔe o hã!

Ƒe geɖee nye esia, mewɔ dɔ le agbalẽtaƒe si le United States, eye fifia, wogatrɔ asi le mɔnu siwo wozãna tsɔ taa agbalẽwoe ŋu eye wogale bɔbɔe wu. Emegbe, meva nɔ dɔ wɔm le dɔwɔƒe si ƒlea nuwo na Betel. United States Betel-ƒomea me tɔwo katã nye ame 5,000 eye ame 2,000 ye tsoa aƒe me va kpea asi ɖe dɔa ŋu. Dzidzɔe wònye nam be ƒe 20 kple edzivɔe nye esia mele ƒome gã sia me!

Ƒe blaade aɖewoe nye esia, ne ame aɖe gblɔ nam be mava ɖo afi sia, nyemaxɔe ase o. Laura kpe ɖe ŋunye le ƒe siawo katã me, eye míekpɔ dzidzɔ ŋutɔ! Edzɔ dzi na mí be Betel de dɔ asi na mí míewɔ le xexea ƒe akpa vovovowo, eye míewɔ dɔ kple ame vovovowo eye míese vivi nɛ. Fifia esi mexɔ ƒe 80 kple edzivɔwoa, woɖe nye dɔwo dzi kpɔtɔ, eye wona hehe nɔviŋutsu sɔhɛwo be woawɔ geɖe.

Psalmowo ŋlɔla aɖe gblɔ be: “Dzidzɔtɔwoe nye dukɔ si ƒe Mawu Yehowa nye.” (Ps. 33:12) Nyateƒee nya ma nye! Mekpɔ dzidzɔ be mewɔ dɔ kple Yehowa subɔla kpɔdzidzɔwo.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe