INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wp22 No. 1 axa 6-7
  • 1 | Mègakpɔ Ame Ŋkume O

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • 1 | Mègakpɔ Ame Ŋkume O
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2022
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Biblia Ƒe Nufiafia:
  • Nu Si Wòfia:
  • Nu Si Nàte Ŋu Awɔ:
  • Tito—‘Hadɔwɔla le Miaƒe Nyonyo Ta’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • 3 | Ðe Fuléle Ða Le Wò Susu Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2022
  • Biblia La Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Ale Si Míawɔ Aɖu Fuléle Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2022
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2022
wp22 No. 1 axa 6-7
Ameyibɔ aɖe lé yevu aɖe si le nu kom ƒe foto ɖe asi, eye yevu aɖe lé ameyibɔ aɖe si le nu kom ƒe foto ɖe asi. Ame siwo do dziku ƒe fotowo le dzedzem le foto eveawo megbe.

ALE SI MÍAWƆ AÐU FULÉLE DZI

1 | Mègakpɔ Ame Ŋkume O

Biblia Ƒe Nufiafia:

“Mawu mekpɔa ame ŋkume o, ke boŋ le dukɔ sia dukɔ me la, [ame sia ame] si vɔ̃nɛ eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya ƒe nue dzea eŋu.”—DƆWƆWƆWO 10:34, 35.

Nu Si Wòfia:

Menye dukɔ si me míetso, míaƒe dekɔnu alo ŋutigbalẽe Yehowaa Mawu kpɔna hafi wɔa nu ɖe mía ŋu o. Ke boŋ, ame si míenye le ememe ŋue wòléa ŋku ɖo. Le nyateƒe mea, “nu si le dzedzem koe amegbetɔ kpɔna, ke Yehowa ya kpɔa keke dzi me ke.”—1 Samuel 16:7.

Nu Si Nàte Ŋu Awɔ:

Togbɔ be mímate ŋu anya nu si le amewo ƒe dzi me o hãa, míate ŋu adze agbagba asrɔ̃ Mawu be míagakpɔ ame ŋkume o. Mèganɔ te ɖe ame ɖeka ƒe nuwɔna dzi aƒo nya ta be “nenema koe ame siawo le” o. Ne èkpɔ be dukɔ aɖe me tɔwo alo ame ƒomevi aɖewo ƒe nu medzɔa dzi na wò oa, do gbe ɖa na Mawu be wòakpe ɖe ŋuwò nàɖu seselelãme ma dzi. (Psalmo 139:23, 24) Ne èdo gbe ɖa na Yehowa tso dzi me be wòakpe ɖe ŋuwò be màgakpɔ ame ŋkume oa, àte ŋu aka ɖe edzi be aɖo to wò eye wòakpe ɖe ŋuwò.—1 Petro 3:12.

a Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.—Psalmo 83:18.

“Nye kple yevu aɖeke míenɔ anyi ɖekae le ŋutifafa me kpɔ o . . . Fifia mele xexea me katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ vavãtɔ me.”​—TITUS

Agbemeŋutinya​—TITUS

Eɖu Fuléle Dzi

Titus.

Se siwo wode ku ɖe ameyibɔwo kple yevuwo ŋu le dukɔ si me Titus nɔ mea ku dzi nɛ vevie, eye wòva wɔ ɖeka kple nuvlowɔha aɖe si me tɔwo hã se le wo ɖokui me nenema. Egblɔ be: “Míeyia dua ƒe teƒe siwo womeɖea mɔ na ameyibɔwo be woayi o, abe amedzrodzeƒe kple ahadzraƒe aɖewo ene, kple susu ko be míadi ge ada kɔ.” Titus gblɔ be fuléle wɔe be yeadoa dziku helĩhelĩ. Egblɔ kpee be: “Ne nyahehe ɖo mía kple ame aɖe dome, eɖanye ŋutsu alo nyɔnu o, nyee nyea ame si daa kɔ gbãtɔa.”

Titus va nɔ tɔtrɔm vivivi esi Yehowa Ðasefowo dze Biblia sɔsrɔ̃ kplii. Nu siwo wòxlẽ le Biblia mea wɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe. Nu si koŋ wɔ dɔ ɖe edzie nye ŋugbe si Biblia do be le etsɔmea, “ku maganɔ anyi akpɔ o, konyifafa kple ɣlidodo kpakple vevesese hã maganɔ anyi o.”—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

Gbãa, menɔ bɔbɔe na Titus kura be wòadzudzɔ fuléle o. Egblɔ be: “Esesẽ nam ŋutɔ be matrɔ asi le nye nuŋububu kple ale si mewɔa nui ŋu.” Gake nu si wòsrɔ̃ le Dɔwɔwɔwo 10:34, 35 be Mawu mekpɔa ame ŋkume oa kpe ɖe eŋu.

Aleke wòɖe vi nɛ? Titus gblɔ be: “Esi meva kpɔ ale si Yehowa Ðasefowo lɔ̃a wo nɔewoe, eɖanye ŋutigbalẽ ka kee le wo ŋu oa, mekpɔ kakaɖedzi be woƒe subɔsubɔha lae nye vavãtɔ. Hafi mava xɔ nyɔnyrɔ azu Ðasefo gɔ̃ hã, hamea me tɔ aɖe si nye yevu kpem meyi vae ɖu nu kplii le eƒe aƒe me. Ðeko wònɔ abe drɔ̃e kum menɔ ene. Nye kple yevu aɖeke míenɔ anyi ɖekae le ŋutifafa me kpɔ ʋuu keke mava yi nu ɖu ge kplii o. Fifia mele xexea me katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ vavãtɔ me.”

Àte ŋu axlẽ Titus ƒe ŋutinya bliboa le August 1, 2009 ƒe Gbetakpɔxɔ me, axa 28-29.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe