INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wp22 No. 1 axa 8-9
  • 2 | Mègawɔ Wɔɖenui O

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • 2 | Mègawɔ Wɔɖenui O
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2022
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Biblia Ƒe Nufiafia:
  • Nu Si Wòfia:
  • Nu Si Nàte Ŋu Awɔ:
  • Ne Wodze Agɔ Le Dziwò
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Nye dzi nɔ veve sem eye menye ŋutasẽnuwɔla
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2016
  • Míate Ŋu Aɖu Fuléle Dzi!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2022
  • Ale Si Míawɔ Aɖu Fuléle Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2022
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2022
wp22 No. 1 axa 8-9
Ŋutsu eve aɖewo siwo do dzikua nɔ anyi ɖe ati aɖe ƒe alɔwo dzi dze ŋgɔ wo nɔewo. Wo dometɔ ɖe sia ɖe le alɔ si dzi wònɔ anyi ɖoa lãm.

ALE SI MÍAWƆ AÐU FULÉLE DZI

2 | Mègawɔ Wɔɖenui O

Biblia Ƒe Nufiafia:

“Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe na ame aɖeke o.  . . Ne anya wɔ, eye wòanye nu si atso mia gbɔ la, minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me. Migabia hlɔ̃ na mia ɖokuiwo o, . . . elabena woŋlɔ ɖi be: ‘“Tɔnyee nye hlɔ̃biabia; nye la, maɖo eteƒe,” Yehowa ye gblɔe.’”—ROMATƆWO 12:17-19.

Nu Si Wòfia:

Togbɔ be le dzɔdzɔme nua míado dziku ne ame aɖe dze agɔ le mía dzi hãa, Mawu medi be míawɔ wɔɖenui o. Ke boŋ, edi be míakpɔ ye sinu elabe madidi o yeaɖɔ nu gbegblẽwo katã ɖo.—Psalmo 37:7, 10.

Nu Si Nàte Ŋu Awɔ:

Ne amegbetɔ madeblibo wɔ wɔɖenuia, ɖeko wòganana fuléle dzina ɖe edzi. Eya ta ne ame aɖe dze agɔ le dziwò alo wɔ nu vevi wòa, mègaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe o. Dze agbagba nàɖu ɖokuiwò dzi eye nàwɔ nu le ŋutifafa me. Le go aɖewo mea, anyo be nàɖe asi le nyaa ŋu. (Lododowo 19:11) Le go bubuwo hã mea, anyo be nàɖe afɔ aɖewo atsɔ akpɔ nyaa gbɔ. Le kpɔɖeŋu me, ne wowɔ nu vlo aɖe ɖe ŋuwòa, àte ŋu atiae be yeana dziɖuɖumegãwo alo poliswo nanya.

Ame si wɔa wɔɖenuia gblẽa nu le eɖokui ŋu

Ke ne edze abe mɔ aɖeke meli si dzi woato akpɔ nyaa gbɔ le ŋutifafa me o ɖe? Alo be èwɔ nu sia nu si nàte ŋui be yeakpɔ nyaa gbɔ le ŋutifafa me gake gbeɖea koe ɖe? Mègawɔ wɔɖenui o. Elabe ɖeko wòagblẽ nyaa ɖe edzi. Ne mèwɔ wɔɖenui oa, ke èɖu fulélea dzi. Àte ŋu aka ɖe edzi be Mawu akpɔ nyaa gbɔ le mɔ nyuitɔ nu. “Ðo ŋu ɖe eŋu, ekema eya ŋutɔ awɔe na wò.”—Psalmo 37:3-5.

Agbemeŋutinya​—ADRIÁN

Edzudzɔ Wɔɖenui Wɔwɔ

Adrián.

Esi Adrián nye ƒewuivia, fuléle kple ŋutasẽnuwɔwɔ xɔ eya amea me eye wòwɔa wɔɖenui ŋutɔ. Egblɔ be: ‘Zi geɖea, mekpɔa gome le ʋunyaʋunya siwo me tudada yia edzi lea me, eye edzɔ enuenu be mexɔ abi eye ʋu gba blem meku ƒenyi le kpɔdomee.’

Esi Adrián xɔ ƒe wuiadea, wodze Biblia sɔsrɔ̃ kplii. Egblɔ be: “Esi meyi Biblia sɔsrɔ̃a dzia, meva kpɔe be ehiã be matrɔ nye nɔnɔme.” Ele be wòadzudzɔ fuléle kple ŋutasẽnuwɔwɔ. Nu si wòsrɔ̃ le Romatɔwo 12:17-19 ku ɖe ale si mele be míaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe o ŋua wɔ dɔ ɖe edzi ŋutɔ. Egblɔ be: “Meva se egɔme be Yehowa ŋutɔ nya ale si wòaɖe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ɖa le eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi dzi. Vivivia, meva dzudzɔ adãwɔwɔ.”

Gbe ɖeka fiẽa, gbevuha aɖe si menyina kple esi me Adrián nɔ tsã oa va dze edzi eye woƒoe. Woƒe ŋgɔnɔlaa do ɣli be: “Ʋli ɖokuiwò ta!” Adrián gblɔ be edzro ye vevie be yeawɔ wɔɖenui. Gake mewɔe o, ke boŋ edo gbe kpui aɖe ɖa na Yehowa eye wòdzo le wo gbɔ.

Adrián yi edzi be: “Le ŋufɔkea, meva do go woƒe ŋgɔnɔlaa ɖeɖe. Dzi kum, eye medi be maɖo eteƒe nɛ, gake megado gbe ɖa na Yehowa ake be wòakpe ɖe ŋunye maɖu ɖokuinye dzi. Ewɔ nuku nam be ɖekakpuia zɔ tẽe va gbɔnye hegblɔ nam be: ‘Meɖe kuku, tsɔ nu si mewɔ ɖe ŋuwò etsɔ zã mea kem. Nyateƒeae nye be, medi be manɔ abe wò ene. Medi be masrɔ̃ Biblia.’ Aleke gbegbe dzi dzɔmee nye esi be mete ŋu ɖu nye dzikua dzi! Esia wɔe be eya hã dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme.”

Àte ŋu axlẽ Adrián ƒe ŋutinya bliboa le Gbetakpɔxɔ No. 5 2016 me, axa 14-15.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe