INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wp22 No. 1 axa 12-13
  • 4 | Na Mawu Nàkpe Ðe Ŋuwò Nàɖu Fuléle Dzi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • 4 | Na Mawu Nàkpe Ðe Ŋuwò Nàɖu Fuléle Dzi
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2022
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Biblia Ƒe Nufiafia:
  • Nu Si Wòfia:
  • Nu Si Nàte Ŋu Awɔ:
  • Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Ale Si Míawɔ Aɖu Fuléle Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2022
  • Míate Ŋu Aɖu Fuléle Dzi!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2022
  • Nu Ka Tae Fuléle Bɔ Alea Gbegbe?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2022
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2022
wp22 No. 1 axa 12-13
Amewo zɔ yina Biblia gã aɖe si le ʋuʋu ɖi la gbɔ. Kekeli aɖe klẽ tso Biblia me ɖe wo dzi. Woƒe vɔvɔliwo fia be fuléle nɔ wo me tsã.

ALE SI MÍAWƆ AÐU FULÉLE DZI

4 | Na Mawu Nàkpe Ðe Ŋuwò Nàɖu Fuléle Dzi

Biblia Ƒe Nufiafia:

“Gbɔgbɔ la ƒe kutsetse ye nye lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmenyonyo, nyuiwɔwɔ, xɔse, tufafa, ɖokuidziɖuɖu.”—GALATIATƆWO 5:22, 23.

Nu Si Wòfia:

Mawu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖu fuléle dzi. Eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ate ŋu ana nɔnɔme nyui siwo mímate ŋu atu ɖo le mía ɖokui si oa nava su mía si. Eya ta le esi míanɔ agbagba dzem le mía ɖokui si be míaɖu fuléle dzi teƒea, ele be míaɖo ŋu ɖe Mawu ŋu be wòakpe ɖe mía ŋu. Ne míewɔe alea, míawo hã míase le mía ɖokui me abe apostolo Paulo ene be: “Metea ŋu wɔa nuwo katã to ame si doa ŋusẽm la dzi.” (Filipitɔwo 4:13) Eye míate ŋu agblɔ be: “Nye kpekpeɖeŋu tso Yehowa . . . gbɔ.”—Psalmo 121:2.

Nu Si Nàte Ŋu Awɔ:

“Tsãa, mewɔa adã vevie, gake Yehowa kpe ɖe ŋunye meva zu ame fafa.”—WALDO

Do gbe ɖa nàbia Yehowa be wòana eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea wò. (Luka 11:13) Biae be wòakpe ɖe ŋuwò nɔnɔme nyuiwo nasu asiwò. Srɔ̃ nu tso nɔnɔme nyui siwo Biblia gblɔ be woana míaɖu fuléle dzia ŋu. Wo dometɔ aɖewoe nye lɔlɔ̃, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu kple ɖokuidziɖuɖu. Di mɔ siwo nu wò ŋutɔ nàte ŋu aɖe nɔnɔme siawo afia le. De ha kple ame siwo hã le agbagba dzem be yewoatu nɔnɔme siawo ɖo. Ame siawo ate ŋu ‘ado ŋusẽ wò na lɔlɔ̃ kple dɔ nyuiwo wɔwɔ.’—Hebritɔwo 10:24.

Agbemeŋutinya​—WALDO

Eɖu Fuléle Kple Adãwɔwɔ Dzi

Waldo.

Nu siwo me Waldo to le eƒe ɖevime wɔe be fuléle kaɖikaɖi va xɔ eya amea me. Egblɔ be: ‘Mía kple atike vɔ̃ɖi dzralawo míedaa kɔ le ablɔwo dzi zi geɖe . . . Gbe ɖekaa, gbevuha bubu aɖe me tɔwo xe fe na amewula vɔ̃ɖi aɖe be wòawum. Medze agbagba si le enu, gake eƒe hɛa de abi ŋunye ya teti.’

Medzɔ dzi na Waldo esi Yehowa Ðasefowo va nɔ Biblia srɔ̃m kple srɔ̃a o. Egblɔ be: “Melé fu Ðasefoawo, eye medoa ɣli ɖe wo ta hedzua wo zi geɖe. Ke hã, ewɔa nuku nam be wowɔa nu ɖe ŋunye tufafatɔe ɣeawokatãɣi.”

Le ɣeyiɣi aɖe megbea, wova dze Biblia sɔsrɔ̃ kple Waldo hã. Egblɔ be: “Menɔ bɔbɔe nam be mawɔ ɖe nu si srɔ̃m menɔa dzi o. Mesusu be nyemate ŋu aɖu dzikudodo kple adãwɔwɔ dzi gbeɖe o.” Gake nane si wòsrɔ̃ le Biblia mea na wòtrɔ eƒe nuŋububu.

Waldo gblɔ be: “Gbe ɖeka, Alejandro, si nye ame si srɔ̃ Biblia kplim la, bia tso asinye be maxlẽ Galatiatɔwo 5:22, 23. . . . Alejandro ɖe eme be menye nye ŋutɔ nye ŋusẽ mee mate ŋu atu nɔnɔme nyui mawo ɖo le o, ke boŋ Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ye akpe ɖe ŋunye. Nyateƒenya ma na nye susu trɔ keŋkeŋ!”

Esi Waldo ɖo ŋu ɖe Mawu ŋu be wòakpe ɖe ye ŋu taa, ete ŋu ɖu fuléle dzi dzidzedzetɔe. Egblɔ be: “Ewɔ mo yaa na ƒonyemetɔwo kple xɔ̃nyewo be mete ŋu wɔ tɔtrɔ ma gbegbe.” Egblɔ kpee be: “Tsãa, mewɔa adã vevie, gake Yehowa kpe ɖe ŋunye meva zu ame fafa.”

Àte ŋu axlẽ Waldo ƒe ŋutinya bliboa le Gbetakpɔxɔ October 1, 2013 me, axa 12-13.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe