INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wp23 No. 1 axa 10-11
  • 3 | Biblia Me Kpɔɖeŋuwo Ate Ŋu Aɖe Vi Na Wò

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • 3 | Biblia Me Kpɔɖeŋuwo Ate Ŋu Aɖe Vi Na Wò
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2023
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Si Esia Fia
  • Ale Si Esia Ate Ŋu Akpe Ðe Mía Ŋu
  • Tenɔnɔ Ðe Seselelãme Trama Dɔwo Nu
    Nyɔ!—2004
  • Alesi Amewo Ate Ŋu Ana Kpekpeɖeŋui
    Nyɔ!—2004
  • Mɔkpɔkpɔ Si Li na Dɔnɔawo
    Nyɔ!—2004
  • 2 | “Akɔfafa Si . . . Tso Ŋɔŋlɔawo Me”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2023
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2023
wp23 No. 1 axa 10-11
Nu te ɖe nyagblɔɖila Mose dzi, efɔ mo dzi eye wòle gbe dom ɖa na Mawu.

3 | Biblia Me Kpɔɖeŋuwo Ate Ŋu Aɖe Vi Na Wò

BIBLIA GBLƆ BE . . . Ŋutsu kple nyɔnu wɔnuteƒe aɖewo nɔ anyi siwo “ƒe seselelãmewo sɔ kple mía tɔwo.”—YAKOBO 5:17.

Nu Si Esia Fia

Biblia ƒo nu tso ŋutsu kple nyɔnu geɖe siwo to nɔnɔme sesẽwo me le woƒe agbe mea ŋu. Ne míele woƒe ŋutinyawo xlẽma, míava kpɔe be ale si wo dometɔ aɖewo se le wo ɖokui mea sɔ kple mía tɔ.

Ale Si Esia Ate Ŋu Akpe Ðe Mía Ŋu

Mí katã míedina be amewo nase nɔnɔme siwo me tom míelea gɔme na mí. Vevietɔ ne susumedɔléle aɖe le fu ɖem na mí. Ne míexlẽ nu tso nu siwo me ame siwo le Biblia me to ŋua, míava kpɔe be woƒe nuŋububu kple seselelãmewo sɔ kple mía tɔ. Esia wɔnɛ be míekpɔnɛ be ame bubuwo hã to míaƒe nɔnɔmea me kpɔ, eya ta mímesena le mía ɖokui me be míetsi akogo ne míele nɔnɔme sesẽ aɖe me tom o.

  • Biblia ƒo nu tso ame geɖe siwo se le wo ɖokui me be wɔna vɔ le yewo ŋu eye wotsi dzodzodzoea ŋu. Èse le ɖokuiwò me be, ‘Agba sia wu tsɔtsɔ nam’ kpɔa? Mose, Eliya kple David se le wo ɖokui me nenema kpɔ.—4 Mose 11:14; 1 Fiawo 19:4; Psalmo 55:4.

  • Biblia ƒo nu tso nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Hana ŋu. Enɔa “nu xam vevie” elabe mate ŋu adzi vi o, eye etsusia ɖua fewu le eŋu le esia ta.—1 Samuel 1:6, 10.

  • Biblia ƒo nu tso ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Hiob ŋu. Ðewohĩ nu siwo me wòtoa ate ŋu asɔ kple mía tɔ. Togbɔ be xɔse sẽŋu nɔ esi hãa, nya vɔ̃ geɖe dzɔ ɖe edzi si na eƒe dzi gbã vevie, eye wògblɔ gɔ̃ hã be: “Menyɔ ŋu nye agbe; nyemegadi be manɔ agbe o.”—Hiob 7:16.

Ne míesrɔ̃ ale si ame siawo wɔ ɖu nuŋububu manyomanyo siwo ɖe fu na wo dzia, esia ate ŋu ado ŋusẽ mí be míado dzi le nɔnɔme sesẽwo me.

Ale Si Biblia Kpena Ðe Eŋu​—Kevin

Ale Si Susumedɔléle Aɖe Ðea Fu Nam

Kevin kple exɔlɔ̃ eve aɖewo le kɔfi nom.

“Wokpɔ susumedɔléle si nana ame kpɔa dzidzɔ alo léa blanui wògbɔa emea le ŋunye esi wòsusɔ vie maxɔ ƒe blaatɔ̃. Woyɔa dɔléle sia be bipolar disorder (alo trouble bipolaire). Ɣeaɖewoɣia, mesena le ɖokuinye me be mate ŋu anɔ te ɖe kuxi ɖe sia ɖe si ava dzinyea nu. Gake ɣebubuɣiwo hãa, mesena le ɖokuinye me be agbe ti kɔ nam.”

Ale Si Biblia Kpena Ðe Ŋunye

“Ame aɖe si ŋu Biblia ƒo nu tsoe si ƒe kpɔɖeŋu ɖea vi nam yenye apostolo Petro. Eda vo aɖewo siwo na wòse le eɖokui me be viɖe aɖeke megale ye ŋu o. Gake Petro mena nuŋububu ma kpɔ ŋusẽ ɖe edzi o, ke boŋ eyi edzi de ha kple exɔlɔ̃ siwo tsɔ ɖe le eme nɛ. Ne nye dɔa ho nam eye nu te ɖe dzinye veviea, nye gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu koe nye susu nɔna, eye esia nana mesena le ɖokuinye me be viɖe aɖeke mele ŋunye o. Mesrɔ̃e tso Petro ƒe kpɔɖeŋua me be mele be maɖe ɖokuinye ɖe aga tso xɔ̃nyewo ŋu o, elabe wodi be yewoakpe ɖe ŋunye mayi edzi ado dzi.

“Ame bubu si ƒe kpɔɖeŋu hã faa akɔ nam ŋutɔe nye Fia David. Vodada siwo wòwɔ va yia nana wòsea veve eye nu tena ɖe edzi zi geɖe. Nye nɔnɔmea ɖi etɔ elabe ɣeaɖewoɣia, nye hã megblɔa nya aɖewo alo wɔa nanewo siwo va veam emegbe. Nya siwo David gblɔ le Psalmo 51 la faa akɔ nam. Egblɔ le kpukpui 3 lia be: ‘Nye dzidadawo la, medze si wo keŋ, eye nye nu vɔ̃ le ŋkunyeme ɖaa.’ Alea tututue mesena le ɖokuinye me ne nu te ɖe dzinye vevie, elabe esesẽna be mabu susu nyuiwo ɖe ɖokuinye ŋu. Gake nya siwo David gblɔ le kpukpui 10 lia ɖi esiwo megblɔna, egblɔ be: ‘Oo Mawu, wɔ dzi dzadzɛ ɖe menye, eye nàde gbɔgbɔ yeye si li ke la menye.’ Nye hã medoa gbe ɖa na Mawu nenema be wòakpe ɖe ŋunye mabu susu nyuiwo ɖe ɖokuinye ŋu. Kpukpui 17 lia hã faa akɔ nam. Egblɔ be: ‘Oo Mawu, màdo vlo dzi si gbã hetugu la o.’ Kpukpui sia nana mekana ɖe edzi be Mawu lɔ̃m.

“Ŋugbledede le Biblia me kpɔɖeŋu siawo kple ale si Mawu le kpekpem ɖe ŋunye fifia ŋu nana megakana ɖe etsɔme nyui si mele mɔ kpɔm na dzi geɖe wu. Meka ɖe edzi be ŋugbe siwo Biblia doa ava eme ŋutɔŋutɔ, eye esia kpena ɖe ŋunye be nyemenaa ta o.”

Srɔ̃ Nu Geɖe Kpee:

Xlẽ nyati si nye “Tenɔnɔ Ðe Seselelãme Trama Dɔwo Nu” le jw.org. Edze le January 8, 2004 ƒe Nyɔ! me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe