INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wp23 No. 1 axa 8-9
  • 2 | “Akɔfafa Si . . . Tso Ŋɔŋlɔawo Me”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • 2 | “Akɔfafa Si . . . Tso Ŋɔŋlɔawo Me”
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2023
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Si Esia Fia
  • Ale Si Esia Ate Ŋu Akpe Ðe Mía Ŋu
  • Sɔhɛwo Ƒe Blanuiléledɔ​—Nu Ka Gbɔe Wotso? Nu Kae Akpe Ðe Wo Ŋu?
    Nyɔ!—2017
  • Kpekpeɖeŋuxɔxɔ Tso ‘Akɔfafa Ƒe Mawu La’ Gbɔ
    Nyɔ!—2009
  • Aleke Nàwɔ Ne Wò Seselelãmewo Ðea Fu Na Wò?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • 3 | Biblia Me Kpɔɖeŋuwo Ate Ŋu Aɖe Vi Na Wò
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2023
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2023
wp23 No. 1 axa 8-9
Ŋutsu tsitsi aɖe le ŋugble dem le nu si wòxlẽ le Biblia me ŋu.

2 | “Akɔfafa Si . . . Tso Ŋɔŋlɔawo Me”

BIBLIA GBLƆ BE: “Nu siwo katã woŋlɔ ɖi tsã la, woŋlɔ wo ɖi be woatsɔ afia nu mí, ale be to míaƒe dzidodo kple akɔfafa si míekpɔ tso Ŋɔŋlɔawo me dzi la, mɔkpɔkpɔ nasu mía si.”—ROMATƆWO 15:4.

Nu Si Esia Fia

Akɔfanya geɖe le Biblia me siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu dzi naɖo mía ƒo ne míele susu manyomanyowo bum ɖe mía ɖokui ŋu. Azɔ hã, Biblia na mɔkpɔkpɔ mí be eteƒe madidi o míaƒe vevesesewo nu ayi.

Ale Si Esia Ate Ŋu Akpe Ðe Mía Ŋu

Nu tena ɖe mí katã dzi ɣeaɖewoɣi; gake le ame siwo le blanuiléledɔ alo dzimaɖitsitsidɔ lém gomea, nu ate ŋu ate ɖe wo dzi ɣeawokatãɣi. Aleke Biblia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu?

  • Biblia gblɔ nu nyui geɖe siwo ŋu míate ŋu anɔ bubum ɖe susu manyomanyoawo teƒe. (Filipitɔwo 4:8) Nya fakɔnamewo le Biblia me siwo ŋu bubu ate ŋu ana míaƒe susu nadze akɔ anyi eye míaƒe dzi hã nadze eme.—Psalmo 94:18, 19.

  • Ne míesena le mía ɖokui me be míele ɖeke me oa, Biblia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔe be míexɔ asi na Mawu.—Luka 12:6, 7.

  • Mawunyakpukpui geɖewo le Biblia me siwo na míeka ɖe edzi be mía Mawu, si wɔ mí la li kpli mí, eye enya ale si tututu míesena le mía ɖokui me.—Psalmo 34:18; 1 Yohanes 3:19, 20.

  • Mawu do ŋugbe le Biblia me be yeava ɖe míaƒe vevesesewo katã ɖa. (Yesaya 65:17; Nyaɖeɖefia 21:4) Ne nu te ɖe mía dzi veviea, ŋugbedodo sia ate ŋu ana dzi naɖo míaƒo eye míado dzi.

Ale Si Biblia Kpena Ðe Eŋu​—Jessica

Ale Si Blanuiléledɔ Ðea Fu Nam

Jessica le alɔ̃ dɔm eye Biblia le ʋuʋu ɖi le eƒe asi me.

“Esi mexɔ ƒe 25 la, wokpɔ blanuiléledɔ sesẽ aɖe le ŋunye. Ne meli koa, nu siwo dzɔ va yi siwo na mese veve ŋutɔa vaa susu me nam zi ɖeka, eye nyemetea ŋu ɖea susu ɖa le wo ŋu o. Ðɔktawo gblɔ be susu manyomanyo siwo mebuna le nu siwo dzɔ ŋu tae meva le blanuiléledɔ lém. Wona atikem, gake wokpe ɖe ŋunye hã be magabu susu manyomanyowo tso nu siwo dzɔ va yia ŋu o.”

Ale Si Biblia Kpena Ðe Ŋunye

“Ne dɔa ho nama, vɔvɔ̃ ɖoam eye menɔa ƒoƒom, metsia dzodzodzoe le ɖokuinye me eye alɔ̃ menya dɔna nam o. Zi geɖe le zã mea, nu geɖe nɔa fu ɖem na nye susu, ta ɖeko susua nɔa tsaglãla tsam. Psalmo 94:19 na míenya be Mawu ate ŋu afa akɔ na mí eye wòana míakpɔ gbɔdzɔe ne míetsi dzodzodzoe akpa. Eya ta meda nye Biblia kple agbalẽvi aɖe si me meŋlɔ mawunyakpukpui siwo dea dzi ƒo nam ɖoa ɖe nye aba xa. Ne alɔ̃ menya dɔdɔm nam oa, mexlẽa mawunyakpukpui aɖewo eye esia faa akɔ nam.

“Biblia de dzi ƒo na mí be míaɖe nuŋububu siwo mewɔ ɖeka kple nu siwo míenya tso Mawu ŋu oa ɖa le susu me. Tsãa, mexɔe se be asixɔxɔ aɖeke mele ŋunye o eye ame aɖeke mate ŋu alɔ̃m o. Gake meva srɔ̃e be nuŋububu ma mewɔ ɖeka kple nu si Biblia gblɔ o, elabe egblɔ be Mawu nye Fofo lɔ̃ame si sea veve ɖe ame nu eye wòtsɔ ɖe le eme na mí katã. Vivivia, nyemegaɖea mɔ susu manyomanyowo kpɔa ŋusẽ ɖe dzinye o. Le ema teƒea, medzea agbagba bua ɖokuinye abe ale si Mawu buam ene. Esia kpe ɖe ŋunye be nyemegabunɛ be nyemele ɖeke me o.

“Mele mɔ kpɔm vevie na ɣeyiɣi si me míaƒe vevesesewo katã kple susu manyomanyo siwo míebuna ɖe mía ɖokui ŋua nu ayi tegbee. Menya be le etsɔmea, susumedɔléle aɖeke maganɔ anyi o. Esia kpena ɖe ŋunye medoa dzi fifia eye mekpɔa mɔ na etsɔme nyui ma, elabe menya be dɔléle sia maganɔ ŋunye o.”

Srɔ̃ Nu Geɖe Kpee:

Xlẽ nyati si nye “Kpekpeɖeŋuxɔxɔ Tso ‘Akɔfafa Ƒe Mawu La’ Gbɔ” le jw.org. Edze le July 2009 ƒe Nyɔ! me.

Ƒo Psalmowo ƒe agbalẽa si woxlẽ lé ɖe mɔ dzia se le jw.org.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe