INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wp23 No. 1 axa 12-13
  • 4 | Aɖaŋuɖoɖo Nyuiwo Le Biblia Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • 4 | Aɖaŋuɖoɖo Nyuiwo Le Biblia Me
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2023
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Si Esia Fia
  • Ale Si Esia Ate Ŋu Akpe Ðe Mía Ŋu
  • Ale Si Biblia Ƒe Aɖaŋuɖoɖowo Le Kpekpem Ðe Susumedɔlélawo Ŋu
  • Nu Si Nàwɔ Ne Wò Lãmesẽnyawo Trɔ Kpata
    Nyati Bubuwo
  • Susumedɔléle Le Fu Ðem Na Amewo Le Xexea Me Godoo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2023
  • Nu Si Wòle Be Nànya Tso Tagbɔdɔléle Ŋu
    Nyɔ!—2014
  • 3 | Biblia Me Kpɔɖeŋuwo Ate Ŋu Aɖe Vi Na Wò
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2023
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2023
wp23 No. 1 axa 12-13
Nyɔnu kpɔdzidzɔ aɖe le gasɔ dom.

4 | Aɖaŋuɖoɖo Nyuiwo Le Biblia Me

BIBLIA GBLƆ BE: ‘Ŋɔŋlɔ blibo la nyo.’—2 TIMOTEO 3:16.

Nu Si Esia Fia

Togbɔ be menye atikeŋutinunyagbalẽe Biblia nye o hãa, aɖaŋuɖoɖo nyuiwo le eme siwo ɖea vi ŋutɔ. Woate ŋu akpe ɖe ame si susumedɔléle le fu ɖem na ŋu. Bu eƒe ɖewo ŋu kpɔ.

Ale Si Esia Ate Ŋu Akpe Ðe Mía Ŋu

“Ame siwo le lãmesẽ me la mehiã gbedala o, ke boŋ dɔnɔwoe hiãe.”—MATEO 9:12.

Biblia da asi ɖe edzi be ele be ame si le dɔ lém la nayi kɔdzi. Ame geɖe siwo le susumedɔ léma kpɔe be ede yewo dzi esi yewoyi kɔdzi eye ɖɔktawo kpe ɖe yewo ŋu yewose yewoƒe nɔnɔmea gɔme nyuie wu.

“Kamedede nyo.”—1 TIMOTEO 4:8, etenuŋɔŋlɔ.

Ne èwɔa nu siwo ana nànɔ lãmesẽ mea, esia ate ŋu ana wò susu hã nadze akɔ anyi. Nu siawo ƒe ɖewoe nye kamedede edziedzi, nu siwo me nunyiame le ɖuɖu kple alɔ̃dɔdɔ nyuie.

“Dzi kpɔdzidzɔ nye atike nyui, ke gbɔgbɔ si dzi nu te ɖo vevie la nana ŋusẽ vɔna le ame ŋu.”—LODODOWO 17:22.

Ne èxlẽa dzideƒonamenya siwo le Biblia me eye nèɖoa taɖodzinu siwo gbɔ nàte ŋu aɖo bɔbɔe na ɖokuiwòa, esia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nànɔ dzidzɔ kpɔm. Ne wò susu nɔa nu nyuiwo ŋu eye nèkpɔa mɔ be nuwo ava nyo le etsɔmea, esia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe wò dɔlélea nu.

“Ame siwo nyaa afi si woƒe ŋutete se ɖo la si mee nunya le.”—LODODOWO 11:2.

Ðewohĩ àkpɔe be ye ŋutɔ yemate ŋu awɔ nu siwo katã yedi be yeawɔa le ye ɖokui si o, eya ta lɔ̃ faa ame bubuwo nakpe ɖe ŋuwò. Anɔ eme be xɔ̃wòwo kple wò ƒometɔwo adi be yewoakpe ɖe ŋuwò, gake womanya ale si woawɔe o. Eya ta na woanya nu siwo tututu nàdi be woawɔ na ye. Mègakpɔ mɔ na nu geɖe akpa o, eye da akpe ɖe kpekpeɖeŋu ɖe sia ɖe si woana wòa ta ɣesiaɣi.

Ale Si Biblia Ƒe Aɖaŋuɖoɖowo Le Kpekpem Ðe Susumedɔlélawo Ŋu

“Mekpɔe be lãme menɔ kɔkɔm nam tututu o, ta meyi kɔdzi. Esi ɖɔkta dom kpɔa, egblɔ be mele susumedɔ lém. Esia kpe ɖe ŋunye mese nu si tututu nɔ nye wɔma gɔme, eye egblɔ atike vovovo siwo mate ŋu azã na nye dɔlélea nam.”—Nicole,a si le susumedɔ si nana ame kpɔa dzidzɔ alo léa blanui wògbɔa eme lém.

Nyɔnu aɖe nu ƒom kple ɖɔkta aɖe.

“Mekpɔe be Biblia xexlẽ kple srɔ̃nye edziedzi kpena ɖe ŋunye metsɔa susu nyui dzea ŋkeke ɖe sia ɖe gɔme, eye nye susu nɔa nu siwo atum ɖoa ŋu. Ne nuwo mele yiyim nam nyuie le ŋkeke aɖe dzi oa, mawunyakpukpui aɖe koŋ dea dzi ƒo nam.”—Peter, si le blanuiléledɔ lém.

“Esesẽna nam be maƒo nu tso nye dɔlélea ŋu na amewo elabe ekpea ŋu nam ŋutɔ. Gake xɔ̃nye vevi aɖe ɖo tom nyuie eye wòdze agbagba be yease nye nɔnɔmea gɔme. Xɔ̃nyea kpe ɖe ŋunye mehaya le ɖokuinye me eye nyemegatsi akogo o.”—Ji-yoo, si le susumedɔ si nana woɖua nutsu alo nu menya ɖuna na ame oa lém.

“Biblia kpe ɖe ŋunye mekpɔe be menye dɔ ŋu ko wòle be mavu ɖo anɔ wɔwɔm o, ke ele be maɖi ɖe eme hã. Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo kpena ɖe ŋunye nye dzi dzea eme ne seselelãme manyomanyowo le fu ɖem na.”—Timothy, si le susumedɔ si nana ame nɔa nane ŋu bum alo nɔa ewɔm madzudzɔmadzudzɔea lém.

a Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

Nutata ƒe video si nye “Àte Ŋu Adzudzɔ Blanuiléle.”
Srɔ̃ Nu Geɖe Kpee:

Kpɔ nutata ƒe video si nye Àte Ŋu Adzudzɔ Blanuiléle le jw.org.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe