Te Esia Kpɔ
Nu kawoe wòle be nàsrɔ̃ gbã?
Esi vovo menɔa mí katã ŋu o taa, ɣeyiɣi boo menɔa mía si be míasrɔ̃ nu o. Aleke míate ŋu awɔ ɣeyiɣi si le mía si ŋu dɔ le mɔ nyuitɔ nu? Gbãa, gbɔ dzi ɖi ɖe nu si srɔ̃m nèlea ŋu. Ne èsrɔ̃ nua nyuie se egɔmea, aleke kee wòɖale sue o, aɖe vi na wò wu be nàxlẽ nu gbogbo aɖe zi ɖeka.
Azɔ bia ɖokuiwò be, nu siwo wòle be masrɔ̃ dometɔ kawoe le vevie wu? (Ef. 5:15, 16) Bu aɖaŋuɖoɖo siawo ŋu kpɔ:
Xlẽ Biblia gbe sia gbe. (Ps. 1:2) Anyo be nàdze egɔme kple kwasiɖa domedome kpekpea ƒe Biblia xexlẽ ƒe ɖoɖowɔɖia.
Dzra ɖo ɖe Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ kple kwasiɖa domedome kpekpea ŋu. Dzra ɖo nyuie be nàɖo nya ŋu.—Ps. 22:22.
Dze agbagba nànɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazineawo kple nyati vovovo siwo dze le nyatakakadzraɖoƒea xlẽm, eye nànɔ video siwo le jw.org hã kpɔm.
Ku nu me. Àte ŋu aku nu me tso kuxi aɖe si me tom nèle, nyabiase aɖe si le asiwò, alo Biblia me nyati aɖe si gɔme nàdi be yease nyuie, ŋu. Be nàke ɖe nu geɖe ŋua, yi jw.org eye nàʋu akpa si nye “Bibliasɔsrɔ̃ Ƒe Dɔdeasiwo.”