INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wp24 No. 1 axa 3
  • Nyui Kple Vɔ̃: Nya Vevi Aɖe Si Dze Ŋgɔ Mí Katã

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyui Kple Vɔ̃: Nya Vevi Aɖe Si Dze Ŋgɔ Mí Katã
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2024
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Xɔ Mawu Dzi Se—Tso Nya Me Le Nunya Me!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017
  • Wɔ Nyametsotso Siwo Dea Bubu Mawu Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Ale Si Nàwɔ Atso Nya Me Nyuie
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Ŋgɔdonya
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2024
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2024
wp24 No. 1 axa 3
Ðekakpui si míekpɔ le foto aɖe me va yi la le kpekpeɖeŋu biam tso abɔdzikpɔla aɖe gbɔ. Eye abɔdzikpɔlaa tsɔ anyigbatata aɖe le efiam be wòakpɔ mɔ si wòato aɖo to si dzi yim wòle la tame.

Nyui Kple Vɔ̃: Nya Vevi Aɖe Si Dze Ŋgɔ Mí Katã

Ne èdi be yeazɔ mɔ ayi teƒe aɖe si mèyi kpɔ o la, nu kae nàwɔ?

  1. 1. Àdze mɔ aɖo ta afi si nèsusu be teƒea le.

  2. 2. Àkplɔ amewo ɖo asusu be wonya mɔ si yi teƒea.

  3. 3. Àzã anyigbatata alo mɔfianu bubu aɖe si ŋu kakaɖedzi le, alo nàbia xɔ̃wò aɖe si nya mɔa.

Ne míetia gbãtɔ alo evelia la, míaɖo teƒe aɖe ya, gake ɖewohĩ menye afi si míeɖo be míayi o. Ne míetia etɔ̃lia la, míate ŋu aka ɖe edzi be míaɖo teƒe si yim míele.

Agbe si míele la le abe mɔzɔzɔ ene; míaƒe didi vevi ye nye be míaƒe agbenɔnɔ nana míakpɔ dzidzɔ le etsɔme. Gake taɖodzinu ma gbɔ ɖoɖo nɔ te ɖe mɔfiame siwo dzi míewɔna ɖo ne míele nya me tsom la dzi.

Nu siwo ŋu wòhiã be míatso nya me le la dometɔ akpa gãtɔ menyea ŋkubiãnya o, gake ɖewo ya le vevie ŋutɔ. Woɖea nu siwo dzi míexɔ se kple míaƒe susu le nyui kple vɔ̃ ŋu fiana. Eye wokpɔa ŋusẽ nyui alo ŋusẽ gbegblẽ ɖe mía ŋutɔwo kple ame siwo míelɔ̃ vevie la dzi hena ɣeyiɣi didi aɖe. Nyametsotso vevi mawo kuna ɖe nya siawo tɔgbi ŋu:

  • Gbɔdɔdɔ kple srɔ̃ɖeɖe

  • Anukwareɖiɖi, dɔwɔɖui, kple ganyawo

  • Vihehe

  • Ale si míawɔ nu ɖe amewo ŋu

Aleke nàwɔ aka ɖe edzi be tiatia siwo nèwɔna le nu siawo me la ana be wò ŋutɔ kple wò ƒomea miakpɔ dzidzɔ le etsɔme?

Biabia si dze ŋgɔ mía dometɔ ɖe sia ɖee nye: Nu kae akpe ɖe ŋunye be matso nya me nyuie le nyui kple vɔ̃ ŋu?

Magazine sia ana nàkpɔ nu si tae nàte ŋu aka ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi kple ale si wòaɖe vi na wo.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe