INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wp24 No. 1 axa 6-9
  • Nyui Kple Vɔ̃: Míate Ŋu Aka Ðe Nya Si Biblia Gblɔ Dzi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyui Kple Vɔ̃: Míate Ŋu Aka Ðe Nya Si Biblia Gblɔ Dzi
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2024
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • MÍEHIÃ MƆFIAME TSO MAWU GBƆ
  • BIBLIA NA MÍENYA NU SI MAWU DI TSO MÍA SI
  • Ðe Nya Siwo Biblia Gblɔ Ku Ðe Nyui Kple Vɔ̃ Ŋu Gale Vevie Egbea?
    Nyati Bubuwo
  • Nu Bubu Siwo Akpe Ðe Ƒomewo Ŋu
    Nyɔ!—2018
  • Ðe Nane Li Si Ana Míaƒe Etsɔme Nanyoa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2021
  • Nyui Kple Vɔ̃: Tiatia Vevi Si Dze Ŋgɔ Wò
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2024
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2024
wp24 No. 1 axa 6-9

Nyui Kple Vɔ̃: Míate Ŋu Aka Ðe Nya Si Biblia Gblɔ Dzi

Ne míenɔ te ɖe míawo ŋutɔ ƒe seselelãme alo nu siwo ame bubuwo susu ko dzi wɔ tiatia aɖewo ku ɖe agbe nyui nɔnɔ ŋu la, mímate ŋu aka ɖe edzi be tiatia mawo anye nyuitɔ ɣesiaɣi o. Biblia gblɔ nu si tae, eye egafia nu geɖe hã mí. Mɔfiame siwo ku ɖe nyui kple vɔ̃ ŋu siwo dzi míate ŋu aka ɖo la le Biblia me, eye wokpena ɖe mía ŋu be míakpɔ dzidzɔ kple dzidzeme le agbe me.

MÍEHIÃ MƆFIAME TSO MAWU GBƆ

Yehowaa Mawu na eme kɔ le Biblia me be yemeɖoe be amegbetɔwo nakplɔ wo ɖokui alo afia mɔ wo ɖokui o, ke boŋ be ye ŋutɔ yeafia mɔ wo. (Yeremiya 10:23) Ema tae wòna mɔfiamewo ku ɖe agbe nyui nɔnɔ ŋu le Biblia me. Elɔ̃ mí eye medi be míawɔ tiatia siwo ana míase veve eye agbea nasesẽ na mí o. (5 Mose 5:29; 1 Yohanes 4:8) Vevietɔ wu la, eyae nye mía Wɔla, eya ta nunya kple sidzedze si hiã la le esi be wòaɖo aɖaŋu nyuitɔ na mí ku ɖe agbe nyui nɔnɔ ŋu. (Psalmo 100:3; 104:24) Ke hã, Mawu mezia mía dzi gbeɖe be míanɔ agbe ɖe yeƒe mɔfiamewo nu o.

Yehowa na nu sia nu si mía dzila gbãtɔ Adam kple Xawa hiã be woakpɔ dzidzɔ la wo. (1 Mose 1:​28, 29; 2:​8, 15) Ena mɔfiame bɔbɔe aɖewo hã wo, siwo dzi wòdi be woazɔ ɖo. Gake eɖe mɔ be woawo ŋutɔ woatiae ne woawɔ ɖe mɔfiame mawo dzi alo womawɔ ɖe wo dzi o. (1 Mose 2:​9, 16, 17) Nublanuitɔe la, Adam kple Xawa tiae be yewoanɔ agbe ɖe yewo ŋutɔ yewoƒe nudidiwo nu, ke menye ɖe Mawu tɔ nu o. (1 Mose 3:6) Nu kae do tso eme? Esi amegbetɔwo le nu si woawo ŋutɔ di wɔm la, ɖe esia na wole dzidzɔ kpɔm wua? Kura o. Nu siwo le dzɔdzɔm tso gbe aɖe gbe ke la na míekpɔe be ne míegbe Mawu ƒe nudidiwo dzi wɔwɔ la, mímate ŋu akpɔ dzidzɔ kple dzidzeme vavã o.—Nyagblɔla 8:9.

Afi ka kee míetso o, míate ŋu akpɔ mɔfiame siwo akpe ɖe mía ŋu míatso nya me nyuie la le Biblia me. (2 Timoteo 3:​16, 17; kpɔ aɖaka si nye “Agbalẽ Si Nyo Na Ame Sia Ame.”) Kpɔ ale si Biblia fiaa mɔ mí ɖa.

Srɔ̃ nu geɖe tso nu si tae wote ŋu gblɔna be Biblia nye “Mawu ƒe nya” ɖo la ŋu.—1 Tesalonikatɔwo 2:13. Kpɔ video si nye Ame Ka Tɔe Biblia Nye? le jw.org.

AGBALẼ SI NYO NA AME SIA AME

Nunya le mía Wɔla lɔ̃amea si. Eya ta ena eƒe mɔfiame siwo ku ɖe agbe nyui nɔnɔ ŋu la ka ame sia ame si. Kpɔ nyateƒenya siwo ku ɖe Biblia ŋu dometɔ aɖewo ɖa:

Amewo tso dukɔ vovovowo me le Biblia xlẽm. Biblia tatatɔ kple mɔ̃ dzi tɔ le wo ŋgɔ.
  • 3,500+ Gbegbɔgblɔ gbogbo siawo mee Biblia ƒe akpa aɖe teti le eye esia na wònye agbalẽ si gɔme woɖe wu bubu ɖe sia ɖe.

  • 5,000,000,000+ Biblia agbɔsɔsɔ siae wota eye esia na wònye agbalẽ si wota wu bubu ɖe sia ɖe.

Biblia mebua dukɔ, to alo dekɔnu aɖe be enyo wu bubuawo o. Nyateƒee, Biblia nye agbalẽ si nyo na ame sia ame.

Xlẽ Biblia le Internet dzi le jw.org (ele gbegbɔgblɔ 250 kple edzivɔ me)

Ŋutsu aɖe le asi tɔm nyawo dzi le Biblia me esi wòle exlẽm.

NU SI TAE AME AÐEWO MEXƆE SE BE BIBLIA ATE ŊU AKPE ÐE YEWO ŊU O

Ame aɖewo gblɔna be Biblia mate ŋu aɖo aɖaŋu nyui siwo nu míanɔ agbe ɖo o. Nya siwo wogblɔna dometɔ aɖewoe nye esi.

Nya si wogblɔna: “Biblia me nyawo tsia tre ɖe wo nɔewo ŋu.”

Nyateƒea: Ne míebu nyatakaka aɖewo ŋu la, míakpɔe be Biblia ƒe akpa ʋɛ siwo dze abe ɖe wotsi tre ɖe wo nɔewo ŋu ene la metsi tre ɖe wo nɔewo ŋu hafi o. Nyatakaka mawo ƒe ɖewoe nye nya siwo ƒo xlã nudzɔdzɔa, ameawo ƒe dekɔnu kple ŋutinya, nu siwo anya nɔ susu me na nudzɔdzɔa ŋlɔla, kple bubuawo.

Ne èdi be yeakpɔ esia ƒe kpɔɖeŋu aɖewo la, xlẽ nyati si nye “Ðe Biblia Tsia Tsitre Ðe Eɖokui Ŋua?” le jw.org.

Nya si wogblɔna: “Ame siwo gblɔna be yewowɔna ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi la wɔa nu gbegblẽwo, eya ta anye be Biblia ye le aɖaŋu gbegblẽ ɖom na wo.”

Nyateƒea: Ne amewo gbe be yewomawɔ ɖe Biblia ƒe nufiafiawo dzi o la, mímate ŋu agblɔ be Bibliae na wole nu gbegblẽ wɔm o. Biblia gblɔe ɖi be subɔsubɔhakplɔlawo kple ame geɖe siwo gblɔna be Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzie yewowɔna ɖo la ƒe agbenɔnɔ ato vovo kura na nu si Biblia fia. Egblɔ hã be esia ana amewo ‘naƒo nu gbegblẽ tso’ Biblia ƒe nufiafiawo ŋu.—2 Petro 2:​1, 2.

Ne èdi be yeaxlẽ nu tso ale si gbegbe subɔsubɔhakplɔlawo tra ɖa tso nu si tututu Biblia fia gbɔ ŋu la, kpɔ nyati si nye “Asitsamɔnu Gã Bubu Aɖe Koe Subɔsubɔhawo Nyea?” le jw.org; ele yevugbe me.

Nya si wogblɔna: “Ame siwo wɔna ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi la medea bubu ame siwo mexɔ Biblia dzi se o ŋu o.”

Nyateƒea: Biblia de dzi ƒo be míawɔ nu ɖe amewo ŋu nyuie. Meda asi ɖe edzi be. . .

  • míabu mía ɖokui be míenye gã wu ame bubuwo o.—Filipitɔwo 2:3.

  • míaklo bubu le ame siwo ƒe dzixɔsewo to vovo na mía tɔ ŋu o.—1 Petro 2:17.

  • míazi ame bubuwo dzi be woalɔ̃ ɖe míaƒe susuwo dzi o.—Mateo 10:14.

Biblia na míenya be Mawu mekpɔa ame ŋkume o eye ewɔa nu ɖe amewo katã ŋu nyuie ɣesiaɣi. Edi be míawo hã míawɔe nenema.—Romatɔwo 9:14.

Ne èdi be yeasrɔ̃ nu geɖe kpee la, xlẽ nyati si nye “Ale Si Biblia Kpena Ðe Mía Ŋu Be Míase Nu Gɔme Na Amewo Ahade Bubu Wo Ŋu” le jw.org.

BIBLIA NA MÍENYA NU SI MAWU DI TSO MÍA SI

Ale si Mawu wɔa nu ɖe amegbetɔwo ŋu tso gɔmedzedzea me ke ƒe ŋutinyawo le Biblia me. Esia kpena ɖe mía ŋu míekpɔa Mawu ƒe susu le nyui kple vɔ̃, nu si aɖe vi na mí kple nu si agblẽ nu le mía ŋu la ŋu. (Psalmo 19:​7, 11) Nufiame siwo le ŋutinya siawo me la ɖea vi ɣeawokatãɣi eye wokpena ɖe mía ŋu míewɔa tiatia nyuiwo gbe sia gbe.

Le kpɔɖeŋu me, bu aɖaŋuɖoɖo si dze le Lododowo 13:20 ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Ame si zɔna kple nunyalawo la, adze nunya, ke ame si dea ha kple bometsilawo la, eme manyo nɛ o.” Nya ma nye nyateƒe troloo tso blema ke va de asi na egbea. Aɖaŋuɖoɖo nyui sia kple bubu geɖewo le Biblia me, eye woɖea vi ŋutɔ.—Kpɔ aɖaka si nye “Biblia Ƒe Aɖaŋuɖoɖowo Ðea Vi Ɣeawokatãɣi.”

Gake ɖewohĩ àbia be, ‘Aleke mawɔ aka ɖe edzi be aɖaŋu siwo Biblia ɖo ku ɖe agbe nyui nɔnɔ ŋu ate ŋu akpe ɖe ŋunye?’ Amewo ƒe nuteƒekpɔkpɔ siwo dze le nyati si kplɔ esia ɖo me ana míakpɔ ŋuɖoɖoa.

a Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.—Psalmo 83:18.

BIBLIA ƑE AÐAŊUÐOÐOWO ÐEA VI ƔEAWOKATÃƔI

Wowu Biblia ŋɔŋlɔ nu ƒe 2,000 kloe ye nye esia, gake egaɖea vi egbea. Tso gbe aɖe gbe kee amegbetɔwo dina be yewoakpɔ dzidzɔ kple dzidzeme, eye nenema koe wòle egbea hã. (Nyagblɔla 1:9) Biblia ƒe mɔfiamewo ɖea vi ɣeawokatãɣi eye woakpe ɖe mía ŋu míakpɔ dzidzɔ kple dzidzeme ma.

Nyateƒetoto

  • “Míedina be míaɖi anukware le nuwo katã me.”—Hebritɔwo 13:18.

  • “Fiafitɔ la nagafi fi azɔ o; ke boŋ newɔ dɔ sesẽ.”—Efesotɔwo 4:28.

Nuwɔwɔ kple amewo

  • “Ame aɖeke meganɔ eya ŋutɔ ƒe nyonyo ko dim o, ke nedi ame bubu tɔ hã.”—1 Korintotɔwo 10:24.

  • “Miyi edzi miado dzi anɔ anyi kple mia nɔewo, eye miatsɔ anɔ mia nɔewo kem faa.”—Kolosetɔwo 3:13.

Nyametsotsowo

  • “Ðekemanyala xɔa nya sia nya dzi sena, ke aɖaŋudzela léa ŋku ɖe eƒe afɔɖeɖewo katã ŋu.”—Lododowo 14:15.

  • “Aɖaŋudzela kpɔa afɔku gbɔna eye wòɣlaa eɖokui, ke ame makpɔnuteƒe yina ɖadea ta eme, eye wòkpɔa emetsonua.”—Lododowo 22:3.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe