Ale Si Biblia Kpena Ðe Mía Ŋu Be Míase Nu Gɔme Na Amewo Ahade Bubu Wo Ŋu
“Ne amewo dea bubu wo nɔewo ŋu ko hafi ŋutifafa ate ŋu anɔ anyi.”—Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe habɔbɔ si nye UNESCO ye gblɔ nya sia le ƒe 1995 me.
Ne amewo medea bubu gome si le ame bubuwo si be woawɔ nu ale si wodi o la, esia ate ŋu ahe fuléle vɛ. Ate ŋu ana amewo nagblɔ nya veamewo ɖe ame ƒomevi bubuwo ŋu, awɔ nu ɖe wo ŋu ameŋkumekpɔkpɔtɔe, alo asẽ ŋuta le wo ŋu gɔ̃ hã.
Gake susu vovovowoe le amewo si ku ɖe nu si wòfia be woase nu gɔme na amewo alo ade bubu woƒe susu siwo to vovo la ŋu. Ame aɖewo se egɔme be esia fia be ele be woada asi ɖe nu sia nu si amewo wɔna dzi, eɖanyo alo menyo o. Gake le ɖekawɔwɔ me kple nu si Biblia gblɔ la, ame aɖewo hã xɔe se be nu si wòfia boŋue nye be ele be yewoalɔ̃ ɖe edzi be gome le amewo si be woatia agbenɔnɔ si wokpɔ be esɔ kple nu si dzi woaxɔ ase, ne yewomeda asi ɖe ameawo ƒe agbenɔnɔ kple dzixɔse mawo dzi o hã.
Ðe Biblia ate ŋu akpe ɖe amewo ŋu woade bubu wɔ nɔewo ŋu le míaƒe ŋkekea mea?
Ale si Biblia de nugɔmesese kple bubudede ame ŋu ƒe dzi ƒo
Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ be: “Amewo katã nanyae be nugɔmeselawo mienye.” (Filipitɔwo 4:5) Biblia de dzi ƒo na mí be míabu amewo ŋu, míade bubu wo ŋu, eye míawɔ nu ɖe ame sia ame ŋu nyuie. Togbɔ be ame siwo wɔa aɖaŋuɖoɖo sia dzi mada asi ɖe amewo ƒe nuwɔna aɖewo dzi alo asrɔ̃ wo o hã la, woɖea mɔ na wo be woawɔ nu si woa ŋutɔwo di.
Ke hã Biblia na míenya be Mawu di tso amegbetɔwo si be woanɔ agbe ɖe yeƒe nudidiwo nu. Egblɔ be: “Oo amegbetɔ, [Mawu gblɔ] nu si nyo la na wò.” (Mika 6:8) Biblia na míenya Mawu ƒe mɔfiame siwo akpe ɖe mía ŋu míanɔ agbea wòadze edzi na mí eye eme nanyo na mí.—Yesaya 48:17, 18.
Mawu mena ŋusẽ mí be míadrɔ̃ ʋɔnu ame bubuwo o. Biblia gblɔ be: “Senala kple Ʋɔnudrɔ̃la ɖeka koe li . . . Ame kae nènye be nèle ʋɔnu drɔ̃m hawòvi?” (Yakobo 4:12) Mawu ɖea mɔ na ame sia ame be wòatia ale si wòdi be yeanɔ agbeae, eye ame sia ame akpɔ eƒe nuwɔnawo me tsonu.—5 Mose 30:19.
Nu si Biblia gblɔ tso bubudede amewo ŋu ŋuti
Biblia gblɔ be ‘míabu ame ƒomeviwo katã.’ (1 Petro 2:17) Eya ta ame siwo tiae be yewoanɔ agbe ɖe Biblia ƒe nufiafiawo nu la dea bubu amewo katã ŋu, ne woƒe dzixɔsewo alo agbenɔnɔ to vovo na wo tɔ gɔ̃ hã. (Luka 6:31) Esia mefia be ame siwo wɔna ɖe Biblia ƒe nyawo dzi la lɔ̃na ɖe amewo ƒe dzixɔse alo susu ɖe sia ɖe dzi alo daa asi ɖe nyametsotso ɖe sia ɖe si amewo wɔna dzi o. Gake womewɔa nu ɖe amewo ŋu amemabumabutɔe o, ke boŋ wodzea agbagba be yewoawɔ nu ɖe amewo ŋu abe ale si Yesu wɔe ene.
Le kpɔɖeŋu me, gbe ɖeka Yesu do go nyɔnu aɖe si nɔ subɔsubɔha aɖe me, gake Yesu meda asi ɖe subɔsubɔha ma ƒe dzixɔsewo dzi o. Azɔ hã, nyɔnu ma nɔ ŋutsu aɖe si menye srɔ̃a o la gbɔ. Yesu meda asi ɖe agbenɔnɔ ma dzi o. Ke hã, eƒo nu na nyɔnua bubutɔe.—Yohanes 4:9, 17-24.
Abe ale si Yesu wɔe ene la, Kristotɔwo le klalo be yewoaɖe yewoƒe dzixɔsewo me na ame siwo lɔ̃ be yewoasee, gake wowɔa esia le “bubu deto me.” (1 Petro 3:15) Biblia na Kristotɔwo nya be mele be woazi woƒe susu ɖe amewo dzi o. Egblɔ be mele be Kristo yomedzela “nawɔ dzre o, ke boŋ wòafa tu na amewo katã”—ame siwo ƒe dzixɔsewo to vovo hã le eme.—2 Timoteo 2:24.
Nya si Biblia gblɔ tso fuléle ŋu
Biblia gblɔ na mí be míanɔ “ŋutifafa me kple amewo katã.” (Hebritɔwo 12:14) Ne ame aɖe dia ŋutifafa la, aƒo asa na fuléle. Togbɔ be mawɔ nu si eya ŋutɔ nya be menyo o hã la, edzea agbagba be yeanɔ anyi kple amewo le ŋutifafa me. (Mateo 5:9) Le nyateƒe me la, Biblia de dzi ƒo na Kristotɔwo be woalɔ̃ woƒe futɔwo gɔ̃ hã eye woanyo dɔme na ame siwo mewɔa nu ɖe wo ŋu nyuie o.—Mateo 5:44.
Ele eme be Biblia gblɔ be Mawu ‘lé fu,’ alo ‘nyɔa ŋu’ nu siwo amewo wɔna tsɔ doa vlo ame bubuwo alo gblẽa nu le wo ŋu ya. (Lododowo 6:16-19) Gake le afi sia la, nya ‘lé fu’ si Biblia zã fia be woatsri nuwɔna gbegblẽwo. Gake Biblia ɖee fia be ne ame aɖe di be yeatrɔ ɖa le yeƒe mɔ vɔ̃wo dzi ahanɔ agbe ɖe Mawu ƒe nudidiwo nu la, elɔ̃na faa be yeatsɔe akee ahakpe ɖe eŋu.—Yesaya 55:7.
Mawunyakpukpui siwo ƒo nu tso bubudede amewo ŋu kple nugɔmesese ŋu
Tito 3:2: “Woanye nugɔmeselawo, woafa tu na amewo katã.”
Nugɔmesela wɔa nu tufafatɔe, ne amewo ƒe susu to vovo na etɔ gɔ̃ hã, eye esia wɔnɛ be bubudede ame nɔewo ŋu nɔa bɔbɔe.
Mateo 7:12: “Nu sia nu si miedina be amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ nenema ke na wo.”
Edzɔa dzi na mí katã ne amewo de bubu mía ŋu eye wobu míaƒe susu kple seselelãmewo ŋu. Ne èdi be yeaxlẽ nu geɖe tso ale si nàte ŋu awɔ ɖe Yesu ƒe nufiafia xɔŋkɔ sia dzi ŋu la, xlẽ nyati si nye “Nu Kae Nye Sikasedede La?” si le yevugbe me.
Yosua 24:15: “Mitia ame si subɔ ge miala egbea.”
Ne míedea bubu gome si le amewo si be woawɔ nu si woa ŋutɔwo di ŋu la, míedoa ŋutifafa ɖe ŋgɔ.
Dɔwɔwɔwo 10:34: “Mawu mekpɔa ame ŋkume o.”
Mawu medea vovototo amewo me le dekɔnu, ŋutsu alo nyɔnu nyenye, dukɔ si me amewo tso, alo ŋutigbalẽ si le wo ŋu ta o. Ame siwo di be yewoasrɔ̃ Mawu la dea bubu amewo katã ŋu.
Habakuk 1:12, 13: “[Mawu mate] ŋu anɔ vɔ̃ɖinyenye teƒe kpɔm o.”
Mawu maɖe mɔ be ame vɔ̃ɖiwo nanɔ nu gbegblẽ wɔwɔ dzi ɖaa o. Ne èdi be yeasrɔ̃ nu geɖe tso nya sia ŋu la, kpɔ video si nye Nu Ka Tae Mawu Ðe Mɔ Fukpekpe Li?
Romatɔwo 12:19: “Miɖe mɔ na [Mawu ƒe] dziku la boŋ; elabena woŋlɔ ɖi be: ‘Tɔnyee nye hlɔ̃biabia’; nye la, maɖo eteƒe, Yehowa ye gblɔe.”a
Le Yehowa Mawu gbɔ la, ame aɖeke mekpɔ mɔ abia hlɔ̃ na eɖokui o. Eya ŋutɔ akpɔ egbɔ be yedrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe le yeƒe ɣeyiɣi ɖoɖi la dzi. Ne èdi be yeasrɔ̃ nu geɖe tso nya sia ŋu la, xlẽ nyati si nye “Ðe Woaxɔ Na Ame Siwo Le Ɣli Dom Be Woadrɔ̃ Ʋɔnu Dzɔdzɔe Na Yewoa?” si le yevugbe me.
a Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa. (Psalmo 83:18) Kpɔ nyati si ƒe tanyae nye “Ame Kae Nye Yehowa?”