INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w24 October axa 12-17
  • Srɔ̃ Nu Tso Nu Siwo Yesu Wɔ Le Ŋkeke 40 Mamlɛ Siwo Wònɔ Anyigba Dzi Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Srɔ̃ Nu Tso Nu Siwo Yesu Wɔ Le Ŋkeke 40 Mamlɛ Siwo Wònɔ Anyigba Dzi Me
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • DE DZI ƑO NA AMEWO
  • KPE ÐE AMEWO ŊU WOASE ŊƆŊLƆAWO GƆME NYUIE
  • KPE ÐE NƆVIŊUTSUWO ŊU WOANYE “NUNANA” NA YEHOWA ƑE AMEWO
  • Ðe Gbeƒã Dzonɔamemetɔe Abe Ale Si Yesu Wɔe Ene
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • Nunana Amewo Ana Nàkpɔ Dzidzɔ Geɖe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • Wò Nyametsotsowo Neɖee Fia Be Èɖoa Ŋu Ðe Yehowa Ŋu
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2023
  • Nɔviŋutsuwo​—Ðe Miele Hamemetsitsiwo Ƒe Dɔa Minyama?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
w24 October axa 12-17

NUSƆSRƆ̃NYATI 41

HADZIDZI 13 Kristo, Míaƒe Kpɔɖeŋuɖola

Srɔ̃ Nu Tso Nu Siwo Yesu Wɔ Le Ŋkeke 40 Mamlɛ Siwo Wònɔ Anyigba Dzi Me

“Wokpɔe le ŋkeke blaeneawo me, eye wòƒo nu na wo tso Mawu Fiaɖuƒe la ŋu.”—DƆW. 1:3.

TAÐODZINUA

Ale si míasrɔ̃ kpɔɖeŋu si Yesu ɖo le ŋkeke 40 mamlɛ siwo wòtsɔ nɔ anyigba dzi la me.

1-2. Nu kae dzɔ esi Yesu ƒe nusrɔ̃la eve nɔ mɔ zɔm yina Emaus?

NISAN 16 lia ƒe 33 Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) mee. Yesu ƒe nusrɔ̃lawo lé blanui eye vɔvɔ̃ ɖo wo. Eƒe nusrɔ̃la eve dze mɔ tso Yerusalem yina Emaus, si nye kɔƒe aɖe si didi tso Yerusalem gbɔ abe kilometa 11 ene. Dzi ɖe le ŋutsu siawo ƒo ŋutɔ elabe amewo wu Yesu, evɔ eya yomee wodze hafi. Edze abe nu si wonɔ mɔ kpɔm be Mesia ava wɔ la mava eme o ene. Gake nu wɔmoyaa aɖe adzɔ kpuie.

2 Kasia, amedzro aɖe va tu wo henɔ mɔa zɔm kpli wo. Nusrɔ̃laawo fa konyi tso nu si dzɔ ɖe Yesu dzi la ŋu. Eyome ŋutsua ɖo dze aɖe kpli wo si womaŋlɔ be akpɔ o. Biblia gblɔ be: “Esi wòdze egɔme tso Mose kple Nyagblɔɖilawo ƒe nuŋlɔɖiwo katã dzi la,” eɖe nu si tae wòle be Mesia la nakpe fu ahaku la me na wo. Mlɔeba esi woɖo Emaus la, amedzroa ɖe ame si wònye fia wo. Eyae nye Yesu si wofɔ ɖe tsitre! Bu dzidzɔ si gbegbe nusrɔ̃laawo kpɔ esi wode dzesii be Mesia la le agbe ŋu kpɔ!—Luka 24:​13-35.

3-4. Aleke nuwo va nɔ na Yesu ƒe nusrɔ̃lawo, eye nu kae míasrɔ̃ le nyati sia me? (Dɔwɔwɔwo 1:3)

3 Le ŋkeke 40 mamlɛ siwo Yesu tsɔ nɔ anyigba dzi me la, eɖe eɖokui fia eƒe nusrɔ̃lawo zi geɖe. (Xlẽ Dɔwɔwɔwo 1:3.) Le ɣeyiɣi ma me la, Yesu de dzi ƒo na eƒe nusrɔ̃la siwo lé blanui henɔ vɔvɔ̃m la. Esia wɔe be dzi dzɔ wo eye dzi ɖo wo ƒo be yewoaɖe gbeƒã ahafia nu amewo tso Fiaɖuƒea ŋu.a

4 Ne míesrɔ̃ nu tso nu siwo Yesu wɔ le ɣeyiɣi ma me ŋu la, aɖe vi na mí ŋutɔ. Le nyati sia me la, míakpɔ ale si Yesu wɔ ɣeyiɣi ma ŋu dɔ (1) tsɔ de dzi ƒo na eƒe nusrɔ̃lawo, (2) tsɔ kpe ɖe wo ŋu wose Ŋɔŋlɔawo gɔme nyuie wu, eye (3) tsɔ na hehe wo be woatsɔ agbanɔamedzi siwo lolo wu. Míakpɔ ale si míate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu le go etɔ̃ siawo me.

DE DZI ƑO NA AMEWO

5. Nu ka tae wòhiã be woade dzi ƒo na Yesu ƒe nusrɔ̃lawo?

5 Ehiã be woade dzi ƒo na Yesu ƒe nusrɔ̃lawo. Nu ka tae? Wo dometɔ aɖewo gblẽ aƒewo, ƒomewo kple dɔwɔɖuiwo ɖi dze Yesu yome yi afi sia afi. (Mat. 19:27) Amewo doa vlo wo dometɔ aɖewo hã, le esi wova zu Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ta. (Yoh. 9:22) Wolɔ̃ faa to esiawo katã me le esi woxɔe se be Yesue nye Mesia si ƒe ŋugbe Mawu do ta. (Mat. 16:16) Eya ta esi wowu Yesu la, mɔkpɔkpɔ bu ɖe wo eye woƒe dzi gbã vevie.

6. Nu kae Yesu wɔ esi wofɔe ɖe tsitre?

6 Ðikeke mele eme o be Yesu nyae be menye xɔsee mele yeƒe nusrɔ̃lawo si o tae wolé blanui ɖo o, ke boŋ yeƒe kua ye gbã dzi na wo. Eya ta ete dzidede ƒo na wo tso gbe si gbe wofɔe ɖe tsitre. Le kpɔɖeŋu me, eɖe eɖokui fia Maria Magdalatɔ la esime wònɔ avi fam le yɔdoa to. (Yoh. 20:​11, 16) Eɖe eɖokui fia eƒe nusrɔ̃la eve siwo ŋu míeƒo nu tsoe le nyati sia ƒe gɔmedzedze. Eye wòɖe eɖokui fia apostolo Petro hã. (Luka 24:34) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso kpɔɖeŋu si Yesu ɖo la me? Na míakpɔ nu si dzɔ esi wòɖe eɖokui fia Maria Magdalatɔ la ɖa.

7. Abe ale si wòdze le Yohanes 20:​11-16 ene la, nu kae Yesu de dzesi le Maria ŋu le Nisan 16 lia ƒe ŋdi kanya, eye nu kae esia ʋãe wòwɔ? (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)

7 Xlẽ Yohanes 20:​11-16. Le Nisan 16 lia ƒe ŋdi kanya la, nyɔnu aɖewo yi ɖe yɔdo si me wotsɔ Yesu ƒe kukua mlɔ la to. (Luka 24:​1, 10) Nyɔnu siawo dometɔ ɖekae nye Maria Magdalatɔ la. Esi wòɖo yɔdoa to la, ekpɔ be yɔdoa tsi ƒuƒlu. Eƒu du yi ɖagblɔe na Petro kple Yohanes, eye wòdze wo yome esime wole du dzi yina ɖe yɔdoa to. Esi ŋutsuawo kpɔ be yɔdoa tsi ƒuƒlu la, wotrɔ yi aƒe me. Gake Maria ya kpɔtɔ na afi ma nɔ avi fam. Yesu nɔ Maria kpɔm gake eya menya o. Yesu kpɔ ale si wònɔ avi famee eye esia wɔ dɔ ɖe edzi. Eya ta eɖe eɖokui fia Maria eye wòwɔ nu bɔbɔe aɖe si de dzi ƒo nɛ ŋutɔ. Eƒo nu kplii eye wòde dɔ vevi aɖe esi be wòagblɔ yeƒe tsitretsitsia ŋu nya na ye nɔviwo.—Yoh. 20:​17, 18.

Yesu si wofɔ ɖe tsitre la le nu ƒom kple Maria Magdalatɔ la le yɔdo aɖe si le ƒuƒlu gbɔ.

Lé ŋku ɖe nɔviawo ŋu nànya nu siwo me tom wole eye nàse veve ɖe wo nu afa akɔ na wo abe ale si Yesu wɔe ene (Kpɔ memama 7)


8. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋua?

8 Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋua? Eyae nye be míadze agbagba ade dzesi nɔnɔme sesẽ siwo me tom mía nɔviwo le eye míase nu gɔme na wo ahafa akɔ na wo, abe ale si Yesu wɔe ene. Esia ade dzi ƒo na wo be woayi edzi asubɔ Yehowa. Bu nu si me nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Jocelyn to ŋu kpɔ. Nɔvianyɔnu ku le afɔku dziŋɔ aɖe me. Egblɔ be: “Mexa nu vevie ɣleti geɖe.” Ke nɔviŋutsu aɖe kple srɔ̃a kpee va woƒe aƒe me, woɖo toe veveseɖeamenutɔe eye woka ɖe edzi nɛ be exɔ asi le Mawu ŋkume. Jocelyn gblɔ be: “Mese le ɖokuinye me abe ɖe menɔ nyɔnyrɔm ɖe atsiaƒu dzeagbo me le zã titina eye Yehowa to wo dzi ɖem ene. Wokpe ɖe ŋunye be dzo gaɖo menye meyi edzi subɔ Yehowa.” Míawo hã míate ŋu ade dzi ƒo na amewo ne míena woɖe woƒe seselelãmewo gblɔ eye míeɖo to wo nyuie. Ne míewɔe alea la, anye akɔfafa na wo eye wòakpe ɖe wo ŋu be woayi edzi asubɔ Yehowa.—Rom. 12:15.

KPE ÐE AMEWO ŊU WOASE ŊƆŊLƆAWO GƆME NYUIE

9. Nu ka gɔmee Yesu ƒe nusrɔ̃lawo mese o, eye aleke wòkpe ɖe wo ŋui?

9 Yesu ƒe nusrɔ̃lawo xɔ Mawu ƒe Nyaa dzi se eye wodzea agbagba be yewoanɔ agbe ɖe enu. (Yoh. 17:6) Ke hã, womese nu si tae Yesu aku abe nu vlo wɔla ene gɔme o. Yesu nyae be xɔse le yeƒe nusrɔ̃lawo si eye wolɔ̃ Yehowa. Gake ede dzesii be ahiã be woagase Ŋɔŋlɔawo gɔme nyuie wu. (Luka 9:​44, 45; Yoh. 20:9) Eya ta edzro Ŋɔŋlɔawo me kpli wo hena wose egɔme nyuie wu. Na míakpɔ ale si wòwɔ esia esi wòɖe eɖokui fia eƒe nusrɔ̃la eve siwo nɔ mɔ zɔm yina Emaus.

10. Aleke Yesu kpe ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu woka ɖe edzi be yee nye Mesia la vavã? (Luka 24:​18-27)

10 Xlẽ Luka 24:​18-27. De dzesii be Yesu mena eƒe nusrɔ̃la eve mawo nya ame si yenye enumake o. Ke boŋ ebia nya wo. Nu ka tae? Ðewohĩ edi be woagblɔ woƒe susu kple dzimenyawo na ye. Eye woɖee gblɔ hã. Wogblɔ nɛ be ɖe yewonɔ mɔ kpɔm be Yesu naɖe Israel tso Romatɔwo ƒe teteɖeanyi me hafi. Esi wogblɔ woƒe dzimenyawo vɔ la, Yesu zã Ŋɔŋlɔawo tsɔ kpe ɖe wo ŋu wose nu si dzɔ la gɔme.b Emegbe le fiẽ ma ke me la, Yesu do go kple eƒe nusrɔ̃la bubuawo eye wòɖe nyagblɔɖiawo me na woawo hã. (Luka 24:​33-48) Nu kae míesrɔ̃ tso ŋutinya sia me?

11-12. (a) Nu kae míesrɔ̃ tso ale si Yesu fia Biblia me nyateƒea amewoe me? (Kpɔ fotoawo hã.) (b) Aleke Nortey ƒe Biblia fiala kpe ɖe eŋui?

11 Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋua? Gbã, ne èle nu fiam wò Biblia nusrɔ̃viwo la, bia nyawo aɖaŋutɔe ale be woaɖe nu siwo le susu kple dzi me na wo la agblɔ. (Lod. 20:5) Ne ènya se ale si wole sesem le wo ɖokuiwo me gɔme ko la, kpe ɖe wo ŋu woake ɖe mawunyakpukpui siwo aɖe vi na wo le nɔnɔmea me la ŋu. Ðu ɖokuiwò dzi be nàgatso nya me na wo o. Ke boŋ, kpe ɖe wo ŋu be woade ŋugble le Ŋɔŋlɔawo ŋu ale be woanya ale si woawɔ Biblia me gɔmeɖosewo ŋu dɔ. Bu nɔviŋutsu Nortey si le Ghana ƒe nuteƒekpɔkpɔa ŋu kpɔ.

12 Esi Nortey xɔ ƒe 16 la, Ðasefowo va te Biblia sɔsrɔ̃ kplii. Le esia megbe kpuie la, eƒe ƒomea tsi tre ɖe eŋu. Nu kae kpe ɖe eŋu wònɔ te sesĩe? Eƒe Biblia fiala zã Mateo ta 10 me nyawo tsɔ ɖe eme nɛ be woati Kristotɔ vavãwo yome. Nortey gblɔ be: “Eya ta esi tsitretsiɖeŋua dze egɔme la, meka ɖe edzi be meke ɖe nyateƒea ŋu.” Azɔ hã, eƒe Biblia fiala dzro Mateo 10:16 me kplii ale be wòate ŋu aɖɔ ŋu ɖo ahaƒo nu na eƒe ƒomea me tɔwo bubutɔe ne ele subɔsubɔnyawo me dzrom kpli wo. Le Nortey ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe la, edi be yeawɔ mɔɖeɖedɔa, gake fofoa di be wòayi yunivɛsiti. Nortey ƒe Biblia fialaa megblɔ nu si wòawɔ la nɛ o, ke boŋ ebia nyawoe, ale be wòate ŋu ade ŋugble le Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖosewo ŋu ahatso nya me nyuie. Nu kae do tso eme? Nortey va zu gbesiagbe mɔɖela. Esia wɔe be fofoa na wòʋu dzo le aƒea me. Aleke Nortey se le eɖokui me tso nu si dzɔ la ŋu? Egblɔ be: “Meka ɖe edzi bliboe be nu nyuitɔae nye ema mewɔ.” Ne míegbɔ dzi ɖi kpe ɖe amewo ŋu wode ŋugble le Ŋɔŋlɔawo ŋu la, woate ŋu ava zu Kristotɔ siwo li ke nyuie.—Ef. 3:​16-19.

Foto vovovoawo: 1. Nɔviŋutsu aɖe le Biblia srɔ̃m kple ŋutsu aɖe eye wòle kpekpem ɖe eŋu be wòase egɔme nyuie. 2. Ŋutsua tsɔ Kristmas ƒe atsyɔ̃ɖonu siwo le esi la ƒu gbe ɖe gbeɖuɖɔgo me.

Srɔ̃ Yesu nàkpe ɖe amewo ŋu woase Ŋɔŋlɔawo gɔme nyuie (Kpɔ memama 11)e


KPE ÐE NƆVIŊUTSUWO ŊU WOANYE “NUNANA” NA YEHOWA ƑE AMEWO

13. Nu kae Yesu wɔ tsɔ kpɔ egbɔ be dɔ si ye Fofo de ye si nayi edzi? (Efesotɔwo 4:8)

13 Esi Yesu nɔ anyigba dzi la, ewɔ dɔ si tututu Fofoa de esi be wòawɔ la de goe. (Yoh. 17:4) Gake Yesu mesusui be ye koe awɔe hafi wòanyo o. Le ƒe etɔ̃ kple afã siwo wòtsɔ wɔ subɔsubɔdɔae me la, ena hehe ame bubuwo hã be woate ŋu awɔ dɔa. Hafi Yesu nayi dziƒo la, ede dɔ asi na eƒe nusrɔ̃lawo be woalé be na Yehowa ƒe alẽ xɔasiawo, eye woaxɔ ŋgɔ le gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa me. Anɔ eme be nusrɔ̃la mawo dometɔ aɖewo nɔ woƒe ƒe 20-awo me. (Xlẽ Efesotɔwo 4:8.) Le Yesu ƒe ŋkeke 40 mamlɛawo me la, aleke wòkpe ɖe eƒe nusrɔ̃la dovevienu wɔnuteƒe mawo ŋu be wodze va nye “nunana siwo nye amewo”?

14. Le ŋkeke 40 mamlɛ siwo Yesu nɔ anyigba dzi me la, aleke wòkpe ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋui? (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)

14 Yesu ɖo aɖaŋu na eƒe nusrɔ̃lawo heɖɔ wo ɖo, gake ewɔe le lɔlɔ̃ me. Le kpɔɖeŋu me, ede dzesii be wo dometɔ aɖewo kea ɖi, eya ta exlɔ̃ nu wo. (Luka 24:​25-27; Yoh. 20:27) Ete gbe ɖe edzi na wo be beléle na Yehowa ƒe alẽawo le vevie wu woƒe dɔwɔɖuiwo. (Yoh. 21:15) Eɖo ŋku edzi na wo be woagatsɔ mɔnukpɔkpɔ si su ame bubuwo si le Yehowa subɔsubɔ me anɔ sɔsɔm kple wo tɔ o. (Yoh. 21:​20-22) Azɔ hã, eɖɔ susu totro si nɔ wo si ku ɖe Fiaɖuƒea ŋu la ɖo eye wòkpe ɖe wo ŋu be woatsɔ susu aɖo gbeƒãɖeɖe nya nyuia ŋu boŋ. (Dɔw. 1:​6-8) Nu kae hamemetsitsiwo ate ŋu asrɔ̃ tso Yesu gbɔ?

Yesu le nu ƒom kple eƒe nusrɔ̃lawo le ƒu ta. Wole lã mem le dzo dzi.

Srɔ̃ Yesu nàkpe ɖe nɔviŋutsuwo ŋu be woasu te axɔ agbanɔamedziwo (Kpɔ memama 14)


15-16. (a) Mɔ kawo nue hamemetsitsiwo ate ŋu asrɔ̃ Yesu le? Ðe eme. (b) Aleke aɖaŋuɖoɖoxɔxɔ ɖe vi na Patrick?

15 Aleke hamemetsitsiwo ate ŋu asrɔ̃ Yesue? Ele be hamemetsitsiwo nana hehe nɔviŋutsuwo ahakpe ɖe wo ŋu be woadze axɔ agbanɔamedzi geɖewo—sɔhɛwo hã le eme.c Hamemetsitsiawo se egɔme be nɔvi siawo mede blibo o. Eya ta ele be woaɖo aɖaŋu na nɔviŋutsu ɖekakpui siawo le lɔlɔ̃ me be woasrɔ̃ ale si woabɔbɔ wo ɖokui, woawɔ nuteƒe, eye woalɔ̃ faa asubɔ ame bubuwo.—1 Tim. 3:1; 2 Tim. 2:2; 1 Pet. 5:5.

16 Bu ale si aɖaŋu si woɖo na nɔviŋutsu Patrick la ɖe vi nɛ ŋu kpɔ. Esime wònye sɔhɛ la, meƒoa nu na ame nyuie o eye mewɔa nu ɖe nɔvinyɔnuwo gɔ̃ hã ŋu nyuie o. Hamemetsitsi kpɔnuteƒe aɖe de dzesi Patrick ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔa eye wòɖo aɖaŋu nɛ tẽe tso eŋu, gake ewɔe le tufafa me. Patrick gblɔ be: “Edzɔ dzi nam ŋutɔ be hamemetsitsia kpe ɖe ŋunye. Tsãa, ne subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ siwo dim mele su nɔvi bubuwo si la, dzi ɖena le ƒonye. Gake aɖaŋu si hamemetsitsia ɖo nam la kpe ɖe ŋunye mekpɔe be nu vevitɔe nye be mabɔbɔ ɖokuinye asubɔ nɔviawo, ke menye be mɔnukpɔkpɔ tɔxɛwo nasu asinye le hamea me o.” Esi Patrick wɔ ɖe aɖaŋu si woɖo nɛ dzi ta la, edze woɖoe hamemetsitsi esi wòxɔ ƒe 20 to eŋu vie ko.—Lod. 27:9.

17. Aleke Yesu ɖee fia be yeka ɖe yeƒe nusrɔ̃lawo dzi?

17 Menye ɖeko Yesu de dɔ asi na eyomedzelawo be woaɖe gbeƒã ko o, ke egblɔ na wo hã be ‘woafia nu’ amewo. (Mat. 28:20) Nusrɔ̃laawo anya se le wo ɖokuiwo me be yewomedze awɔ dɔ ma o. Gake Yesu ka ɖe wo dzi be woate ŋu awɔe. Eye ena wonya be yeka ɖe wo dzi bliboe esi wògblɔ na wo be: “Abe ale si ko Fofo la dɔm ene la, nye hã mele mia dɔm.”—Yoh. 20:21.

18. Aleke hamemetsitsiwo ate ŋu asrɔ̃ Yesu?

18 Aleke hamemetsitsiwo ate ŋu asrɔ̃ Yesu? Hamemetsitsi dzeaɖaŋuwo naa hehe ame bubuwo hedea dɔ wo si. (Flp. 2:​19-22) Le kpɔɖeŋu me, hamemetsitsiwo ate ŋu amia asi sɔhɛwo ne wole Fiaɖuƒe Akpataa me dzram ɖo alo le ɖɔɖɔɖodɔ aɖewo wɔm. Ne hamemetsitsiwo de dɔ aɖewo asi na wo la, anyo be woana dɔa ŋuti hehe wo nyuie eye woagblɔe na wo be yewoka ɖe wo dzi be woate ŋu awɔe nyuie. Nɔviŋutsu Matthew si woɖo hamemetsitsii eteƒe medidi o la gblɔ be edzɔa dzi na ye ŋutɔ ne hamemetsitsiwo na hehe ye nyuie ɖe dɔ si wode ye si la ŋu eye woka ɖe ye dzi be yeate ŋu awɔe ade goe. Egblɔ be: “Ne meda vo aɖe le dɔa wɔwɔ me la, wokpena ɖe ŋunye mesrɔ̃a nu tso eme, eye wofiaam ale si magawɔe wòanyo wu.”d

19. Nu kae wòle be míaɖo kplikpaa awɔ?

19 Yesu zã ŋkeke 40 mamlɛ siwo wòtsɔ nɔ anyigba dzi la tsɔ de dzi ƒo na amewo, efia nu wo, eye wòna hehe wo. Mina míaɖoe kplikpaa be míasrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua pɛpɛpɛ. (1 Pet. 2:21) Eya ŋutɔ hã le klalo be yeakpe ɖe mía ŋu míawɔ nenema. Esia tae wòdo ŋugbe na mí be: “Meli kpli mi ŋkekeawo katã va se ɖe nuɖoanyia ƒe nuwuɣi.”—Mat. 28:20.

ALEKE YESU ZÃ EƑE ŊKEKE 40 MAMLƐAWO LE ANYIGBA DZI . . .

  • tsɔ de dzi ƒo na amewo?

  • tsɔ kpe ɖe amewo ŋu wose Ŋɔŋlɔawo gɔme nyuie wu?

  • tsɔ na hehe amewo be woadze awɔ geɖe?

HADZIDZI 15 Mikafu Yehowa Ƒe Ŋgɔgbevi La!

a Nyanyuigbalẽawo kple Biblia-gbalẽ bubuwo ƒo nu tso ame vovovo siwo Yesu ɖe eɖokui fia esi wòfɔ ɖe tsitre la ŋu. Eɖe eɖokui fia: Maria Magdalatɔ la (Yoh. 20:​11-18); nyɔnu bubu aɖewo (Mat. 28:​8-10; Luka 24:​8-11); nusrɔ̃la 2 aɖewo (Luka 24:​13-15); Petro (Luka 24:34); apostoloawo esime Toma menɔ wo dome o (Yoh. 20:​19-24); apostoloawo katã esime Toma hã nɔ wo dome (Yoh. 20:26); nusrɔ̃la 7 aɖewo (Yoh. 21:​1, 2); nusrɔ̃la siwo wu 500 (Mat. 28:16; 1 Kor. 15:6); nɔvia Yakobo (1 Kor. 15:7); apostoloawo katã (Dɔw. 1:4); kple apostoloawo ake esi wonɔ afi si gogo Betania. (Luka 24:​50-52) Anɔ eme be eɖe eɖokui fia ɣebubuɣiwo hã gake Ŋɔŋlɔawo meƒo nu tso wo ŋu o.—Yoh. 21:25.

b Be nàkpɔ Mesia la ŋuti nyagblɔɖiwo la, yi jw.org ƒe nyati si ƒe tanyae nye “Ðe Nyagblɔɖi Siwo Ku Ðe Mesia Ŋu Ðo Kpe Edzi Be Yesue Nye Mesia La?”

c Ate ŋu adzɔ be woatia hamemetsitsi si xɔ tso ƒe 25 va ɖo 30 gɔ̃ hã be wòanye nutome sue dzikpɔla. Gake gbã ele be ame sia nanye hamemetsitsi si subɔ ɣeyiɣi aɖe eye nuteƒekpɔkpɔ su esi.

d Àkpɔ aɖaŋuɖoɖo bubu siwo akpe ɖe ŋuwò nàna hehe nɔviŋutsu sɔhɛwo woadze axɔ agbanɔamedziwo le August 2018 ƒe Gbetakpɔxɔ me, axa 11-12, memama 15-17, kple April 15, 2015 ƒe Gbetakpɔxɔ me, axa 3-13.

e NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Esi wokpe ɖe Biblia nusrɔ̃vi aɖe ŋu wòse Ŋɔŋlɔawo gɔme nyuie la, etsɔ Kristmas ƒe atsyɔ̃ɖonu siwo le eƒe xɔ me la ƒu gbe.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe