Ale Si Nàwɔ Akpɔ Ŋutifafa Togbɔ Be Aʋawɔwɔ Kple Ʋunyaʋunyawo Le Edzi Yim Hã
Ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Gary, si wɔ asrafodɔ kpɔ la gblɔ be: “Tsã la, nyemenya nu si tae ŋutasẽnuwɔwɔ, nu madzɔmadzɔ wɔwɔ kple kuxi geɖewo bɔ ɖe xexea me o. Gake Biblia sɔsrɔ̃ kpe ɖe ŋunye mekpɔe be Yehowa ana nuwo nanyo le xexea me gbe ɖeka, eye esia na nye dzi dze eme.”
Menye Gary ɖeɖe ko ŋue Biblia sɔsrɔ̃ kpe ɖo o. Kpɔ ale si wòkpe ɖe ame bubuwo hã ŋui ɖa.
BIBLIA GBLƆ BE: “Oo Yehowa, wò dɔme nyo, eye nèlɔ̃a tsɔtsɔke.”—Psalmo 86:5.
ALE SI ESIA NYANYA ÐEA VI: “Kpukpui sia na meka ɖe edzi be Yehowa nye nublanuikpɔla. Menya be ele klalo be yeatsɔ nu siwo katã mewɔ le ɣeyiɣi siwo me mewɔ aʋa va yi la akem.”—Wilmar, Colombia.
BIBLIA GBLƆ BE: “Mele dziƒo yeye kple anyigba yeye wɔm; eye tsãnuwo magava susu me na ame, alo ava ame ƒe dzi me o.”—Yesaya 65:17.
ALE SI ESIA NYANYA ÐEA VI: “Ne meɖo ŋku nu siwo dzɔ esime menye asrafo dzi la, meléa blanui eye nu tena ɖe dzinye vevie. Gake mawunyakpukpui sia ɖoa ŋku edzi nam be eteƒe madidi o, Yehowa ana maŋlɔ nu dziŋɔ mawo katã be eye womagava nye susu kple dzi me kura gɔ̃ hã o. Esia ana nye dzi nadze eme bliboe. Nunana nyui ka gbegbee nye esi!”—Zafirah, Amerika.
BIBLIA GBLƆ BE: “Ame dzɔdzɔewo adzi ɖe edzi le eƒe ŋkekewo me, eye ŋutifafa axɔ aƒe va se ɖe esime dzinu maganɔ anyi o.”—Psalmo 72:7.
ALE SI ESIA NYANYA ÐEA VI: “Medea ŋugble le nya mawo ŋu enuenu. Eteƒe madidi o, nu dziŋɔ siwo aʋawɔwɔ hena vɛ la nu ayi, eye míagatsi dzi ɖe míaƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo ƒe dedienɔnɔ ŋu o.”—Oleksandra, Ukraine.
BIBLIA GBLƆ BE: “Wò ame kukuwo agbɔ agbe. . . . Mi ketumetɔwo, minyɔ, ne miatso aseye!”—Yesaya 26:19.
ALE SI ESIA NYANYA ÐEA VI: “Le aʋa si woho ɖe Tutsitɔwo ŋu be woatsrɔ̃ wo me la, wowu nye ƒometɔ geɖewo. Gake kpukpui sia na meka ɖe edzi be magava kpɔ wo gbe ɖeka. Mele mɔ kpɔm vevie be mase woƒe gbe viviwo ne wofɔ wo ɖe tsitre.”—Marie, Rwanda.
BIBLIA GBLƆ BE: “Esusɔ vie ko ame vɔ̃ɖiwo maganɔ anyi o. . . . Ke ame fafawo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo geɖe ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.”—Psalmo 37:10, 11.
ALE SI ESIA NYANYA ÐEA VI: “Togbɔ be aʋaa wu enu hã la, ame vɔ̃ɖiwo kpɔtɔ li eye amewo yi edzi le nu madzɔmadzɔ wɔm. Kpukpui siawo doa ŋusẽm ŋutɔ. Yehowa kpɔa nu sia nu si le edzi yim eye wòse nye nɔnɔmea gɔme. Edo ŋugbe be fukpekpewo katã nu ayi kpuie, eye míaŋlɔ wo be keŋkeŋ.”—Daler, Tajikistan.
Ame siwo ƒe nya dze le magazine sia me la nye Yehowa Ðasefo miliɔn geɖe siwo ŋu Biblia kpe ɖo wokpɔ ŋutifafa la dometɔ aɖewo. Togbɔ be amewo mewɔa nu ɖe wo dometɔ aɖewo ŋu nyuie o le woƒe ŋutigbalẽ, dukɔ alo to si me wotso, alo woƒe amenyenye ta hã la, wosrɔ̃ ale si woanɔ te ɖe enu. (Efesotɔwo 4:31, 32) Yehowa Ðasefowo medea akpa aɖeke dzi le dunyahehe me o eye womekpɔa gome le ʋunyaʋunyawo me o.—Yohanes 18:36.
Yehowa Ðasefo siwo le xexea me godoo la nye ƒome wɔɖeka si me lɔlɔ̃ le, eye wokpena ɖe wo nɔewo ŋu. (Yohanes 13:35) Le kpɔɖeŋu me, Oleksandra si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la kple nɔvianyɔnu wosi yi dukɔ bubu me le aʋawɔwɔ ta. Egblɔ be: “Esi míenya tso dea ko la, míekpɔ Yehowa Ðasefo siwo le dukɔ ma me wonɔ lalam be yewoaxɔ mí. Wokpe ɖe mía ŋu míete ŋu trɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu esi míeva zu sitsoƒedilawo le dukɔ ma me.”
Míele kpewòm be nàva wɔ ɖeka kpli mí le míaƒe kpekpewo me; le afi ma la, míesrɔ̃a nu tso ale si míawɔ anɔ ŋutifafa me fifia kple ale si ŋutifafa ƒe ŋugbe siwo Biblia do ku ɖe etsɔme ŋu ava emee la ŋu. Yi jw.org be nàkpɔ míaƒe kpekpewɔƒe aɖe si tsɔ gbɔwò, alo be nàbia be Yehowa Ðasefo aɖe nava zã agbalẽ si nye Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! atsɔ adzro Biblia me kpli wò femaxee.