INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wp25 No. 1 axa 3
  • Aʋawɔwɔ Ði Vɔvɔ̃ Ŋutɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aʋawɔwɔ Ði Vɔvɔ̃ Ŋutɔ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2025
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ASRAFOWO
  • DUMEVI DZROWO
  • Ale Si Nàwɔ Akpɔ Ŋutifafa Togbɔ Be Aʋawɔwɔ Kple Ʋunyaʋunyawo Le Edzi Yim Hã
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2025
  • Ƒe Ðeka Blibo Va Yi Tso Esime Aʋa Dzɔ Le Ukraine—Mɔkpɔkpɔ Kae Biblia Na Mí?
    Nyati Bubuwo
  • Aʋawɔwɔ Na Wole Miliɔn Gbogbowo Gblẽm—Nu Bubu Kawo Hã Gblẽmee Wòle?
    Nyati Bubuwo
  • Ale Si Aʋawɔwɔ Kple Ʋunyaʋunyawo Gblẽa Nu Le Mí Katã Ŋui
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2025
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2025
wp25 No. 1 axa 3
Foto vovovoawo: 1. Asrafo aɖe ƒe mo ƒe akpa aɖe le dzedzem le foto vuvu aɖe me. 2. Nyɔnu tsitsi aɖe ƒe mo ƒe akpa aɖe le dzedzem le foto vuvu aɖe me.

Aʋawɔwɔ Ði Vɔvɔ̃ Ŋutɔ

Nu si gbegbe aʋawɔwɔ alo ʋunyaʋunyawɔwɔ gblẽna le ame siwo dzi wòdzɔ ɖo ŋu la mele gbɔgblɔ me o. Le xexea me godoo la, asrafowo kple dumevi dzro siwo kpɔ aʋawɔwɔ teƒe la nya ale si gbegbe wòɖi vɔvɔ̃e.

ASRAFOWO

“Àkpɔ nu dziŋɔ vovovowo teƒe; ame aɖewo axɔ abi vevie alo aku kura gɔ̃ hã le ŋkuwò me. Nu sia nu ate ŋu adzɔ ɖe dziwò le vo me, eya ta màte ŋu aɖe dzi ɖi o.”—Gary, Britain.

“Tukpewo lɔ nye dzime kple nye mo, mekpɔe wowu ame geɖewo, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa. Aʋawɔwɔ ate ŋu ana be naneke magawɔ nublanui na wò o.”—Wilmar, Colombia.

“Ne èkpɔ eteƒe woda tu ame aɖe la, nudzɔdzɔ ma mabu le susu me na wò akpɔ o. Ànɔ ŋku ɖom ale si amea nɔ veve sem henɔ ŋeŋem la dzi abe ɖe wògale dzɔdzɔm ene. Eƒe nu atsi susu me na wò ɖikaa.”—Zafirah, Amerika.

DUMEVI DZROWO

“Mese le ɖokuinye me be nyemagate ŋu akpɔ dzidzɔ le agbe me o. Menɔ vɔvɔ̃m be mava ku; eye gawu la, menɔ vɔvɔ̃m ɖe xɔ̃nyewo kple nye ƒometɔwo hã nu be woava ku.”—Oleksandra, Ukraine.

“Enye nu si wɔ nublanui ŋutɔ be nànɔ fli me tso fɔfɔme ga 2 ʋuu va ɖo zã ga 11 be yeaxɔ nuɖuɖu, eye ate ŋu adzɔ ɣesiaɣi be tukpe aɖe nava lɔ wò le vo me. Esia ɖi vɔvɔ̃ ŋutɔ.”—Daler, Tajikistan.

“Aʋawɔwɔ wɔe be dzinyelawo ku eye mezu tsyɔ̃evi. Ame aɖeke meli afa akɔ nam alo alé be nam o.”—Marie, Rwanda.

Togbɔ be aʋawɔwɔ gblẽ nu le ame siawo ŋu ale gbegbe hã la, wote ŋu kpɔ ŋutifafa eye woƒe dzi dze eme. Gawu la, woka ɖe edzi bliboe be aʋawɔwɔ kple ʋunyaʋunyawo nu ayi kpuie. Gbetakpɔxɔ ƒe tata sia azã Biblia atsɔ ana míakpɔ ale si esia adzɔe.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe