INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w25 February axa 8-13
  • Ale Si Yehowa Ƒe Tsɔtsɔke Ðea Vi Na Wòe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ale Si Yehowa Ƒe Tsɔtsɔke Ðea Vi Na Wòe
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • YEHOWA ÐEA MÍAƑE NU VƆ̃WO ÐA
  • YEHOWA TUTUA MÍAƑE NU VƆ̃WO ÐA
  • YEHOWA DZRAA MÍA KPLII DOME ÐO
  • NU SI YEHOWA ƑE TSƆTSƆKE FIA NA MÍ
  • Ka Ðe Edzi Be Yehowa Tsɔ Wò Nu Vɔ̃wo Ke Wò
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • Mawu Si ‘Lɔ̃a Tsɔtsɔke’
    Te Ðe Yehowa Ŋu
  • Yehowa, Mawu Si ‘Lɔ̃a Tsɔtsɔke’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Míedaa Akpe Na Yehowa Be Etsɔa Míaƒe Nu Vɔ̃wo Kea Mí
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
w25 February axa 8-13

NUSƆSRƆ̃NYATI 7

HADZIDZI 15 Mikafu Yehowa Ƒe Ŋgɔgbevi La!

Ale Si Yehowa Ƒe Tsɔtsɔke Ðea Vi Na Wòe

“Gbɔwòe tsɔtsɔke vavãtɔ le.”—PS. 130:4.

TAÐODZINUA

Míadzro kpɔɖeŋunya wɔdɔɖeamedzi siwo Biblia zã tsɔ ɖɔ ale si Yehowa tsɔa nu vɔ̃wo kena la me. Esia awɔe be míagade asixɔxɔ geɖe eƒe tsɔtsɔkea ŋu.

1. Nu ka tae wòsesẽna na mí be míase egɔme ne amewo gblɔ be, “Metsɔe ke wò”?

“METSƆE KE WÒ.” Ne ame aɖe gblɔ nya sia na wò la, ana wò dzi nadze eme ŋutɔ, vevietɔ ne èdze agɔ le edzi. Gake nu ka tututue eƒe nya mawo fia? Ðe ame si dzi nèdze agɔ le la le gbɔgblɔm be ye kpli wò ƒe xɔlɔ̃kadodoa aɖɔ ɖo keŋkeŋua? Alo ɖe wofia ko be medi be yeagaƒo nu tso nyaa ŋu ake oa? Amegbetɔwo ƒe tsɔtsɔke ate ŋu afia nu vovovo.

2. Aleke Biblia ɖɔ Yehowa ƒe tsɔtsɔkee? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa hã.)

2 Yehowa ƒe tsɔtsɔke ya to vovo sãsãsã na ale si amegbetɔ madeblibowo tsɔna kena. Yehowa ƒe tsɔtsɔke le etɔxɛ. Hakpalaa gblɔ tso Yehowa ŋu be: “Gbɔwòe tsɔtsɔke vavãtɔ le, ne woavɔ̃ wò.”a (Ps. 130:4) Nyateƒee, Yehowa ƒe tsɔtsɔkee nye “tsɔtsɔke vavãtɔ.” Yehowa ɖeka koe ɖo nu si tututu tsɔtsɔke nye la ƒe kpɔɖeŋu nyuitɔ na mí. Hebrigbe me nya si Biblia ŋlɔlawo zã tsɔ ɖɔ Yehowa ƒe tsɔtsɔke la to vovo na esi wozã tsɔ ɖɔ amegbetɔwo ƒe tsɔtsɔke.

3. Aleke Yehowa ƒe tsɔtsɔke to vovo na amegbetɔwo tɔ? (Yesaya 55:​6, 7)

3 Ne Yehowa tsɔ ke ame aɖe la, etutua eƒe nu vɔ̃wo ɖa. Amea kple Yehowa dome ɖɔna ɖo keŋkeŋ. Edzɔa dzi na mí ŋutɔ be Yehowa le klalo ɣesiaɣi be yeatsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí keŋkeŋ.—Xlẽ Yesaya 55:​6, 7.

4. Aleke Yehowa kpe ɖe mía ŋu míeva se nu si tsɔtsɔke fia gɔme?

4 Esi Yehowa ƒe tsɔtsɔke to vovo na amegbetɔ madeblibowo tɔ ɖe, aleke míawɔ ase nu si tsɔtsɔke fia gɔme ŋutɔŋutɔ? Yehowa zã kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ wɔdɔɖeamedzi aɖewo tsɔ kpe ɖe mía ŋu míese nu si eƒe tsɔtsɔke fia la gɔme. Míadzro wo dometɔ aɖewo me le nyati sia me. Esia ana míakpɔ ale si Yehowa tutua míaƒe nu vɔ̃wo ɖa ne míetrɔ dzi me eye wònana mía kplii dome gava nɔna kplikplikpli. Kpɔɖeŋunya siawo me dzodzro akpe ɖe mía ŋu hã be míagalɔ̃ mía Fofo si tsɔna kea mí faa la ɖe edzi.

YEHOWA ÐEA MÍAƑE NU VƆ̃WO ÐA

5. Nu kae Yehowa ƒe tsɔtsɔke fia?

5 Zi geɖe la, Biblia tsɔa nu vɔ̃ sɔna kple agba kpekpe. Fia David gblɔ be: “Nye vodadawo kɔ gbɔ tanye; wole abe agba kpekpe si wu tsɔtsɔ nam ene.” (Ps. 38:4) Gake Yehowa tsɔna kea nu vɔ̃ wɔla siwo trɔ dzi me. (Ps. 25:18; 32:5) Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be ‘woatsɔ ake’ la fia be “woakɔ nane ɖa.” Le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, ɖeko Yehowa le abe ŋutsu sesẽ aɖe si kɔa míaƒe nu vɔ̃wo ƒe agba kpekpe ɖa le mía dzi ene.

Asi aɖe kɔ agba si le nɔviŋutsu aɖe kpem la ɖa le edzi.

“Nètsɔ nye nu vɔ̃wo ŋuti fɔɖiɖi kem” (Ps. 32:5)


6. Aleke gbegbee Yehowa tea míaƒe nu vɔ̃wo ɖa tso mía gbɔe?

6 Biblia zã kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ bubu si ɖe ale si Yehowa tea míaƒe nu vɔ̃wo ɖa la fia. Psalmo 103:12 gblɔ be: “Ale si ɣedzeƒe didi tso ɣetoɖoƒe gbɔe la, nenemae wòte míaƒe dzidadawo ɖa boo tso mía gbɔe.” Ɣedzeƒe didi boo tso ɣetoɖoƒe gbɔ, eye womate ŋu ado go gbeɖe o. Esia fia be Yehowa tea míaƒe nu vɔ̃wo ɖa yia adzɔge ʋĩi tso mía gbɔ. Ale si woɖɔ Yehowa ƒe tsɔtsɔke léa dzi na ame ale gbegbe!

Ɣe ɖo to.

“Ale si ɣedzeƒe didi tso ɣetoɖoƒe gbɔe” (Ps. 103:12)


7. Nu kae Biblia gblɔ be Yehowa wɔna kple míaƒe nu vɔ̃wo? (Mika 7:​18, 19)

7 Ne Yehowa kɔ míaƒe nu vɔ̃wo ɖa le mía dzi la, ɖe wògakpɔtɔ lénɛ ɖe asia? Kura o. Fia Hizkiya gblɔ tso Yehowa ŋu be: “Ètsɔ nye nu vɔ̃wo katã ƒu gbe ɖe megbewò.” Alo abe ale si etenuŋɔŋlɔa gblɔe ene la, “èɖe nye nu vɔ̃wo ɖa le ŋkuwò me.” (Yes. 38:​9, 17; etenuŋɔŋlɔ) Kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ sia fia be Yehowa kɔa nu vɔ̃ wɔla si trɔ dzi me la ƒe nu vɔ̃wo ɖa le edzi eye wòtsɔnɛ ƒua gbe ɖe afi si eƒe ŋkuwo megakpɔnɛ o. Míagate ŋu agblɔ nya mawo le mɔ bubu nu be: “Èwɔ [nye nu vɔ̃wo] abe ɖe womedzɔ kura o ene.” Biblia gate gbe ɖe nya vevi sia dzi le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ bubu si dze le Mika 7:​18, 19 me. (Xlẽe.) Wogblɔ le afi ma be Yehowa tsɔa míaƒe nu vɔ̃wo ƒua gbe ɖe atsiaƒu ƒe gogloeƒe ke. Le blema la, manya wɔ gbeɖe be woavae ɖe nane si wotsɔ ƒu gbe ɖe atsiaƒu ƒe gogloeƒe o. 

Nɔnɔmetata vovovoawo: 1. Agba kpekpe aɖe si wotsɔ ƒu gbe ɖe Yehowa ƒe dziƒofiazikpuia megbe. 2. Agba kpekpe aɖe nyrɔ ɖe atsiaƒu gɔme.

“Ètsɔ nye nu vɔ̃wo katã ƒu gbe ɖe megbewò” (Yes. 38:17)

“Àtsɔ woƒe nu vɔ̃wo katã aƒu gbe ɖe atsiaƒu ƒe gogloeƒe” (Mika 7:19)


8. Va ɖo fifia la, nu kae míesrɔ̃?

8 Míeva srɔ̃e le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ siawo me be ne Yehowa tsɔ míaƒe nu vɔ̃ ke mí la, eɖenɛ ɖa le mía dzi keŋkeŋ be míakpɔ gbɔdzɔe. Nyateƒee, abe ale si David gblɔe ene la, “dzidzɔtɔwoe nye ame siwo ƒe dzidadawo wotsɔ ke, ame siwo ƒe nu vɔ̃wo dzi wotsyɔ nui; dzidzɔtɔe nye ame si ƒe nu vɔ̃ Yehowa mabu nɛ kura o.” (Rom. 4:​7, 8) Emae nye tsɔtsɔke vavãtɔ!

YEHOWA TUTUA MÍAƑE NU VƆ̃WO ÐA

9. Kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ bubu kawoe Yehowa zã tsɔ ɖe ale si gbegbe eƒe tsɔtsɔke de toe la fia?

9 Yehowa zã kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ bubuwo tsɔ kpe ɖe mía ŋu míekpɔ ale si wònɔa te ɖe tafevɔsaa dzi tutua ame siwo trɔ dzi me la ƒe nu vɔ̃wo ɖa. Ðeko wòle abe Yehowa klɔa míaƒe nu vɔ̃wo ɖa eye wònaa mía ŋu kɔna ene. (Ps. 51:7; Yes. 4:4; Yer. 33:8) Yehowa ŋutɔ gblɔ nu siwo ado tso eme la be: “Ne miaƒe nu vɔ̃wo biã helĩhelĩ hã la, woafu abe sno ene; ne wobiã abe nyagadzĩ ene hã la, woazu abe alẽfu ene.” (Yes. 1:18) Ne nu dzĩ ɖe ɖe awu me la, esesẽna ŋutɔ be woaɖee. Gake Yehowa to kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ sia dzi ka ɖe edzi na mí be yeate ŋu atutu míaƒe nu vɔ̃wo ɖa keŋkeŋ ale be magadze woakpɔ kura o.

Nɔvinyɔnu aɖe do awu ɣi si me nu dzĩ ɖe ɖo. Emegbe nɔvinyɔnua do awu ma ke, gake nu dzĩ aɖeke medze le eme o.

“Ne miaƒe nu vɔ̃wo biã helĩhelĩ hã la, woafu abe sno ene” ( Yes. 1:​18)


10. Kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ bubu kae Yehowa zã tsɔ ɖɔ ale si gbegbe wòtsɔna kenae?

10 Míekpɔe le nyati si do ŋgɔ me be míaƒe nu vɔ̃wo le abe fe siwo míenyi ene. (Mat. 6:12; Luka 11:4) Ɣesiaɣi si míewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu la, ɖeko wòle abe míedzi míaƒe fewo ɖe edzi ene. Míenyi fe gbogbo aɖewo le eŋu. Gake ne Yehowa tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí la, ɖeko wòle abe ete fli ɖe míaƒe fewo me eye magabu wo na mí azɔ o ene. Megabiaa nu vɔ̃ siwo míewɔ ɖe eŋu la ŋuti kɔnta mí o. Yehowa ƒe tsɔtsɔke ƒe kpɔɖeŋu sia nana míaƒe dzi dzea eme ŋutɔ!

Asi aɖe le agbalẽvi aɖe vuvum esime nɔviŋutsu aɖe le eƒe dzimenyawo gblɔm.

“Tsɔ míaƒe fewo ke mí” (Mat. 6:12)


11. Ne Biblia gblɔ be Yehowa tutu míaƒe nu vɔ̃wo ɖa la, nu kae wòfia? (Dɔwɔwɔwo 3:19)

11 Menye ɖeko Yehowa tea fli ɖe míaƒe fewo alo nu vɔ̃wo me ko evɔ o, ke boŋ etutua wo ɖa. (Xlẽ Dɔwɔwɔwo 3:19.) Ne wote fli ɖe ame aɖe ƒe fe me la, nu si vaa susu me na mí zi geɖee nye fli legbee aɖe si wote ɖe amea ƒe fe ŋuti nuŋlɔɖiwo me. Ne wowɔe nenema la, nuŋlɔɖia kpɔtɔ dzena wokpɔna. Gake ne wotutu nane ɖa la, eya to vovo kura. Be míase kpɔɖeŋunya sia gɔme la, ele be míaɖo ŋkui be le blema la, nuŋlɔtsi si wozãna la nye esi woate ŋu atsɔ tsi kple akutsa atutu bɔbɔe. Eya ta ne ‘wotutu’ ame aɖe ŋu fe ‘ɖa’ la, nuŋlɔɖia megadzena kura wokpɔna o. Ðeko wònɔna abe amea menyi fe kura o ene. Edzɔ dzi na mí be míenyae be menye ɖeko Yehowa tea fli ɖe nu vɔ̃wo me o, ke etutuna wo ɖa keŋkeŋ hã!—Ps. 51:9.

Asi aɖe tsɔ akutsa le nuŋɔŋlɔ aɖe tutum ɖa le agbalẽ dzi.

“Ne woatutu miaƒe nu vɔ̃wo ɖa” (Dɔw. 3:19)


12. Nu kae míesrɔ̃ tso kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ si ku ɖe alilikpo dodo ŋu la me?

12 Yehowa zã kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ bubu aɖe tsɔ ɖɔ ale si wòtutua míaƒe nu vɔ̃wo ɖa. Egblɔ be: “Matutu wò dzidadawo ɖa abe alilikpoe metsɔ tsyɔ wo dzi ene, kple wò nu vɔ̃wo ɖa abe alilikpo dodoe metsɔ tsyɔ wo dzi ene.” (Yes. 44:22) Ne Yehowa tsɔ vodadawo ke la, ɖeko wòle abe etsɔ alilikpo dodo tsyɔ wo dzi ene ale be ŋku nagate ŋu akpɔe o.

Alilikpo dodo.

“Matutu wò dzidadawo ɖa abe alilikpoe metsɔ tsyɔ wo dzi ene” (Yes. 44:​22)


13. Ne Yehowa tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí la, vi kae wòɖena na mí?

13 Nu kae míesrɔ̃ tso kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ mawo me? Ne Yehowa tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí la, masɔ be míanɔ fɔ bum mía ɖokui ɖe vodada mawo ta le míaƒe agbemeŋkekewo katã me o. To Yesu Kristo ƒe tafevɔsaa dzi la, Yehowa te fli ɖe míaƒe fewo katã me. Ne Yehowa tsɔ nu vɔ̃ mawo ke mí la, ɖeko wòle abe míewɔ wo kura gɔ̃ hã o ene. Alea gbegbee Yehowa tsɔa míaƒe nu vɔ̃wo kea mí ne míetrɔ dzi me. Emae nye tsɔtsɔke vavãtɔ.

YEHOWA DZRAA MÍA KPLII DOME ÐO

Nɔvinyɔnu aɖe le gota, eɖe dzi ɖi le ŋugble dem.

Yehowa ƒe tsɔtsɔke wɔnɛ be mía kplii dome nɔna nyuie (Kpɔ memama 14)


14. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe Yehowa ƒe tsɔtsɔke dzi? (Kpɔ fotoawo hã.)

14 Yehowa ƒe tsɔtsɔke vavãtɔ la wɔnɛ be mía kplii dome nɔna nyuie. Esia kpena ɖe mía ŋu be míaganɔ fɔ bum mía ɖokuiwo o. Mahiã be míanɔ vɔvɔ̃m be Yehowa lé mí ɖe dɔme eye wòle mɔnu dim be yeahe to na mí o. Ema madzɔ gbeɖe o. Nu ka tae wòle be míaka ɖe Yehowa ƒe tsɔtsɔke dzi? Yehowa gblɔ to nyagblɔɖila Yeremiya dzi be: “Matsɔ woƒe vodada ake, eye nyemagaɖo ŋku woƒe nu vɔ̃wo dzi azɔ o.” (Yer. 31:34) Apostolo Paulo hã he susu yi Yehowa ƒe nya mawo dzi be: “Nyemagaɖo ŋku woƒe nu vɔ̃wo dzi azɔ o.” (Heb. 8:12) Nu kae nya mawo fia?

Nɔviŋutsu aɖe fɔ mo dzi le dziƒo kpɔm.

“Nyemagaɖo ŋku woƒe nu vɔ̃wo dzi azɔ o” (Yer. 31:34)


15. Mɔ ka nue Yehowa magaɖo ŋku míaƒe nu vɔ̃wo dzi le o?

15 Ne Biblia gblɔ be ‘woaɖo ŋku nane dzi’ la, mefia kokoko be ame ƒe susu nayi nua dzi alo anɔ eŋu bum ko o. Agate ŋu afia be amea nawɔ nane alo aɖe afɔ aɖe. Le kpɔɖeŋu me, adzodala si woklã ɖe Yesu xa la gblɔ nɛ be: “Yesu, ɖo ŋku dzinye ne èva ɖo wò Fiaɖuƒe la me.” (Luka 23:​42, 43) Menye ɖeko wònɔ gbɔgblɔm na Yesu be wòabu ye ŋu ne eva le Fia ɖum o. Nya si Yesu gblɔ na adzodalaa ɖee fia be yeafɔe ɖe tsitre. Eya ta ne Yehowa gblɔ be yemagaɖo ŋku míaƒe nu vɔ̃wo dzi o la, nu si wòfiae nye be yeatsɔ ake mí eye yemagawɔ naneke atsɔ ahe to na mí ɖe nu vɔ̃ mawo ke ta le etsɔme o. 

16. Nu kae Biblia tsɔ mí sɔ kple?

16 Biblia zã kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ bubu tsɔ kpe ɖe mía ŋu míekpɔ ale si Yehowa ƒe tsɔtsɔke vavãtɔ nana ablɔɖee. Esi míede blibo o ta la, Biblia gblɔ be míenye “nu vɔ̃ ƒe kluviwo.” Gake Yehowa ƒe tsɔtsɔke wɔe be “wona ablɔɖe [mí] tso nu vɔ̃ me.” (Rom. 6:​17, 18; Nyaɖ. 1:5) Vavãe, Yehowa ƒe tsɔtsɔke wɔnɛ be míeglina kple dzidzɔ abe kluvi si wona ablɔɖee ene.

Kɔsɔkɔsɔ si wode ame aɖe ƒe asiwo la tso.

“Wona ablɔɖe mi tso nu vɔ̃ me” (Rom. 6:18)


17. Vi kae Yehowa fe tsɔtsɔke ɖena na mí? (Yesaya 53:5)

17 Xlẽ Yesaya 53:5. Kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ mamlɛ si me míadzro la tsɔ mí sɔ kple ame siwo le dɔ vɔ̃ aɖe lém. Yehowa to Via ƒe tafevɔsaa dzi da gbe le mía ŋu le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu. (1 Pet. 2:24) Esi nu vɔ̃ wɔe be míedze dɔ le gbɔgbɔ me si na mía kple Yehowa dome gblẽ ta la, Yehowa to tafea dzi dzra mía kplii dome ɖo keŋkeŋ. Ale si ko ame si haya tso dɔléle vɔ̃ɖi aɖe me kpɔa dzidzɔe la, nenemae míawo hã míekpɔa dzidzɔ ne Yehowa da gbe le mía ŋu eye míaƒe nu gadzea eŋu.

Nɔnɔmetata vovovoawo: Yesu ƒe vɔsaa dzra mía kple Yehowa dome ɖo. 1. Yesu le fuwɔameti ŋu. 2. Nɔviŋutsu aɖe le tsaɖibɔ me, eƒe dzi dze eme eye wòle gbe dom ɖa.

“Eƒe abiwoe na woda gbe le mía ŋu” (Yes. 53:5)


NU SI YEHOWA ƑE TSƆTSƆKE FIA NA MÍ

18. Nu kae míesrɔ̃ tso kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ siwo ku ɖe Yehowa ƒe tsɔtsɔke ŋu la me? (Kpɔ aɖaka si nye “Ale Si Yehowa Tsɔna Kenae” hã.)

18 Nu kae míesrɔ̃ tso kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ siwo ku ɖe Yehowa ƒe tsɔtsɔke ŋu la me? Eyae nye be Yehowa tsɔ kena keŋkeŋ eye mehea to na mí ɖe nu vɔ̃ mawo ke ta o. Esia wɔnɛ be mía kple mía Fofo si le dziƒo la dome gava nɔa kplikplikpli. Gake ele be míaɖo ŋku edzi be nunanae tsɔtsɔke vavãtɔ nye. Yehowa ƒe lɔlɔ̃ kple amenuvevee wɔe be wòlɔ̃na faa tsɔa míaƒe nu vɔ̃wo kea mí, ke menye ɖe míedze nɛ tae o.—Rom. 3:24.

Kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ siwo ŋu míeƒo nu tsoe le nyatia me ƒe fotowo. Nɔnɔmetata vovovoawo: Eɖea nu vɔ̃wo ɖa. 1. “Nètsɔ nye nu vɔ̃wo ŋuti fɔɖiɖi kem”: Asi aɖe kɔ agba si le nɔviŋutsu aɖe kpem la ɖa le edzi. 2. “Ale si ɣedzeƒe didi tso ɣetoɖoƒe gbɔe”: Ɣe ɖo to. 3. “Ètsɔ nye nu vɔ̃wo katã ƒu gbe ɖe megbewò”: Agba kpekpe aɖe si wotsɔ ƒu gbe ɖe Yehowa ƒe dziƒofiazikpuia megbe. 4. “Àtsɔ woƒe nu vɔ̃wo katã aƒu gbe ɖe atsiaƒu ƒe gogloeƒe”: Agba kpekpe aɖe nyrɔ ɖe atsiaƒu gɔme. Nɔnɔmetata vovovoawo: Etutua nu vɔ̃wo ɖa. 1. “Ne miaƒe nu vɔ̃wo biã helĩhelĩ hã la, woafu abe sno ene”: Nɔvinyɔnu aɖe do awu ɣi si me nu dzĩ ɖe ɖo. Emegbe nɔvinyɔnua do awu ma ke, gake nu dzĩ aɖeke medze le eme o. 2. “Tsɔ míaƒe fewo ke mí”: Asi aɖe le agbalẽvi aɖe vuvum esime nɔviŋutsu aɖe le eƒe dzimenyawo gblɔm. 3. “Ne woatutu miaƒe nu vɔ̃wo ɖa”: Asi aɖe tsɔ akutsa le nuŋɔŋlɔ aɖe tutum ɖa le agbalẽ dzi. 4. “Matutu wò dzidadawo ɖa abe alilikpoe metsɔ tsyɔ wo dzi ene”: Alilikpo dodo. Nɔnɔmetata vovovoawo: Edzraa mía kplii dome ɖo. 1. “Nyemagaɖo ŋku woƒe nu vɔ̃wo dzi azɔ o”: Nɔviŋutsu aɖe fɔ mo dzi le dziƒo kpɔm. 2. “Wona ablɔɖe mi tso nu vɔ̃ me”: Kɔsɔkɔsɔ si wode ame aɖe ƒe asiwo la tso. 3. “Eƒe abiwoe na woda gbe le mía ŋu”: Yesu le fuwɔameti ŋu. Le foto bubu me la, nɔviŋutsu aɖe le tsaɖibɔ me, eƒe dzi dze eme eye wòle gbe dom ɖa.

19. (a) Nu ka tae wòle be míanɔ akpe dam na Yehowa? (Romatɔwo 4:8) (b) Nu ka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

19 Xlẽ Romatɔwo 4:8. Ele be dzi nadzɔ mía dometɔ ɖe sia ɖe be “tsɔtsɔke vavãtɔ” tso Yehowa Mawu gbɔ, eye míanɔ akpe dam nɛ ɖe eta. (Ps. 130:4) Ke hã ne míedi be Yehowa natsɔ ake mí la, ele be míawɔ nu vevi aɖe. Yesu gblɔ be: “Ne mietsɔa amewo ƒe vodadawo kea wo o la, mia Fofo hã matsɔ miaƒe vodadawo ake mi o.” (Mat. 6:​14, 15) Eya ta, ele vevie be míasrɔ̃ Yehowa atsɔ ake amewo. Aleke míawɔ esiae? Nyati si kplɔe ɖo akpe ɖe mía ŋu.

ALEKE NÀÐO WO ŊUI?

  • Aleke Biblia ɖɔ ale si Yehowa ɖea míaƒe nu vɔ̃wo ɖae?

  • Aleke míewɔ nya be Yehowa tutua míaƒe nu vɔ̃wo ɖa?

  • Aleke Yehowa ƒe tsɔtsɔke ɖea vi na wòe?

HADZIDZI 46 Yehowa, Míeda Akpe Na Wò

a Nya si Hebrigbe me Biblia gbãtɔ zã na tsɔtsɔke vavãtɔe nye “tsɔtsɔke la.” Esia fia be togbɔ be tsɔtsɔke vovovoe li hã la, Yehowa ƒe tsɔtsɔke koe nye vavãtɔ. Biblia gɔmeɖeɖe geɖe mena vovototo vevi sia dze o, gake Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia la na wòdze ƒãa. Esia na ale si woɖe Psalmo 130:4 gɔme la ɖe dzesi.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe