NUSƆSRƆ̃NYATI 34
HADZIDZI 3 Wòe Nye Míaƒe Ŋusẽ Kple Míaƒe Mɔkpɔkpɔ
Ka Ðe Edzi Be Yehowa Tsɔ Wò Nu Vɔ̃wo Ke Wò
‘Ètsɔ nye nu vɔ̃wo ŋuti fɔɖiɖi kem.’—PS. 32:5.
TAÐODZINUA
Yehowa do ŋugbe be yeatsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí ne míetrɔ dzi me. Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míaka ɖe esia dzi.
1-2. Aleke míesena le mía ɖokui me ne míenya be Yehowa tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí? (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)
FIA David ƒe dzitsinya ɖe fu nɛ le nu vɔ̃ gã siwo wòwɔ va yi la ta. (Ps. 40:12; 51:3; etamenuŋɔŋlɔ) Ke hã, David trɔ dzi me ŋutɔŋutɔ eye Yehowa tsɔe kee. (2 Sam. 12:13) Esia na David kpɔ gbɔdzɔe eye dzi dzɔe ale gbegbe.—Ps. 32:1.
2 Ne Yehowa kpɔ nublanui na mí tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí la, míawo hã míate ŋu akpɔ gbɔdzɔe abe David ene. Efaa akɔ na mí ŋutɔ be míanya be Yehowa lɔ̃na faa be yeatsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí, nu vɔ̃ gãwo gɔ̃ hã, ne míetrɔ dzi me ŋutɔŋutɔ, míeʋu míaƒe nu vɔ̃wo me, eye míedze agbagba be míagawɔ wo ake o! (Lod. 28:13; Dɔw. 26:20; 1 Yoh. 1:9) Dzi dzɔa mí be Yehowa tsɔa míaƒe nu vɔ̃wo kea mí keŋkeŋ hetutua wo ɖa abe ɖe womedzɔ kura gɔ̃ hã o ene!—Eze. 33:16.
Fia David kpa ha geɖe siwo ɖɔ ale si Yehowa tsɔna kenae (Kpɔ memama 1-2)
3-4. Aleke nɔvinyɔnu aɖe se le eɖokui me esi wòxɔ nyɔnyrɔ vɔ megbe, eye nu ka mee míadzro le nyati sia me?
3 Esesẽna na ame aɖewo ɣeaɖewoɣi be woaka ɖe edzi be Yehowa tsɔ yewoƒe nu vɔ̃wo ke yewo. Nenemae Jennifer, si wonyi le nyateƒea me la se le eɖokui me. Esi wònye sɔhɛ la, enɔ agbe eve nɔm eye wòva ƒo eɖokui ɖe nu gbegblẽ aɖewo me. Ƒe aɖewo megbe la, etrɔ va Yehowa gbɔ eye wòva dze xɔ nyɔnyrɔ. Egblɔ be: “Tsãa, meƒo ɖokuinye ɖe gadidi vivivo, gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ kple ahatsunono me, eye medoa dziku kabakaba. Menya be esi meɖe kuku bia tsɔtsɔke hetrɔ dzi me la, Yehowa nɔ te ɖe Kristo ƒe tafevɔsaa dzi tsɔ nye nu vɔ̃wo kem. Gake nyemete ŋu ka ɖe edzi ŋutɔŋutɔ le nye dzi me be Yehowa tsɔe kem o.”
4 Ðe wòsesẽna na wò ɣeaɖewoɣi be nàka ɖe edzi be Yehowa tsɔ wò nu vɔ̃wo ke wòa? Ðo ŋku ale si David se le eɖokui me dzi; eka ɖe edzi be Yehowa kpɔ nublanui na ye eye wòtsɔ yeƒe nu vɔ̃wo ke ye. Yehowa di be wò hã nàse le ɖokuiwò me nenema. Le nyati sia me la, míakpɔ nu si tae wòle vevie be míaka ɖe edzi be Yehowa tsɔa míaƒe nu vɔ̃wo kea mí. Eyome míade dzesi nu siwo míawɔ be kakaɖedzi sia nasu mía si.
NU KA TAE WÒLE VEVIE BE MÍAKA ÐE EDZI BE YEHOWA TSƆA MÍAƑE NU VƆ̃WO KEA MÍ?
5. Nu ka dzie Satana di be míaxɔ ase? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.
5 Ne míeka ɖe edzi be Yehowa tsɔa míaƒe nu vɔ̃wo kea mí vavã la, míate ŋu aƒo asa na Satana ƒe mɔ̃tetrewo dometɔ ɖeka. Ðo ŋku edzi be Satana awɔ nu sia nu si wòate ŋui be yeana míadzudzɔ Yehowa subɔsubɔ. Mɔ aɖe si dzi wòtona wɔa esiae nye be yeana míaxɔe ase be Yehowa metsɔa míaƒe nu vɔ̃wo kea mí o. Bu ŋutsu si woɖe le hamea me le Korinto le gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ ta la ŋu kpɔ. (1 Kor. 5:1, 5, 13) Ŋutsua va trɔ dzi me, gake Satana ƒe didie nye be hamea me tɔwo nagbe be yewomatsɔ akee o ale be woagatrɔ axɔe o. Satana di hã be ŋutsu si trɔ dzi me la nase le eɖokui me be womate ŋu atsɔ ake ye o, ‘ale be nuxaxa akpa namii’ eye wòadzudzɔ Yehowa subɔsubɔ. Satana ƒe taɖodzinu kple ayemɔwo metrɔ o, nenema ko wogale egbea hã. Gake “eƒe ayemɔwo mele ɣaɣla ɖe mí o.”—2 Kor. 2:5-11.
6. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míadzudzɔ fɔbubu mía ɖokui?
6 Ne míeka ɖe edzi be Yehowa tsɔa míaƒe nu vɔ̃wo kea mí vavã la, míakpɔ dzidzeme eye míaƒe dzitsinya mabu fɔ mí o. Ne míewɔ nu vɔ̃ la, míaƒe dzitsinya bua fɔ mí. (Ps. 51:17) Eye esɔ nenema hã. Elabe míaƒe dzitsinya ate ŋu aʋã mí míawɔ tɔtrɔ siwo hiã. (2 Kor. 7:10, 11) Gake ne míetrɔ dzi me evɔ wòle wɔwɔm na mí be Yehowa metsɔe ke mí o la, dzi ate ŋu aɖe le mía ƒo eye míava dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ. Ne míeka ɖe edzi ŋutɔŋutɔ be Yehowa tsɔe ke mí la, ke míadzudzɔ fɔbubu mía ɖokui. Ekema dzi adzɔ mí eye míatsɔ dzitsinya si ŋu kɔ asubɔ Yehowa abe ale si wòdi ene. (Kol. 1:10, 11; 2 Tim. 1:3) Nu kawoe akpe ɖe mía ŋu míaka ɖe edzi tso dzi blibo me be Mawu tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí?
NU KAWOE AKPE ÐE MÍA ŊU MÍAKA ÐE YEHOWA ƑE TSƆTSƆKE DZI?
7-8. Nya kae Yehowa gblɔ tso eɖokui ŋu na Mose, eye nu ka dzie esia na míeka ɖo? (2 Mose 34:6, 7)
7 De ŋugble le nya siwo Yehowa gblɔ tso eɖokui ŋu la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, esi Mose di be yeanya nu geɖe tso Yehowa ŋu la, Yehowa gblɔ nya aɖe si wɔa dɔ ɖe ame dzi la nɛ le Sinai Toa dzi.a (Xlẽ 2 Mose 34:6, 7.) Togbɔ be nɔnɔme lédziname geɖewo le Yehowa si hã la, esi dzi wòhe susu yi na Mose ye nye be yenye “Mawu nublanuikpɔla kple veveseɖeamenula.” Ne aleae Mawu ɖɔ eɖokui la, ke ɖe wòagbe be yematsɔ ake esubɔla si trɔ dzi me vavã oa? Ao ɖe! Ne Yehowa gbe be yematsɔ ake o la, ke enye tagbɔsẽla kple nublanuimakpɔla. Gake Yehowa mele nenema kura koŋ o!
8 Míate ŋu aka ɖe edzi be ne Yehowa be yenye nublanuikpɔla la, ke nenema tututue wòle, elabena mekaa aʋatso o. (Ps. 31:5) Eya ta míate ŋu axɔ eƒe nyawo dzi ase. Ne ègakpɔtɔ bua fɔ ɖokuiwò ɖe nu vɔ̃ siwo nèwɔ va yi ta la, bia ɖokuiwò be: ‘Ðe meka ɖe edzi be Yehowa nye nublanuikpɔla kple veveseɖeamenula nyateƒea? Ne nu vɔ̃ wɔla aɖe trɔ dzi mea, ɖe wòagbe be yematsɔ akee oa? Ke ɖe mele be maka ɖe edzi be etsɔ nye nu vɔ̃wo kem oa?’
9. Nu kae wòfia be woatsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí? (Psalmo 32:5)
9 De ŋugble le nya siwo Yehowa ƒe gbɔgbɔ ʋã Biblia ŋlɔlawo wogblɔ tso eƒe tsɔtsɔke ŋu la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, de dzesi nya si Biblia ŋlɔla David gblɔ tso Yehowa ƒe tsɔtsɔke ŋu. (Xlẽ Psalmo 32:5.) David gblɔ be: “[Ètsɔ] nye nu vɔ̃wo ŋuti fɔɖiɖi kem.” Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be ‘tsɔ ke’ agate ŋu afia be “woakɔ nane ɖa” alo “akɔ nane adzoe.” Eya ta esi Yehowa tsɔ ke David la, David se le eɖokui me abe ɖe Yehowa kɔ yeƒe nu vɔ̃ ƒe agba ɖa le ye dzi alo kɔe dzoe ene. Esia wɔe be David kpɔ gbɔdzɔe tso dzitsinya ƒe fɔbuame si zu agba kpekpe le edzi la me. (Ps. 32:2-4) Míawo hã míate ŋu akpɔ gbɔdzɔe ma tɔgbi. Ne míetrɔ dzi me vavã tso míaƒe nu vɔ̃wo me la, ke megahiã be míayi edzi anɔ fɔ bum mía ɖokui ɖe nu vɔ̃ siwo ƒe agba Yehowa kɔ ɖa le mía dzi la ta o.
10-11. Nu kae nya siwo wogblɔ tso Yehowa ŋu be ‘èlɔ̃a tsɔtsɔke’ fia mí? (Psalmo 86:5)
10 Xlẽ Psalmo 86:5. David gblɔ tso Yehowa ŋu le afi sia be, ‘èlɔ̃a tsɔtsɔke.’ Esi Biblia ƒe numekugbalẽ aɖe nɔ nu ƒom tso mawunyakpukpui sia ŋu la, egblɔ tso Yehowa ŋu be: “Enye ‘ame si tsɔna kena’—si fia be ‘nenemae eya amea le.’” Nu ka tae míate ŋu agblɔ be nenemae Yehowa le? Kpukpuia yi edzi gblɔ be: “Amenuveve bɔ ɖe asiwò na ame siwo katã yɔa wò la.” Abe ale si míesrɔ̃e le nyati si do ŋgɔ me ene la, Yehowa do ŋugbe be yeayi edzi alɔ̃ ye subɔla wɔnuteƒewo eye yemagblẽ wo ɖi o. Yehowa ƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o aʋãe ‘wòatsɔ ake’ nu vɔ̃ wɔla siwo katã trɔ dzi me la “faa.” (Yes. 55:7, etenuŋɔŋlɔ) Ne esesẽ na wò kokoko be nàka ɖe Mawu ƒe tsɔtsɔke dzi la, ke bia ɖokuiwò be: ‘Ðe mexɔe se be Yehowa tsɔna kena eye be ame siwo katã trɔ dzi me eye wobiae be wòakpɔ nublanui na yewo la, elɔ̃na faa tsɔna kea woa? Ke ɖe mele be malɔ̃ ɖe edzi be etsɔe kem esi meɖe kuku nɛ be wòakpɔ nublanui nam oa?’
11 Efaa akɔ na mí ŋutɔ esi Biblia na míenya be Yehowa nya míaƒe wɔwɔme nyuie, enya be míede blibo o. (Ps. 139:1, 2) Esia me kɔ ƒãa le psalmo bubu aɖe si David ŋlɔ me si hã akpe ɖe mía ŋu míaka ɖe Yehowa ƒe tsɔtsɔke dzi.
YEHOWA ÐOA ŊKU NANE DZI, WÒ HÃ ÐO ŊKU EDZI
12-13. Le Psalmo 103:14 ƒe nya nu la, nu ka dzie Yehowa ɖoa ŋkui tso mía ŋu, eye nu kae esia ʋãnɛ wòwɔna?
12 Xlẽ Psalmo 103:14. David gblɔ tso Yehowa ŋu be “eɖoa ŋui be kewɔe míenye.” David ƒe nya siawo ɖe susu siwo tae Yehowa le klalo be yeatsɔ nu vɔ̃ wɔla siwo trɔ dzi me ƒe nu vɔ̃wo ake wo la dometɔ ɖeka fia. Eyae nye be eɖoa ŋku edzi ɣesiaɣi be nuvɔ̃mewoe míenye. Be míate ŋu ase nya sia gɔme nyuie la, mina míadzro David ƒe nya ma me vie.
13 David gblɔ be Yehowa “[nya] míaƒe wɔwɔme nyuie.” ‘Anyie wòtsɔ mè’ Adam, si fia be seɖoƒe li na nuwɔwɔ siwo wòtsɔ anyi wɔ la. Enya be togbɔ be yewɔ ame wòde blibo hã la, wohiã nanewo godoo be woanɔ agbe. Le kpɔɖeŋu me, ehiã be woagbɔ ya, aɖu nu, eye woamlɔ anyi aɖi ɖe eme. (1 Mose 2:7) Gake esi Adam kple Xawa wɔ nu vɔ̃ la, hiahiã bubu aɖe va le woƒe dzidzimeviwo ŋu. Eyae nye be woawɔ avu kple woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo. Elabe eva le bɔbɔe be amegbetɔwo nawɔ nu vɔ̃. Yehowa nya be míenye nuvɔ̃mewo; gake David gazã nya aɖe si wɔa dɔ ɖe ame dzi. Egblɔ be Yehowa ‘ɖoa ŋku edzi.’ Hebrigbe me nya si wozã fia be woaɖe afɔ vevi aɖe alo awɔ nane tso nɔnɔmea ŋu. Eya ta míate ŋu aɖe David ƒe nyawo me ale: Yehowa nya be míada vo ɣeaɖewoɣi; eye ne míeda vo la, enɔa klalo be yeakpɔ nublanui na mí ahatsɔ ake mí ne míetrɔ dzi me vavã.—Ps. 78:38, 39.
14. (a) Nya bubu kae David gblɔ tso Yehowa ƒe tsɔtsɔke ŋu, eye nu kae esia fia? (Psalmo 103:12) (b) Aleke nu si me David ŋutɔ to la ɖee fia be Yehowa tsɔ kena keŋkeŋ? (Kpɔ aɖaka si nye “Yehowa Tsɔa Nu Vɔ̃wo Kena Eye Megaɖoa Ŋku Wo Dzi O.”)
14 Nu bubu kae míagate ŋu asrɔ̃ tso Psalmo 103 lia me ku ɖe Yehowa ƒe tsɔtsɔke ŋu? (Xlẽ Psalmo 103:12.) David gblɔ be ne Yehowa tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí la, edaa wo ɖe adzɔge boo abe “ale si ɣedzeƒe didi tso ɣetoɖoƒe gbɔe” ene. Le nyaa nu la, ɣedzeƒe didi boo tso ɣetoɖoƒe gbɔ eye womate ŋu akpe ŋgo gbeɖe o. Nu kae nya siawo fia mí tso ale si Yehowa tsɔa nu vɔ̃ kenae ŋu? Numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Ne Mawu te nu vɔ̃ ɖa yi adzɔge ʋĩi alea la, ke efia be míate ŋu aka ɖe edzi be megaɖoa ŋku edzi o eye nu vɔ̃a ƒe ʋeʋẽ gɔ̃ hã meganɔa afi aɖeke o.” Wò ya bu eŋu kpɔ: Ɣeaɖewoɣia, nane ƒe ʋeʋẽ nana míeɖoa ŋku nane dzi. Gake ne Yehowa tsɔe ke mí la, ele ko abe nu vɔ̃a ƒe ʋeʋẽ aɖeke manɔ anyi si ana wòagaɖo ŋku edzi ahe to na mí ɖe eta o ene.—Eze. 18:21, 22; Dɔw. 3:19.
15. Nu kae míate ŋu awɔ ne míekpɔtɔ le fɔ bum mía ɖokui ɖe nu vɔ̃ siwo míewɔ va yi ta?
15 Aleke David ƒe nya siwo dze le Psalmo 103 ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaka ɖe Yehowa ƒe tsɔtsɔke dzi? Ne wò dzitsinya kpɔtɔ le fɔ bum wò le nu vɔ̃ aɖe si nèwɔ va yi ta la, àte ŋu abia ɖokuiwò be: ‘Ðe nu siwo dzi Yehowa ɖoa ŋkui la bu le susu me nama? Ðe meŋlɔ be be eɖoa ŋku edzi be nuvɔ̃mee menye eye ne metrɔ dzi me la, ele klalo be yeatsɔ nye nu vɔ̃wo akema? Ðe mekpɔtɔ le ŋku ɖom nu si dzi Yehowa megaɖoa ŋkui oa? Alo ɖe mekpɔtɔ le ŋku ɖom nu vɔ̃ siwo wòtsɔ kem eye magahe to nam ɖe wo ta o la dzia?’ Yehowa megabua nu vɔ̃ siwo míewɔ va yia ŋu o, eya ta mele be míawo hã míanɔ ema wɔm o. (Ps. 130:3) Ne míeka ɖe edzi ŋutɔŋutɔ be Yehowa tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí la, esia ana míatsɔe ake mía ɖokui, eye míayi edzi asubɔe kple dzidzɔ.
16. Ðe wòle be míanɔ ŋku ɖom nu vɔ̃ siwo míewɔ va yi la dzi ɣesiaɣia? Ðe eme. (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)
16 Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Ne ame aɖe le ʋu kum la, ekpɔa ahuhɔ̃e me ɣeaɖewoɣi be yeanya nu siwo le dzɔdzɔm le megbea. Gake ne megbekpɔhuhɔ̃e me ko kpɔm wòle madzudzɔmadzudzɔe la, ate ŋu akpɔ afɔku bɔbɔe. Be wòate ŋu aku ʋua aɖo afi si yim wòle dedie la, ahiã be wòanɔ ŋgɔgbea kpɔm geɖe wu. Nenema kee míaƒe susu ate ŋu ayi vodada siwo míewɔ va yi la dzi ɣeaɖewoɣi, ale be wòakpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na vodada mawo ke wɔwɔ. Gake ne vodada siwo míewɔ va yi ko ŋue míaƒe susu nɔna la, míaƒe dzitsinya ayi edzi anɔ fɔ bum mí eye míate ŋu awɔ geɖe le Yehowa subɔsubɔ me o. Eya ta anyo be míakpɔ ŋgɔ tẽe. Míele agbemɔ si ɖo ta Mawu ƒe xexe yeyea me dzi, afi si nu vɔ̃ siwo míewɔ va yi “magava susu me na [mí o].”—Yes. 65:17; Lod. 4:25.
Ale si ko wòle be ʋukula nakpɔ ŋgɔ tẽe geɖe wu, tsɔ wu be wòanɔ megbekpɔhuhɔ̃ea me ko kpɔm la, ahiã be míawo hã míana míaƒe susu nanɔ etsɔme yayrawo ŋu wu vodada siwo míewɔ va yi (Kpɔ memama 16)
KA ÐE YEHOWA ƑE LƆLƆ̃ KPLE TSƆTSƆKE DZI ƔESIAƔI
17. Nu ka tae wòle be míaka ɖe edzi na mía ɖokui ɣesiaɣi be Yehowa lɔ̃ mí eye wòtsɔa míaƒe nu vɔ̃wo kea mí?
17 Ehiã be míaka ɖe edzi kple dzi blibo ɣesiaɣi be Yehowa lɔ̃ mí eye wòle klalo be yeatsɔ ake mí. (1 Yoh. 3:19) Nu ka tae? Elabena Satana madzudzɔ agbagba siwo dzem wòle be yeana míaxɔe ase be Mawu melɔ̃ mí o eye matsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí o la o. Eƒe taɖodzinu koŋue nye be yeana míadzudzɔ Yehowa subɔsubɔ. Esi Satana nya be yeƒe ɣeyiɣia wu enu vɔ ta la, ayi edzi awɔ avu kpli mí geɖe wu. (Nyaɖ. 12:12) Gake ele be míayi edzi atsi tre ɖe Satana ŋu asubɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe!
18. Nu kawoe ana nàka ɖe edzi bliboe be Yehowa lɔ̃ wò eye wòtsɔa wò nu vɔ̃wo kea wò?
18 Aɖaŋuɖoɖo siwo me míedzro le nyati si do ŋgɔ me la dzi wɔwɔ ana nàka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ wò. Nɔ ŋugble dem le nya siwo Yehowa gblɔ tso eɖokui ŋu la ŋu; esia ana nàka ɖe edzi be etsɔa nu vɔ̃ kena. Wò susu nenɔ nya siwo Biblia ŋlɔlawo gblɔ tso Mawu ƒe tsɔtsɔke ŋu la ŋu. Ðo ŋku edzi be enya míaƒe wɔwɔme, eɖoa ŋui be nuvɔ̃mewo míenye eye wòkpɔa nublanui na mí. Ðo ŋku edzi hã be etsɔna kena keŋkeŋ. Ne èwɔe alea la, ekema wò hã àte ŋu aka ɖe Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ dzi ahagblɔ abe David ene be, “Yehowa, akpe na wò be nètsɔ ‘nye nu vɔ̃wo ŋuti fɔɖiɖi’ kem!”—Ps. 32:5.
HADZIDZI 1 Yehowa Ƒe Nɔnɔmewo
a Kpɔ nyati si nye “Te Ðe Mawu Ŋu—Esime Yehowa Ƒo Nu Tso Eɖokui Ŋu” si le May 1, 2009 ƒe Gbetakpɔxɔ me.