NUSƆSRƆ̃NYATI 9
HADZIDZI 51 Mawue Míeɖe Adzɔgbe Na!
Mègahe Ðe Megbe O, Xɔ Nyɔnyrɔ
“Nu ka tae nèle hehem ɖe megbe? Tso, na woanyrɔ wò.”—DƆW. 22:16.
TAÐODZINUA
Nyati sia akpe ɖe ŋuwò nàsrɔ̃ Samariatɔwo, Saul si tso Tarso, Kornelio kple Korintotɔwo ƒe kpɔɖeŋua eye ado ŋusẽ wò nàyi ŋgɔ axɔ nyɔnyrɔ.
1. Susu nyui kawo tae wòhiã be nàxɔ nyɔnyrɔ?
ÐE NÈLƆ̃ Yehowa Mawu, ame si gbɔ wò agbe kple nu nyuiwo katã tsoa? Àdi be yeaɖee afia be yelɔ̃ea? Ke mɔ nyuitɔ kekeake si dzi nàto aɖe esia afiae nye be nàɖe adzɔgbe nɛ eye nàxɔ nyɔnyrɔ ɖe tsi me. Ne èɖe afɔ sia la, ke àva nye Yehowa ƒe ƒomea me tɔ. Esia ana Yehowa nafia mɔ wò ahalé be na wò elabe èva zu etɔ. (Ps. 73:24; Yes. 43:1, 2) Adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ aʋu mɔ na wò hã be nàva nɔ agbe tegbee.—1 Pet. 3:21.
2. Nu ka mee míadzro le nyati sia me?
2 Ðe nèle nyɔnyrɔxɔxɔ hem ɖe megbe le susu aɖewo taa? Ne nenemae la, ke menye wò ɖekae o. Ame miliɔn geɖe wɔ tɔtrɔwo le woƒe agbenɔnɔ me kple ale si wobua nuwoe ŋu hafi dze xɔ nyɔnyrɔ. Wole vevie dom nu le Yehowa subɔsubɔ me fifia eye wole dzidzɔ kpɔm. Nu kawoe nàte ŋu asrɔ̃ tso ame siwo xɔ nyɔnyrɔ le ƒe alafa gbãtɔ mea gbɔ? Na míadzro nu siwo ate ŋu anye mɔxenu na wo hafi la me, eyome míakpɔ nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso woƒe kpɔɖeŋua me.
SAMARIATƆWO XƆ NYƆNYRƆ
3. Nu kae wòle be Samariatɔwo nawɔ hafi adze axɔ nyɔnyrɔ?
3 Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, Samariatɔwo nye subɔsubɔha aɖe me tɔwo eye wonɔ blemadu si nye Sekem kple Samaria me le Yudea ƒe dziehe. Hafi Samariatɔwo nadze axɔ nyɔnyrɔa, ele be Mawu ƒe Nyaa me sidzedze vavãtɔ nasu wo si. Samariatɔwo xɔe se be Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ va se ɖe Mose ƒe Agbalẽ Atɔ̃lia, kple ɖewohĩ Yosua ƒe Agbalẽa koe tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me. Gake Samariatɔwo xɔe se be Mesia la ava abe ale si Mawu do ŋugbee le 5 Mose 18:18, 19 ene. (Yoh. 4:25) Be woate ŋu adze axɔ nyɔnyrɔ la, ele be woaxɔe ase be Yesue nye Mesia si ƒe ŋugbe wodo. Emegbea, “Samariatɔ geɖe” va xɔ Yesu dzi se. (Yoh. 4:39) Gake ele be wo dometɔ aɖewo naɖu nazãbubu kple fuléle si nɔ Samariatɔwo kple Yudatɔwo dome hã dzi.—Luka 9:52-54.
4. Abe ale si wòdze le Dɔwɔwɔwo 8:5, 6, 14 enea, aleke Samariatɔ aɖewo wɔ nui esi Filipo ɖe gbeƒã na wo?
4 Nu kae kpe ɖe Samariatɔwo ŋu wodze xɔ nyɔnyrɔ? Esi nyanyuigblɔla Filipo ɖe gbeƒã “Kristo la” na Samariatɔwo la, wo dometɔ aɖewo “xɔ Mawu ƒe nyaa.” (Xlẽ Dɔwɔwɔwo 8:5, 6, 14.) Togbɔ be Yudatɔe Filipo nye hã la, woɖo toe hese nya nyuia. Anɔ eme be Samariatɔwo ɖo ŋku edzi be wogblɔ le Mose ƒe Agbalẽ Atɔ̃awo dometɔ ɖeka me be Mawu mekpɔa ame ŋkume o. (5 Mose 10:17-19) Woɖo to “se nya siwo gblɔm Filipo nɔ” ku ɖe Kristo la ŋu. Azɔ hã Filipo wɔ nukunu geɖewo; eƒe ɖee nye be eda gbe le amewo ŋu eye wònya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le amewo me. Esia na wokpɔe dze sii kɔtɛ be Mawu le megbe na Filipo.—Dɔw. 8:7.
5. Nufiame kawoe le Samariatɔwo ƒe kpɔɖeŋua me na mí?
5 Samariatɔ mawo ate ŋu agbe be yewomaɖo to Filipo o le esi wònye Yudatɔ ta alo le esi womese nufiafia mawo kpɔ o ta hafi. Gake womewɔe nenema o. Esi wode dzesii be nyateƒeae nye ema fiam Filipo le yewo la, womehe ɖe megbe kura o, woxɔ nyɔnyrɔ enumake. Biblia gblɔ be: “Esi Filipo nɔ gbeƒã ɖem Mawu Fiaɖuƒe la kple Yesu Kristo ƒe ŋkɔ ŋuti nya nyuia la, amewo xɔ Filipo dzi se, eye wonyrɔ ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa ɖe tsi me.” (Dɔw. 8:12) Ðe wò hã nèka ɖe edzi be Mawu ƒe Nya lae nye nyateƒea? Ðe nèka ɖe edzi be Yehowa Ðasefowo lɔ̃ amewo katã eye woɖea lɔlɔ̃ vavã si Yesu gblɔ be ade dzesi ye yomedzela vavãwo la fianaa? (Yoh. 13:35) Ekema mègavɔ̃ na nyɔnyrɔxɔxɔ kura o, tso kpla, Yehowa ayra wò.
6. Nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso Ruben ƒe nuteƒekpɔkpɔa me?
6 Ðasefowo ƒe ƒome aɖe mee Ruben si le Germany tsi le. Gake le eƒe sɔhɛ mea, eva nɔ ɖi kem nenye be Yehowa li ŋutɔŋutɔ. Aleke wòwɔ ɖu ɖikeke sia dzi? Ekpɔe be yemenya nu geɖe tso nya sia ŋu o, eya ta eɖoe be yeadi kpeɖodziawo. Egblɔ be: “Le nye ɖokuisinusɔsrɔ̃ mea, medze agbagba be made vovototo nufiafia si nye nyateƒe kple esi nye alakpa dome. Ehiã be maku nu me zi gbɔ zi geɖe tso amedzɔtsolãme alo nɔnɔmetɔtrɔ ŋuti nufiafia ŋu.” Ruben xlẽ agbalẽ si nye Is There a Creator Who Cares About You? (Y a-t-il un Créateur qui se soucie de vous?) Agbalẽ sia kpe ɖe eŋu wòka ɖe edzi be Mawu li. Egblɔ na eɖokui be: ‘Nyateƒee! Yehowa li ŋutɔŋutɔ.’ Emegbe Ruben ɖi tsa yi Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒegã, eye esia na wògade asixɔxɔ gã lɔlɔ̃ kple ɖekawɔwɔ si le nɔviwo ƒe habɔbɔa me le xexea me godoo la ŋu. Esi Ruben trɔ gbɔ va Germany la, exɔ nyɔnyrɔ. Ƒe wuiadre wòxɔ ɣemaɣi. Ne mèka ɖe Biblia ƒe nufiafia aɖewo dzi o alo ɖikeke aɖewo le mewò la, ke ku nu me tso eŋu le míaƒe agbalẽwo me. “Sidzedze vavãtɔ” akpe ɖe ŋuwò nàɖu ɖikeke mawo dzi. (Ef. 4:13, 14) Ne èle lɔlɔ̃ kple ɖekawɔwɔ si le Yehowa ƒe amewo dome le xexea me godoo ŋuti nyatakakawo sem alo wò ŋutɔ nèle eteƒe kpɔm le wò hamea mea, àgakpɔ ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe amewo ƒe ƒome gã la ŋu geɖe wu.
SAUL SI TSO TARSO XƆ NYƆNYRƆ
7. Susu totro kae nɔ Saul si si wòle be wòaɖɔ ɖo?
7 Bu Saul si tso Tarso ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Exɔ hehe le Yudasubɔsubɔ me eye wònye ameŋkuta le Yudatɔwo dome. (Gal. 1:13, 14; Flp. 3:5) Ɣemaɣia, Yudatɔ geɖe susui be xɔsegbelawoe Kristotɔwo nye, eya ta Saul lé fu wo eye wòti wo yome vevie. Esusui vodadatɔe be yenɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm. (Dɔw. 8:3; 9:1, 2; 26:9-11) Ne Saul va xɔ Yesu dzi se eye wòxɔ nyɔnyrɔ zu Kristotɔ la, ke esia fia be elɔ̃ be woati ye ŋutɔ hã yome.
8. (a) Nudzɔdzɔ kae kpe ɖe Saul ŋu wòtrɔ dzi me? (b) Le Dɔwɔwɔwo 22:12-16 ƒe nya nua, aleke Anania kpe ɖe Saul ŋu wòxɔ nyɔnyrɔ? (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)
8 Nu kae kpe ɖe Saul ŋu wòxɔ nyɔnyrɔ? Esi Yesu ƒo nu na Saul tso dziƒo la, eƒe ŋutikɔkɔe ƒe keklẽ na Saul ƒe ŋkuwo tsi. (Dɔw. 9:3-9) Ŋkeke etɔ̃ sɔŋ Saul meɖu nu o, eye ɖikeke mele eme o be anya nɔ ŋugble dem le nu si teƒe wòkpɔ la ŋu. Ɛ̃, Saul va ka ɖe edzi be Yesue nye Mesia la eye be eyomedzelawoe nye subɔsubɔha vavãtɔ. Anya te ɖe Saul dzi vevie be yenɔ eme wowu Stefano! (Dɔw. 22:20) Le ŋkeke etɔ̃ megbea, nusrɔ̃la aɖe si ŋkɔe nye Anania va Saul gbɔ, eda gbe le eŋu wògakpɔ nu eye wòde dzi ƒo nɛ be wòaxɔ nyɔnyrɔ enumake. (Xlẽ Dɔwɔwɔwo 22:12-16.) Saul bɔbɔ eɖokui, eɖo to Anania eye wòxɔ nyɔnyrɔ.—Dɔw. 9:17, 18.
Ðe dzi anɔ ƒowò nàwɔ kaba axɔ nyɔnyrɔ abe ale si Saul wɔe enea? (Kpɔ memama 8)
9. Nufiame kae le Saul ƒe ŋutinyaa me na mí?
9 Nu geɖe li míate ŋu asrɔ̃ tso Saul gbɔ. Saul ate ŋu ana dada alo vɔvɔ̃ na wo detɔwo naxe mɔ nɛ be wòagaxɔ nyɔnyrɔ o hafi. Gake mewɔe nenema o. Ðokuibɔbɔ kpe ɖe Saul ŋu wòwɔ tɔtrɔwo le agbe me hexɔ nyateƒea va zu Kristo yomedzela. (Dɔw. 26:14, 19) Saul lɔ̃ faa zu Kristotɔ togbɔ be enya be esia ana woati ye yome hã. (Dɔw. 9:15, 16; 20:22, 23) Le eƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbea, eyi edzi ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be wòakpe ɖe ye ŋu yeado dzi le xaxa vovovo siwo me yeava to la me. (2 Kor. 4:7-10) Ne wò hã èxɔ nyɔnyrɔ va zu Yehowa Ðasefo la, xaxawo alo xɔse ƒe dodokpɔwo ava dziwò, gake Yehowa li akpe ɖe ŋuwò. Àte ŋu aka ɖe Mawu kple Kristo dzi be womagblẽ ye ɖi akpɔ o.—Flp. 4:13.
10. Nu kae nèsrɔ̃ tso Anna ƒe nuteƒekpɔkpɔa me?
10 Ɣedzeƒe Europa dukɔ aɖe mee ɖetugbui aɖe si ŋkɔe nye Anna tsi le. Esi Anna dada xɔ nyɔnyrɔ vɔ megbe la, Anna si xɔ ƒe asieke hã dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme eye fofoa ɖe mɔ nɛ. Gake esia he masɔmasɔ de Anna kple eƒe ƒometɔ siwo le aƒe ɖeka me kpli wo la dome. Ƒomea me tɔwo ƒe susue nye be mesɔ kura be ame nagbe nu le tɔgbuiawo ƒe subɔsubɔ gbɔ o. Esi Anna xɔ ƒe wuieve la, ebia fofoa be wòaɖe mɔ na ye yeaxɔ nyɔnyrɔ. Fofoa di be yeanya nenye be ame aɖee le eƒom ɖe enu loo alo eya ŋutɔe dii nenema. Anna ɖo eŋu na fofoa be: “Melɔ̃ Yehowa.” Fofoa lɔ̃ ɖe edzi wòxɔ nyɔnyrɔ. Emegbea, ƒometɔwo ɖua fewu le eŋu eye womewɔa nu ɖe eŋu nyuie kura o. Wo dometɔ ɖeka gblɔ nɛ be, “Ne ɖee nèyɔa gbekui henoa atama alo nɔa agbe gbegblẽa, anye ne ede dziwò wu be nèzu Yehowa Ðasefo.” Aleke Anna wɔ nui? Egblɔ be: “Yehowa do ŋusẽm eye Papa kple Dada hã kpe ɖe ŋunye ŋutɔ.” Ɣesiaɣi si Anna kpɔe be Yehowa kpe ɖe ye ŋua, edea dzesii ɖe agbalẽ me. Etoa nuŋlɔɖi mawo me edziedzi ale be yemaŋlɔ ale si Yehowa le kpekpem ɖe ye ŋu la be o. Ne wò hã èle vɔvɔ̃m be ƒometɔwo atsi tre ɖe ye ŋua, ke ɖo ŋku edzi be Yehowa li akpe ɖe ŋuwò.—Heb. 13:6.
KORNELIO XƆ NYƆNYRƆ
11. Nu kae ate ŋu ana Kornelio nahe ɖe megbe na nyɔnyrɔxɔxɔ hafi?
11 Míate ŋu asrɔ̃ Kornelio hã ƒe kpɔɖeŋu. Enye Roma-srafowo ƒe aʋafia si le asrafo alafa ɖeka nu. (Dɔw. 10:1, etenuŋɔŋlɔ) Esia fia be enye ameŋkuta le nutoa kple asrafohaa me. “Enyoa dɔme naa nu amewo.” (Dɔw. 10:2) Yehowa dɔ apostolo Petro be wòayi avae gblɔ nya nyuia nɛ. Ðe ɖoƒe si le Kornelio si na wòhe ɖe megbe na nyɔnyrɔxɔxɔa?
12. Nu kae kpe ɖe Kornelio ŋu wòxɔ nyɔnyrɔ?
12 Nu kae kpe ɖe Kornelio ŋu wòxɔ nyɔnyrɔ? Biblia gblɔ be: “Eya kple eƒe aƒe blibo la katã vɔ̃a Mawu.” Eye wònɔa kokoƒoƒo dzi na Mawu ɣeawokatãɣi. (Dɔw. 10:2) Esi Petro gblɔ nya nyuia na Kornelio la, eya kple eƒe aƒe bliboa katã xɔ Kristo dzi se eye woxɔ nyɔnyrɔ enumake. (Dɔw. 10:47, 48) Ðikeke mele eme o be Kornelio lɔ̃ faa wɔ tɔtrɔ ɖe sia ɖe si hiã be ye kple yeƒe ƒomea yewoate ŋu asubɔ Yehowa ɖekae.—Yos. 24:15; Dɔw. 10:24, 33.
13. Nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso Kornelio ƒe ŋutinyaa me?
13 Abe Saul ke enea, ɖoƒe si nɔ Kornelio si ate ŋu ana wòado taflatsɛ eye mava zu Kristotɔ o hafi. Gake mewɔe nenema o. Ðe wòahiã be nàwɔ tɔtrɔ vevi aɖewo le agbe me hafi ate ŋu axɔ nyɔnyrɔa? Ne nenemae la, Yehowa li akpe ɖe ŋuwò. Ne èɖoe kplikpaa be yeawɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi ale be yeadze asubɔe la, ayra wò ɖe wò agbagbadzedzewo ta.
14. Aleke Tsuyoshi ƒe kpɔɖeŋua ate ŋu aɖe vi na wòe?
14 Ehiã be nɔviŋutsu Tsuyoshi si tso Japan nawɔ tɔtrɔ aɖewo le eƒe dɔwɔɖuia ŋu hafi adze axɔ nyɔnyrɔ. Enye sukutatɔ ƒe kpeɖeŋutɔ le suku aɖe si fiaa ale si wotrɔa asi le seƒoƒowo ŋu le me. Ne ku dzɔa, sukutatɔa xɔa ŋgɔ wowɔa Buddhatɔwo ƒe ameɖiɖikɔnuwo eye ne mate ŋu ayi o la, Tsuyoshi ye xɔna ɖe eteƒe zi geɖe. Gake esi Tsuyoshi va srɔ̃ nyateƒea ku ɖe nɔnɔme si me ame kukuwo le ŋu la, eva kpɔe be ne yekpɔtɔ le kɔnu mawo wɔm la, ke yemadze axɔ nyɔnyrɔ o. Eya ta etso nya me be yeadzudzɔ kɔnu mawo wɔwɔ. (2 Kor. 6:15, 16) Tsuyoshi te ɖe sukutatɔa ŋu ɖe nu me nɛ. Nu kae do tso eme? Sukutatɔa ɖe mɔ na Tsuyoshi be wòayi edzi afia nu le sukua me, gake makpɔ gome le ameɖiɖikɔnuawo me o. Esia na wòdze xɔ nyɔnyrɔ ƒe ɖeka megbe tso esime wòte Biblia sɔsrɔ̃.a Ne ehiã be wò hã nàwɔ tɔtrɔwo le wò dɔwɔɖuinyawo me be wò nu nadze Mawu ŋu la, ka ɖe edzi be akpɔ wò kple wò ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wò.—Ps. 127:2; Mat. 6:33.
KORINTOTƆWO XƆ NYƆNYRƆ
15. Nu kae ate ŋu ana wòasẽse na Korintotɔwo be woaxɔ nyateƒea hafi?
15 Blema Korintodua xɔ ŋkɔ le ŋutilãmenuwo didi kple agbe ƒaƒã nɔnɔ me. Dua me tɔ geɖewo nɔa agbe siwo medzea Mawu ŋu o. Eya ta edze ƒãa be manɔ bɔbɔe na ame siwo le du ma me be woaxɔ nya nyuia asubɔ Yehowa o. Gake esi apostolo Paulo yi du ma me eye wòɖe gbeƒã Kristo ŋuti nya nyuia la, “Korintotɔ geɖe siwo see la hã xɔ edzi se, eye wonyrɔ wo.” (Dɔw. 18:7-11) Emegbe Aƒetɔ Yesu Kristo ɖe eɖokui fia Paulo le ŋutega me gblɔ be: “Ame geɖewo le du sia me siwo nye tɔnyewo.” Esia na Paulo yi edzi nɔ Korinto ƒe ɖeka kple afã nɔ gbeƒã ɖem.
16. Nu kae kpe ɖe Korintotɔ aɖewo ŋu wote ŋu yi ŋgɔ va xɔ nyɔnyrɔ? (2 Korintotɔwo 10:4, 5)
16 Nu kae kpe ɖe Korintotɔwo ŋu woxɔ nyɔnyrɔ? (Xlẽ 2 Korintotɔwo 10:4, 5.) Mawu ƒe Nyaa kple eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe sẽŋua kpe ɖe wo ŋu wowɔ tɔtrɔ ɖedzesiwo le agbe me. (Heb. 4:12) Korintotɔ siwo xɔ nya nyuia te ŋu ɖe asi le nɔnɔme gbegblẽwo abe ahamumu, fififi kple ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe dɔdɔ ene ŋu.—1 Kor. 6:9-11.b
17. Nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso Korintotɔwo gbɔ?
17 De dzesii be togbɔ be nɔnɔme aɖewo ƒo ke ɖe to ɖe Korintotɔ aɖewo me hã la, womeƒo nya ta be asesẽ akpa be yewoava zu Kristotɔwo o. Woɖoe kplikpaa be yewoazɔ mɔ xaxɛ si kplɔa me yia agbe me la dzi. (Mat. 7:13, 14) Ðe wò hã nèle avu wɔm be nàɖe asi le numame gbegblẽ aɖe ŋu be nàdze axɔ nyɔnyrɔa? Mègana ta kura o! Ðe kuku na Yehowa be wòana eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea wò nàɖu dzodzro vɔ̃wo dzi.
18. Aleke Monika ƒe kpɔɖeŋua aɖe vi na wòe?
18 Monika si tso Georgia ku kutri vevie be yeadzudzɔ nya ƒaƒãwo gbɔgblɔ kple modzakaɖeɖe siwo mesɔ o ale be yeadze axɔ nyɔnyrɔ. Egblɔ be: “Nu si kpe ɖe ŋunye vevie le nye ƒewuiwo mee nye gbedodoɖa. Yehowa nya be medi be mawɔ nu si sɔ, eya ta efiaa num eye wòkpena ɖe ŋunye ɣesiaɣi.” Monika xɔ nyɔnyrɔ esi wòxɔ ƒe wuiade. Ðe wòhiã be nàɖu numame aɖewo dzi be nàte ŋu asubɔ Yehowa wòadze eŋua? Yi edzi nànɔ ebiam be wòado ŋusẽ wò nàwɔ tɔtrɔ siwo hiã. Yehowa le klalo be yeana yeƒe gbɔgbɔ kɔkɔea wò.—Yoh. 3:34.
WÒ XƆSE ATE ŊU AHO TOWO
19. Nu kae akpe ɖe ŋuwò be nàɖu mɔxenu siwo le abe towo ene dzi? (Kpɔ fotoa hã.)
19 Ka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ wò eye wòdi be nàva nɔ yeƒe ƒomea me. Ne nane na wòle sesẽm na wò be nàdze axɔ nyɔnyrɔ hã la, ka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ wò. Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃la aɖewo be: “Ne xɔse le mia si de sinapi-ku ƒe lolome nu la, ekema miagblɔ na to sia be: ‘Ho le afi sia nàyi aɖadze afi mɛ!’ eye wòaho ayi, eye naneke mate ŋu awu wɔwɔ na mi o.” (Mat. 17:20) Ame siwo Yesu nɔ nya siawo gblɔm na la nɔ Yesu ŋu ƒe ʋɛ aɖewo koe nye ema, eye woƒe xɔse me mesẽ haɖe o. Gake Yesu ka ɖe edzi na wo be ne wona woƒe xɔse va sẽ ɖe edzi la, Yehowa akpe ɖe wo ŋu woaɖu mɔxenu siwo le abe towo ene gɔ̃ hã dzi. Yehowa akpe ɖe wò hã ŋuwò nàwɔe nenema.
Ka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ wò eye wòdi be nàva nɔ yeƒe ƒomea me (Kpɔ memama 19)c
20. Aleke kpɔɖeŋu si ƒe alafa gbãtɔ me tɔwo ɖo kple egbegbetɔ siwo me míedzro la do ŋusẽ wòe?
20 Ne èkpɔe be nane le mɔ xem na wò nyɔnyrɔxɔxɔ la, ɖe afɔ enumake nàɖee ɖa le wò mɔ me. Kpɔɖeŋu nyui si ƒe alafa gbãtɔ me tɔwo kple ame siwo li egbea ɖo, siwo me míedzro la nefa akɔ na wò eye wòado ŋusẽ wò. Neva eme be woƒe kpɔɖeŋua nade dzi ƒo na wò eye wòaʋã wò nàɖe adzɔgbe na Yehowa axɔ nyɔnyrɔ. Nyɔnyrɔxɔxɔ ye nye nyametsotso vevitɔ kekeake si nàwɔ le agbe me!
HADZIDZI 38 Yehowa Ana Nàsẽ Ŋu
a Nɔviŋutsu Tsuyoshi Fujii ƒe agbemeŋutinya dze le August 8, 2005 ƒe Nyɔ! magazinea me, axa 20-23 (ele yevugbe me).
b Kpɔ video si ƒe tanyae nye ‘Nu Kae Le Mɔ Xem Na Wò Nyɔnyrɔxɔxɔ?’ le jw.org.
c NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo le vivi dom ɖe nyɔnyrɔxɔla yeyewo ŋu.