NUSƆSRƆ̃NYATI 12
HADZIDZI 119 Ele Be Xɔse Nanɔ Mía Si
Yi Edzi Nàzɔ Le Xɔse Me
“Míezɔna le xɔse me, ke menye le nukpɔkpɔ me o.”—2 KOR. 5:7.
TAÐODZINUA
Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ale si míana Yehowa nafia mɔ mí ne míele nya me tsom.
1. Esi apostolo Paulo bu ale si wòzã eƒe agbee ŋua, nu kae na wòɖe dzi ɖi?
ƔEAÐEƔIA, apostolo Paulo nyae be eteƒe madidi o woawu ye, gake eɖe dzi ɖi elabe enyae be yezã yeƒe agbe le mɔ nyuitɔ nu. Egblɔ be: “Mewu duɖimekeke la nu, melé xɔse la me ɖe asi.” (2 Tim. 4:6-8) Paulo tso nya me nyuie helé fɔ ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu, esia na wòka ɖe edzi be Yehowa kpɔ dzidzɔ ɖe ye ŋu. Míawo hã míedi be míatso nya me nyuie eye Yehowa nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu. Aleke míate ŋu awɔ esiae?
2. Nu kae wòfia be ame nazɔ le xɔse me?
2 Paulo gblɔ tso eɖokui kple Kristotɔ wɔnuteƒe bubuwo ŋu be: “Míezɔna le xɔse me, ke menye le nukpɔkpɔ me o.” (2 Kor. 5:7) Nu kae Paulo ƒe nya siawo fia? Ɣeaɖewoɣi Biblia zãa nya “zɔzɔ” wòfiaa ale si ame nɔa agbee. Ame si zɔna le nukpɔkpɔ nu, si fia be mexɔ Yehowa dzi se o la, nɔa te ɖe nu si wòkpɔ, nya si wòse alo ale si wòse le eɖokui me ɖeɖe ko dzi tsoa nya me. Gake ame si zɔna le xɔse me bua nu si Yehowa Mawu di ŋu hafi tsoa nya me. Eƒe nuwɔnawo ɖenɛ fiana be eka ɖe edzi be ne yewɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiame siwo le eƒe Nyaa me dzi la, eme anyo na ye fifia eye Yehowa aɖo eteƒe na ye geɖe le etsɔme.—Ps. 119:66; Heb. 11:6.
3. Ne míezɔna le xɔse me la, vi kae wòaɖe na mí? (2 Korintotɔwo 4:18)
3 Ɣeaɖewoɣi la, míenɔa te ɖe nu siwo míekpɔna, nya siwo míesena alo ale si míesena le mía ɖokui me dzi tsoa nya me le nanewo ŋu. Gake ne nu siawo ɖeɖe ko dzie míenɔa te ɖo tsoa nya me le nya veviwo ŋu la, ate ŋu awɔe be míatso nya me nyuie o. Nu ka tae? Elabena menye ɣesiaɣie míate ŋu aka ɖe nya siwo míese alo nu siwo míekpɔ dzi o. Eye ne kakaɖedzi le wo ŋu hã la, ne míenɔa te ɖe emawo ɖeɖe ko dzi tsoa nya me la, míava wɔ nu si mesɔ o le Mawu ŋkume. (Nyagb. 11:9; Mat. 24:37-39) Gake ne míezɔna le xɔse me la, míaƒe nyametsotsowo adze “Aƒetɔ la ŋu.” (Ef. 5:10) Ne míewɔna ɖe Mawu ƒe mɔfiamewo dzi la, míaƒe dzi adze eme eye míakpɔ dzidzɔ vavãtɔ. (Ps. 16:8, 9; Yes. 48:17, 18) Eye ne míeyi edzi zɔ le xɔse me la, míava kpɔ agbe mavɔ le etsɔme.—Xlẽ 2 Korintotɔwo 4:18.
4. Aleke míawɔ anya ne míele zɔzɔm le xɔse me ke menye le nukpɔkpɔ nu o?
4 Aleke nàwɔ anya ne èle zɔzɔm le xɔse me ke menye le nukpɔkpɔ nu o? Anyo be nàbia nya siawo ɖokuiwò: Nu ka dzie menɔa te ɖo tsoa nya me? Nu siwo mekpɔ ɖeɖe ko dzie menɔa te ɖo tsoa nya me loo alo mɔfiame siwo Yehowa na dzie? Mina míadzro ale si míayi edzi azɔ le xɔse me le nu vevi etɔ̃ siwo gbɔna me: (1) ne míele nya me tsom le dɔwɔɖui ŋu, (2) ne míele ame si míaɖe tiam, kple (3) ne míexɔ teokrasimɔfiamewo. Ne míele wo dometɔ ɖe sia ɖe me dzrom la, míakpɔ nu siwo ŋu wòle be míabu ale be míatso nya me nyuie.
NU SI ŊU WÒLE BE NÀBU NE ÈLE NYA ME TSOM LE DƆWƆÐUI ŊU
5. Nu ka ŋue wòle be míabu ne míele dɔ si míawɔ tiam?
5 Mí katã míedina be míakpɔ míawo ŋutɔwo kple míaƒe ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ. (Nyagb. 7:12; 1 Tim. 5:8) Dɔ aɖewo ate ŋu ana ame nakpɔ ga geɖe. Woate ŋu ana ame nakpɔ eƒe gbe sia gbe nuhiahiãwo gbɔ eye wòadzra nane ɖo ɖe etsɔ ŋu. Gake dɔ aɖewo hã ana nàkpɔ ga si asu nàtsɔ akpɔ wò ƒomea ƒe nuhiahiã veviwo ɖeɖe ko gbɔ. Ne míele dɔ si míawɔ ŋu bum la, eme kɔ be míabu ga si míakpɔ tso eme hã ŋu. Gake ne ema ɖeɖe koe nye nu si ŋu míetsia dzi ɖo la, ke míava nɔ zɔzɔm le nukpɔkpɔ nu.
6. Ne míele dɔ si míawɔ tiam la, aleke míaɖee afia be míezɔna le xɔse me? (Hebritɔwo 13:5)
6 Ne míele zɔzɔm le xɔse mea, míabu ŋusẽ si dɔa akpɔ ɖe mía kple Yehowa dome ƒomedodoa dzi hã ŋu. Anyo be míabia mía ɖokui be: ‘Ðe dɔ sia tɔgbi adze Yehowa ŋua? Alo ɖe dɔa abia be mava wɔ nane si Yehowa lé fuia?’ (Lod. 6:16-19) ‘Ðe dɔa ana mava nɔ nye ɖokuisi Biblia sɔsrɔ̃, gbeadzi, kple kpekpeawo dam ƒu alo abia be madzo le nye ƒomea gbɔ hena ɣeyiɣi didi aɖea?’ (Flp. 1:10) Ne nya siawo ƒe ŋuɖoɖoe nye Ɛ̃ la, ke anyo be nàgaƒo ta ɖe dɔ ma me o, ne dɔkpɔkpɔ sesẽ gɔ̃ hã. Esi míezɔna le xɔse me ta la, míetsoa nya me wòɖenɛ fiana be míeka ɖe Yehowa dzi be akpɔ míaƒe nuhiahiãwo gbɔ.—Mat. 6:33; xlẽ Hebritɔwo 13:5.
7-8. Aleke nɔviŋutsu Javier ɖee fia be yele zɔzɔm le xɔse me? (Kpɔ fotoa hã.)
7 Nɔviŋutsu Javier,a si le Anyiehe Amerika, kpɔ susu vevi si tae wòle be wòayi edzi azɔ le xɔse me. Egblɔ be: “Menɔ agbagba dzem be woadom ɖe eŋgɔ le míaƒe dɔwɔƒea ale be nye fetu nakɔ mo dzi ne agbea nadze edzi nam.” Ke hã Javier di vevie be yeawɔ mɔɖeɖedɔa. Egblɔ be: “Woyɔm na gbebiame eye dɔdzikpɔlagãe abia gbem. Hafi wòabia gbem la, medo gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋunye, elabe meka ɖe edzi be enya nu si nyo nam. Medi be mayi ŋgɔ le dɔa me eye woaxe fe nam nyuie, gake nyemedi be dɔa nawɔe be nyemaɖo nye gbɔgbɔmetaɖodzinuwo gbɔ o.”
8 Javier gblɔ be: “Esi dɔdzikpɔlaa nɔ gbe biamem la, egblɔ nam be zi geɖe ahiã be mawɔ dɔ le kpakpã megbe. Meɖe eme nɛ bubutɔe be ema manya wɔ nam o le nye subɔsubɔ ta.” Javier melɔ̃ xɔ ɖoƒe ma o. Le kwasiɖa eve megbe la, edze mɔɖeɖedɔa gɔme. Eye le ɣleti aɖewo megbea, eva kpɔ ɣeyiɣi aɖe ƒe dɔ. Egblɔ be: “Yehowa se nye gbedodoɖa eye wòna mekpɔ dɔ si akpe ɖe ŋunye mawɔ mɔɖeɖedɔa. Mekpɔ dzidzɔ ŋutɔ be mekpɔ dɔ si ana makpɔ ɣeyiɣi geɖe asubɔ Yehowa kple nɔvinyewo.”
Ne wodi be woado wò ɖe ŋgɔ le dɔ me la, ɖe ale si nàtso nya me aɖee afia be nèka ɖe Yehowa dzia? (Kpɔ memama 7-8)
9. Nu kae nèsrɔ̃ tso nɔviŋutsu Trésor ƒe kpɔɖeŋua me?
9 Ke ne dɔ si wɔm míele fifia na wòle sesẽm na mí be míakpɔ ɣeyiɣi ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu ya ɖe? Bu nɔviŋutsu Trésor, si tso Congo ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Mekpɔ dɔ yeye aɖe eye dɔ ma tututu dim menɔ. Fetu si mexɔna kɔ mo dzi wu dɔ si mewɔ do ŋgɔ la tɔ zi gbɔ zi etɔ̃ sɔŋ, eye amewo dea bubu ŋunye hã.” Gake dɔa bia be Trésor nawɔ dɔ le kpakpã vɔ megbe si nana be kpekpeawo toa eŋu zi geɖe. Azɔ hã woƒoa nya ɖe enu zi geɖe be wòatsyɔ nu nu fitifiti aɖewo siwo nɔ edzi yim le dɔa me la dzi. Trésor di be yeaɖe asi le dɔa ŋu, gake etsi dzi be asesẽ be yeakpɔ dɔ bubu. Nu kae kpe ɖe eŋu? Egblɔ be: “Nya siwo le Habakuk 3:17-19 kpe ɖe ŋunye mekpɔe be ne meɖe asi le dɔ ma ŋu eye ga geɖe megale asinye o hã la, Yehowa ato mɔ aɖe dzi alé be nam. Eya ta meɖe asi le dɔa ŋu.” Egblɔ kpee be: “Dɔtɔ geɖewo susui be ame alɔ̃ atsɔ nu sia nu, ɣeyiɣi si wòazã ɖe eƒe ƒomea kple mawusubɔsubɔ gɔ̃ hã ŋu, asa vɔ ɖe dɔ si me ga geɖe le ta. Dzi dzɔm ŋutɔ be mekpɔ ƒomedodo nyui si le nye kple Yehowa dome la ta. Ƒe ɖeka megbe la, Yehowa kpe ɖe ŋunye mekpɔ dɔ nyui aɖe si na metea ŋu kpɔa nye ƒomea ƒe nuhiahiã veviwo gbɔ eye mekpɔa ɣeyiɣi geɖe ɖe subɔsubɔdɔa hã ŋu. Ne míetsɔ Yehowa ɖo nɔƒe gbãtɔ la, ganyawo ate ŋu aɖe fu na mí ɣeaɖewoɣi ya, gake Yehowa alé be na mí.” Nyateƒee, ne míeka ɖe Yehowa ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi eye míexɔ eƒe ŋugbedodowo dzi se la, míatso nya me wòaɖee afia be míele zɔzɔm le xɔse me eye Yehowa ayra mí ɖe esia ta.
NU SI WÒLE BE NÀWƆ NE ÈLE AME SI NÀÐE TIAM
10. Nu kawo ŋue ame alé ŋku ɖo ne ele ame si wòaɖe tiam, eye nu ka tae mele be wòase ɖe emawo ɖeɖe ko dzi o?
10 Srɔ̃ɖeɖe nye nunana tso Yehowa gbɔ, eye esɔ le dzɔdzɔme nu be ame nadi be yeaɖe srɔ̃. Ne nɔvi aɖe le nya me tsom le ame si wòaɖe ŋu la, anɔ eme be alé ŋku ɖe nanewo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, alé ŋku ɖe amea ƒe dzedzeme, ale si wòwɔa nui, ale si ame bubuwo bunɛ, ale si wòzãa gae, agba siwo le edzi le eƒe ƒomea me kple ale si wòwɔa nu ɖe ye ŋui ŋu. Nu siawo le vevie ya. Gake ne nu siawo ɖeɖe ko ŋue nɔvia alé ŋku ɖo la, ke anɔ eme be ele zɔzɔm le nukpɔkpɔ nu, menye le xɔse me o.
11. Aleke míate ŋu azɔ le xɔse me ne míele nya me tsom le ame si míaɖe ŋu? (1 Korintotɔwo 7:39)
11 Enyea dada na Yehowa ne mía nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo wɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi ne wole nya me tsom le ame si woaɖe ŋu! Le kpɔɖeŋu me, wowɔna ɖe aɖaŋu si Biblia ɖo dzi lalana va se ɖe esime woto “sɔhɛnyenye me do” hafi nɔa srɔ̃ɖeɖe ŋu bum. (1 Kor. 7:36) Wokpɔa egbɔ be nɔnɔme nyui siwo Yehowa gblɔ be wòanɔ srɔ̃ŋutsu nyui alo srɔ̃nyɔnu nyui si la le ame si wodi be yewoaɖe si, eye emae nye nu vevitɔ si ŋu woléa ŋku ɖo. (Lod. 31:10-13, 26-28; Ef. 5:33; 1 Tim. 5:8) Ne ame aɖe si menye Ðasefo o do lɔlɔ̃nya ɖe wo gbɔ la, wogbena eye wowɔna ɖe mɔfiame si dze le 1 Korintotɔwo 7:39 si nye be ‘woaɖe srɔ̃ le Aƒetɔ la me ko’ dzi. (Xlẽe.) Woyia edzi zɔna le xɔse me elabena woka ɖe edzi be Yehowa koe ate ŋu akpɔ yewoƒe seselelãmenuhiahiãwo gbɔ na yewo wu ame bubu ɖe sia ɖe.—Ps. 55:22.
12. Nu kae nèsrɔ̃ tso Rosa ƒe kpɔɖeŋua me?
12 Bu nu si me nɔvinyɔnu Rosa, si nye mɔɖela le Colombia to ŋu kpɔ. Efiaa nu le Internet dzi eye eƒe dɔa wɔnɛ be wòɖoa dze kple ŋutsu aɖe si menye Ðasefo o la edziedzi. Rosa ƒe nu va lé dzi na ŋutsua eye ŋutsua hã ƒe nu dzɔ dzi na Rosa. Rosa gblɔ be: “Edze abe ame nyui aɖee ŋutsua nye ene. Enɔa agbe ɖɔʋu eye wòwɔa nu tsɔ kpena ɖe amewo ŋu le eƒe nutoa me. Ale si wòwɔa nu ɖe ŋunye la dzɔa dzi nam. Nɔnɔme siwo madi be wòanɔ ame si maɖe si la le esi gake ɖeko menye Ðasefo o.” Rosa gblɔ kpee be: “Esesẽ nam be magbe ŋutsua ƒe lɔlɔ̃nyawo elabe le ememe la, enɔ dzroyem vevie be ŋugbetɔ nanɔ asinye. Ɣemaɣia metsi akogo eye medi be maɖe srɔ̃, gake nyemekpɔ ame aɖeke le nyateƒea me o.” Rosa mezɔ le nu si wòkpɔ nu o. Ede ŋugble eye wòkpɔe be ne yezɔ kple ŋutsu ma la, ye kple Yehowa dome agblẽ. Esia ta etso kadodo ɖe sia ɖe si le eya kple ŋutsua dome la me, eye wòtsɔ dzo ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu. Ema megbe kpuie la, wokpee be wòava de Fiaɖuƒe Nyanyuigblɔlawo Ƒe Sukua, eye fifia enye mɔɖela vevi. Rosa gblɔ be: “Yehowa yram ale gbegbe eye mele dzidzɔ kpɔm ŋutɔ.” Nudzɔdzɔ sia na míekpɔe be ne míaƒe dzi ku ɖe nane ŋu vevie la, etea ŋu sesẽna be míawɔ nu si Yehowa di tso mía si. Gake ne míezɔ le xɔse me hewɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu la, aɖe vi na mí geɖe.
ALE SI NÀWƆ NUI NE MÍEXƆ TEOKRASIMƆFIAMEWO
13. Nu kae ate ŋu adzɔ ne míexɔ teokrasimɔfiame aɖe?
13 Zi geɖe la, míexɔa mɔfiamewo tso hamemetsitsiwo, nutome sue dzikpɔlawo, alɔdzedɔwɔƒea kple Dɔdzikpɔhaa gbɔ. Mɔfiame siawo kpena ɖe mía ŋu míeyia edzi subɔa Yehowa ale si dze. Ke ne míese susu si tae wona mɔfiame aɖe gɔme o ɖe? Ðewohĩ mɔfiamea ƒe akpa si míesusu be made mía dzi o la ko ŋue míaƒe susu le. Eye ɖewohĩ míaƒe susu katã le nɔvi siwo le mɔfiamea nam ƒe gbagbãƒewo ŋu. Ewɔwɔ alea afia be míele zɔzɔm le nukpɔkpɔ nu.
14. Ne míexɔ teokrasimɔfiame aɖe la, aleke míawɔ nu wòaɖee afia be míezɔna le xɔse me? (Hebritɔwo 13:17)
14 Ne míezɔna le xɔse me la, míekana ɖe edzi be Yehowae le mɔ fiam eƒe habɔbɔa eye wònya míaƒe nɔnɔmewo nyuie. Esia ta míewɔna ɖe mɔfiamewo dzi enumake eye míenana susu nyui nɔa mía si. (Xlẽ Hebritɔwo 13:17.) Míenyae be ne míeɖo to wɔ ɖe mɔfiamewo dzia, enana ɖekawɔwɔ nɔa hamea me. (Ef. 4:2, 3) Míeka ɖe edzi be togbɔ be nɔviŋutsu siwo le ŋgɔ xɔm mede blibo o hã la, ne míeɖo to wo la, Yehowa ayra mí. (1 Sam. 15:22) Eye ne ehiã be woawɔ tɔtrɔ le nane ŋu la, Yehowa akpɔ egbɔ be wowɔe le ɣeyiɣi si sɔ dzi.—Mika 7:7.
15-16. Togbɔ be nɔviŋutsu aɖe meka ɖe mɔfiame si woxɔ dzi tututu o hã la, nu kae kpe ɖe eŋu wòzɔ le xɔse me? (Kpɔ fotoa hã.)
15 Bu kpɔɖeŋu aɖe si ɖee fia be eɖea vi ne míeyi edzi zɔ le xɔse me ŋu kpɔ. Le Peru la, ame akpa gãtɔ se Spaniagbe gake dukɔa me tɔ geɖe doa wo degbewo hã. Gbe mawo dometɔ ɖekae nye Quechua. Ƒe geɖe va yia, nɔvi siwo doa Quechuagbe dia Quechuagbedolawo le woƒe anyigbamamaa me. Gake le dziɖuɖua ƒe se aɖe ta la, habɔbɔa wɔ asitɔtrɔ le ale si nɔvi siwo le afi ma awɔ ake ɖe amewo ŋua ŋu. (Rom. 13:1) Nɔvi aɖewo susui be tɔtrɔ yeyea awɔe be dɔa matsɔ afɔ le yewoƒe anyigbamamaa me o. Gake esi wowɔ ɖe mɔfiamea dzi la, Yehowa yra ɖe woƒe agbagbadzedzewo dzi woke ɖe Quechuagbedola geɖewo ŋu.
16 Kevin si nye hamemetsitsi le Quechuagbe hame aɖe me hã tsi dzi ɖe mɔfiame yeyea ŋu. Egblɔ be: “Mebia ɖokuinye be, ‘Aleke míawɔ ake ɖe ame siwo doa Quechuagbe ŋu fifia?’” Nu kae Kevin wɔ? Egblɔ be: “Meɖo ŋku Lododowo 3:5 me nyawo dzi eye nye susu yi Mose hã dzi. Yehowa bia tso esi be wòakplɔ Israel-viwo adzo le Egipte eye edze abe mɔ si wòfiae be wòato la ana woaxaxa eye Egiptetɔwo nava dze wo dzi ene. Ke hã Mose ɖo to, si na Yehowa yrae heto edzi wɔ nukunu gã aɖe tsɔ xɔ na eƒe amewo.” (2 Mose 14:1, 2, 9-11, 21, 22) Kevin lɔ̃ faa trɔ ɖe gbeƒãɖeɖemɔnu yeyea ŋu. Nu kae do tso eme? Egblɔ be: “Ale si Yehowa yra mí la wɔ nuku nam ŋutɔ. Tsãa míezɔna ɣeyiɣi didi ŋutɔ le gbeadzi eye Quechuagbedola ɖeka eve aɖewo ko ŋu míekena ɖo ɣeaɖewoɣi. Fifia ya anyigbamama ƒe akpa siwo me Quechuagbedolawo le koŋ mee míeyina. Esia nana míeɖoa dze kple ame geɖe, míewɔa tɔtrɔyiwo eye míesrɔ̃a Biblia kple ame geɖe. Ame siwo vaa kpekpeawo hã ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi.” Nyateƒee, ne míeyi edzi zɔ le xɔse me la, Yehowa ɖoa eteƒe na mí godoo.
Nɔviawo kpɔe be ame geɖe siwo yewodoa goe la fiaa afi si yewoake ɖe ame siwo doa Quechuagbea ŋu le yewo (Kpɔ memama 15-16)
17. Nu kae nèsrɔ̃ le nyati sia me?
17 Míedzro ale si míayi edzi azɔ le xɔse me le nu vevi etɔ̃ me. Gake ele be míayi edzi azɔ le xɔse me le míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa. Le kpɔɖeŋu me, ne míele nu si míatsɔ aɖe modzakae tiam, alo le nya me tsom le sukudede alo vihehe ŋu. Mele be míanɔ te ɖe nu siwo míekpɔ kple nya siwo míese ɖeɖe ko dzi atso nya me o, ke boŋ míabu mía kple Yehowa dome ƒomedodoa, eƒe aɖaŋuɖoɖowo, kple ŋugbe si wòdo be yealé be na mí hã ŋu vevie. Ne míewɔe alea la, ke “míazɔ le Yehowa mía Mawu ƒe ŋkɔ me ɖaa tegbee.”—Mika 4:5.
HADZIDZI 156 Le Xɔse Me
a Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.