NUSƆSRƆ̃NYATI 26
HADZIDZI 123 Ðokuibɔbɔ Nuteƒewɔwɔtɔe Ðe Teokrasiɖoɖowo Te
Lɔ̃ Ðe Edzi Ðokuibɔbɔtɔe Be Menye Nu Sia Nue Yeate Ŋu Anya O
“Ŋusẽkatãtɔ la gɔme sese gbɔ míaƒe ŋutete ŋu.”—HIOB 37:23.
TAÐODZINUA
Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míado dzi le nɔnɔme sesẽwo me eye míaka ɖe Yehowa dzi bliboe, ne míenya nu siwo adzɔ le etsɔme o gɔ̃ hã.
1. Ŋutete tɔxɛ kawoe Yehowa na mí, eye nu ka tae?
YEHOWA wɔ mí le mɔ wɔnuku nu; ena ŋutete mí be míabu tame, míasrɔ̃ nu yeyewo, míase nu gɔme eye míawɔ nu le nunya me. Nu ka tae wòwɔ mí le mɔ tɔxɛ sia nu? Elabe edi be ‘míaƒe asi natu sidzedze Mawu,’ eye sidzedze vavãtɔ nakpe ɖe mía ŋu míatso nya me nyuie le eyama subɔsubɔ me.—Lod. 2:1-5; Rom. 12:1.
2. (a) Nyateƒenya ka dzie wòle be míalɔ̃ ɖo? (Hiob 37:23, 24) (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.) (b) Aleke wòaɖe vi na mí?
2 Togbɔ be Yehowa na ŋutete mí be míate ŋu asrɔ̃ nu gbogbo aɖewo hã la, nu geɖe li míenya o. (Xlẽ Hiob 37:23, 24.) Bu Hiob ŋu kpɔ. Yehowa bia nya geɖe Hiob si na wòkpɔe be nu gbogbo aɖewo li yemenya o. Nya siwo Yehowa biae la na wòkpɔe be ele be yeabɔbɔ ye ɖokui eye yeaɖɔ yeƒe susu ɖo. (Hiob 42:3-6) Ne míawo hã míebɔbɔa mía ɖokui helɔ̃na ɖe edzi be nu geɖe li si míenya o la, eɖea vi na mí. Ðokuibɔbɔ sia akpe ɖe mía ŋu míaka ɖe Yehowa dzi bliboe be ana míanya nu siwo wòhiã be míanya ale be míate ŋu atso nya me nyuie.—Lod. 2:6.
Ne míelɔ̃ ɖe edzi be nanewo li siwo míenya o la, esia aɖe vi na mí abe ale si wòɖe vi na Hiob ene (Kpɔ memama 2)
3. Nu ka mee míadzro le nyati sia me?
3 Le nyati sia me la, míade dzesi nu siwo míenya o dometɔ aɖewo kple ale si esia ate ŋu anye kuxi na mí. Azɔ hã, míakpɔ nu si tae wònyo be nanewo li míenya o. Nu siwo míasrɔ̃ akpe ɖe mía ŋu míaka ɖe Yehowa, “Ame si ƒe nunya de blibo” la dzi be egblɔa nu siwo wòhiã be míanya ŋutɔŋutɔ la na mí.—Hiob 37:16.
MÍENYA ƔEYIƔI SI NUWUWUA AVA O
4. Le Mateo 24:36 ƒe nya nu la, nu kae míenya o?
4 Xlẽ Mateo 24:36. Míenya ɣeyiɣi si tututu nuɖoanyi sia awu enu o. Esi Yesu nɔ anyigba dzi la, eya gɔ̃ hã menya “ŋkeke ma kple gaƒoƒo ma” o.a Emegbe egblɔ na eƒe apostoloawo be Yehowa, si nye Gamedzinɔla Gãtɔ la, ɖo ɣeyiɣi si wòawɔ nanewo ɖi “le eya ŋutɔ ƒe ŋusẽ nu.” (Dɔw. 1:6, 7) Yehowa ɖo ɣeyiɣi si nuɖoanyi sia awu enu la ɖi, gake míawo ya míate ŋu anya ɣeyiɣi ma o.
5. Esi míenya ɣeyiɣi si nuwuwua ava o ta la, ŋusẽ kae wòate ŋu akpɔ ɖe mía dzi?
5 Le Yesu ƒe nya nu la, míate ŋu anya ɣeyiɣi didi si wòle be míalala hafi nuwuwua nava o. Esia ate ŋu ana míatsi dzimaɖi alo dzi naɖe le mía ƒo, vevietɔ ne ɣeyiɣi didi aɖee nye esia míele Yehowa ƒe ŋkekea lalam. Azɔ hã, dzi ate ŋu aɖe le mía ƒo ne ƒometɔwo alo amewo le fewu ɖum le mía ŋu le esi nuwuwu si ƒe gbeƒã ɖem míele mekpɔ va o ta. (2 Pet. 3:3, 4) Ne edzɔ alea la, awɔ na mí be ne ɖe míenya ŋkeke si tututu nuwuwua ava la, anye ne anɔ bɔbɔe na mí be míado dzi eye míalala.
6. Nu ka tae wònyo be míenya ŋkeke si nuwuwua ava o?
6 Le nyateƒe me la, Yehowa mena míenya ɣeyiɣi si tututu nuwuwua ava o, elabena edi be míaɖee afia be míelɔ̃ ye heka ɖe ye dzi. Míedi be míasubɔ Yehowa tegbee, ke menye be míasubɔe va se ɖe ŋkeke ɖoɖi aɖe ko dzi o. Eya ta mele be míaƒe susu nanɔ ɣeyiɣi si “Yehowa ƒe ŋkeke la” ava dzi o, ke míaƒe susu nanɔ nu siwo wòahe vɛ la boŋ ŋu. Ne míewɔe alea la, esia akpe ɖe mía ŋu mía kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli, míaka ɖe eyama dzi, eye míawɔ nu siwo adze eŋu.—2 Pet. 3:11, 12.
7. Nu kae míenya?
7 Ele vevie be míaƒe susu nanɔ nu siwo míenya ŋu. Míenya nyuie be ŋkeke mamlɛawo dze egɔme tso ƒe 1914 me. Yehowa to Biblia me nyagblɔɖiwo dzi ɖo kpe esia dzi. Azɔ hã, edo ŋgɔ na míenya ale si nuwo anɔ le anyigba dzi tso ɣemaɣi. Nyagblɔɖi siwo le eme vam na míeka ɖe edzi be “Yehowa ƒe ŋkeke gã la tu aƒe.” (Zef. 1:14) Azɔ hã míenya dɔ si Yehowa de asi na mí si nye be míaɖe gbeƒã “Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui” la na ame geɖe ale si míate ŋui. (Mat. 24:14) Míele gbeƒã ɖem nya nyuia le dukɔ 240 me, le gbegbɔgblɔ siwo wu 1,000 sɔŋ me. Mehiã be míanya “ŋkeke ma kple gaƒoƒo ma” hafi atsɔ dzo ɖe dɔ vevi sia wɔwɔ ŋu o.
MÍENYA ALE SI TUTUTU YEHOWA AWƆ NUI O
8. Nu kae ‘Mawu vavã la ƒe dɔwɔwɔwo’ fia? (Nyagblɔla 11:5)
8 Menye ɣesiaɣie míenya ‘Mawu vavã la ƒe dɔwɔwɔwo o.’ (Xlẽ Nyagblɔla 11:5.) ‘Mawu vavã la ƒe dɔwɔwɔwo’ si wozã le afi sia fia nu siwo Yehowa nana wovaa eme, alo nu siwo ŋu wòɖea mɔ ɖo be woadzɔ ale be yeƒe lɔlɔ̃nu nava eme. Míate ŋu anya susu si tututu tae Yehowa ɖea mɔ nanewo dzɔna alo mɔ si tututu dzi wòato akpe ɖe mía ŋu o. (Ps. 37:5) Esia gbɔ míaƒe gɔmesese ŋu, abe ale si ko dzɔdzɔmeŋutinunyalawo mesea ale si vidzĩ wɔna tsina le dadaa ƒe dɔme gɔme bliboe o ene.
9. Esi míenya ale si tututu Yehowa awɔ nui o ta la, aleke esia ate ŋu ana míase le mía ɖokui me?
9 Esi míenya ale is tututu Yehowa awɔ axɔ na mí o ta la, ɣeaɖewoɣia, míehea nyametsotso aɖewo wɔwɔ ɖe megbe. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu asesẽ na mí be míatsɔ nanewo asa vɔ akeke míaƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu. Ðewohĩ esia abia be míanɔ agbe tsɛ alo aʋu ayi afi si Fiaɖuƒegbeƒãɖela geɖe hiã le. Ne míeɖo taɖodzinu le Yehowa subɔsubɔ me evɔ míete ŋu le egbɔ ɖom o, ne míele vevie dom nu le gbeƒãɖeɖedɔa me gake mele ku tsem o, alo ne míele go dom kuxiwo le teokrasidɔ si wode mía si me la, ate ŋu awɔ na mí be Yehowa mekpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu o.
10. Esi míenya ale si Yehowa awɔ nui o la, nɔnɔme nyui kae esia kpena ɖe mía ŋu míesrɔ̃na?
10 Esi míenya ale si tututu Yehowa awɔ nui o la, esia kpena ɖe mía ŋu míedea dzesii be seɖoƒe li na nu siwo míate ŋu anya eye míebɔbɔa mía ɖokui. Ewɔnɛ hã be míesea egɔme be Yehowa ƒe susu kple eƒe mɔwo kɔ wu mía tɔ. (Yes. 55:8, 9) Míesrɔ̃a ale si míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu geɖe wu be akpe ɖe mía ŋu míakpɔ dzidzedze. Ne nu nyuiwo do tso gbeƒãɖeɖedɔ alo teokrasidɔ aɖe si míewɔ me la, esɔ be míatsɔ kafukafua ana Yehowa. (Ps. 127:1; 1 Kor. 3:7) Ne nuwo meva yi abe ale si míekpɔ mɔe ene o la, ele be míaɖo ŋku edzi be Yehowa li kpli mí eye wònya nu sia nu. Esia ana míakpɔ ŋutifafa. (Yes. 26:12) Ele be míado vevie nu awɔ míaƒe akpa dzi eye míaka ɖe edzi be Yehowa hã awɔ eƒe akpa dzi. Míeka ɖe edzi be Yehowa afia mɔ mí ɣesiaɣi, ne mewɔe le nukumɔ aɖe dzi abe ale si wòwɔe le blema ene o gɔ̃ hã.—Dɔw. 16:6-10.
11. Nu vevi kawoe míenya?
11 Míenya be Yehowa lɔ̃a ame ɣesiaɣi, ele dzɔdzɔe, eye eƒe nunya ƒo ɖe sia ɖe ta. Míenya be edea asixɔxɔ gã nu siwo míewɔna nɛ kple nu siwo míewɔna na mía nɔviwo ŋu. Eye míenyae hã be Yehowa ɖoa eteƒe na ame siwo wɔa nuteƒe nɛ.—Heb. 11:6.
MÍENYA NU SI ADZƆ ETSƆ O
12. Abe ale si Yakobo 4:13, 14 gblɔe ene la, nu ka dzie míate ŋu aka ɖo o?
12 Xlẽ Yakobo 4:13, 14. Nyateƒe matrɔmatrɔe wònye be míenya ale si tututu míaƒe agbe anɔ etsɔ o. Le nuɖoanyi sia me la, “azãgbe kple nuɖiɖeame li na [mí] katã.” (Nyagb. 9:11) Le esia ta míate ŋu anya ne míaƒe ɖoɖowo adze edzi loo alo be míanɔ agbe awɔ nu siwo míeɖo la ade goe o.
13. Esi míenya etsɔme o ta la, aleke míesena le mía ɖokui me ɣeaɖewoɣi?
13 Nɔnɔme sesẽwo ate ŋu aɖi kpe mí. Nya vɔ̃wo ate ŋu adzɔ ɖe mía dzi le vo me eye wòana nuwo natrɔ na mí le agbe me. Azɔ hã dzi ate ŋu aɖe le mía ƒo vevie ne nu siwo míele mɔ kpɔm na meva eme o. (Lod. 13:12) Ne edzɔ alea la, míatsi dzimaɖi, míaganɔ dzidzɔ kpɔm o, eye wòasesẽ na mí be míado dzi.
14. Nu kae ana míakpɔ dzidzɔ vavãtɔ? (Kpɔ fotoawo hã.)
14 Nu ka kee ɖadzɔ o, ne míedoa dzi le nɔnɔme sesẽwo me la, míetoa esia dzi ɖenɛ fiana be esi míelɔ̃ mía Fofo si le dziƒo tae míele esubɔm ɖo, ke menye ɖokuitɔdidi tae o. Míesrɔ̃e le Biblia me nudzɔdzɔwo me be mele be míakpɔ mɔ be Yehowa nakpɔ mía ta nukutɔe tso xaxa ɖe sia ɖe me o. Eye menye ɖe Yehowa ɖo nu sia nu si adzɔ ɖe mía dzi la ɖi do ŋgɔ o. Enya be míate ŋu akpɔ dzidzɔ ne míenya nu siwo adzɔ ɖe mía dzi le etsɔme o gɔ̃ hã. Nu si ana míakpɔ dzidzɔ vavãtɔe nye be míadi eƒe mɔfiamewo eye míawɔ ɖe wo dzi. (Yer. 10:23) Ne míedia Yehowa ƒe mɔfiame hafi tsoa nya me la, míatsi dzi fũu ɖe nu siwo adzɔ le etsɔme ŋu o, ke boŋ míaƒe susu awɔ ɖeka kple Yakobo tɔ esi wògblɔ be: “Ne Yehowa lɔ̃ la, míanɔ agbe awɔ esi alo ekemɛ.”—Yak. 4:15.
Ne míedia Yehowa ƒe mɔfiame eye míewɔna ɖe wo dzi la, akpe ɖe mía ŋu eye wòayra mí (Kpɔ memama 14-15)b
15. Nu kae míenya?
15 Togbɔ be míenya nu si adzɔ le míaƒe agbeŋkeke ɖe sia ɖe me o hã la, míenya be Yehowa do agbe mavɔ ŋugbe na mí, eɖanye le dziƒo loo alo le anyigba dzi o. Míenya nyuie be Yehowa mate ŋu aka aʋatso o, eye naneke mate ŋu axe mɔ nɛ be wòagawɔ ŋugbe siwo katã wòdo la dzi o. (Tito 1:2) Eya koe nye “Ame si gblɔa nu si ava dzɔ la tso gɔmedzedzea me ke, kple nu siwo womewɔ haɖe o la fiana tso gbe aɖe gbe ke.” Nu siwo katã wògblɔ ɖi be woava eme le Biblia ŋlɔɣiwo la va eme, eye nu siwo katã wògblɔ be woava eme le etsɔme la hã le eme va ge. (Yes. 46:10) Míenya eye míeka ɖe edzi be naneke mate ŋu axe mɔ na Yehowa be wòagalɔ̃ mí o. (Rom. 8:35-39) Nu ka kee ɖadzɔ o, ana nunya si míehiã la mí, afa akɔ na mí, eye wòado ŋusẽ mí be míado dzi. Míeka ɖe edzi be Yehowa akpe ɖe mía ŋu eye wòayra mí.—Yer. 17:7, 8.
MÍATE ŊU ASE ALE SI GBEGBE YEHOWA NYA MÍI GƆME BLIBOE O
16. Aleke gbegbee Yehowa nya míi, eye aleke esia na nèse le ɖokuiwò me? (Psalmo 139:1-6)
16 Xlẽ Psalmo 139:1-6. Mía Wɔla la nya nu sia nu tso mía ŋu. Enya ale si míesena le mía ɖokui me kple ale si míebua nuwo ŋui. Enya nya siwo míegblɔna kple nu siwo le dzi me na mí, eye wònya nu sia nu si míewɔna kple nu si tae míewɔnɛ ɖo la nyuie. Fia David gblɔ be Yehowa ƒe ŋku le mía ŋu ɣesiaɣi eye wòle klalo be yeakpe ɖe mía ŋu. Ðe mewɔ dɔ ɖe dziwò ŋutɔ be xexea katã ƒe Aƒetɔ, Ame si nye dziƒo kple anyigba Wɔla, tsɔ ɖe le eme na mí vevie nenema gbegbe oa? David gblɔ be: “Esia nyanya gbɔ nye gɔmesese ŋu. Ekɔkɔ nam akpa nyemate ŋu ase egɔme o.”—Ps. 139:6, etenuŋɔŋlɔ.
17. Nu ka tae wòate ŋu asesẽ na ame aɖe be wòaxɔe ase be Yehowa nya ye nyuie hesea nu gɔme na ye?
17 Ƒome si me míetso, míaƒe dekɔnuwo, alo dzixɔse siwo nɔ mía si tsã ate ŋu ana wòasesẽ na mí be míaxɔe ase be Yehowa nye Fofo lɔ̃ame si tsɔa ɖe le eme na mí. Alo awɔ na mí be le nu vɔ̃ siwo míewɔ va yi ta la, Yehowa madi gbeɖe be yeate ɖe mía ŋu o, eye be ele adzɔge tso mía gbɔ. David gɔ̃ hã se le eɖokui me nenema kpɔ. (Ps. 38:18, 21) Ðewohĩ ame aɖe le avu wɔm be yeaɖe asi le numame gbegblẽ aɖe ŋu be yeƒe nu nadze Mawu ŋu, gake gbeɖegbeɖea koe. Ne edzɔ alea, ate ŋu ava nɔ eɖokui biam be: ‘Ne Mawu nyam ŋutɔŋutɔ hesea nu gɔme nam la, ke nu ka tae wòdi kokoko be matrɔ?’
18. Ne míelɔ̃ ɖe edzi be Yehowa nya mí nyuie wu ale si míenya mía ɖokui la, aleke wòaɖe vi na mí? (Kpɔ fotoawo hã.)
18 Ele be míadze agbagba alɔ̃ ɖe edzi be Yehowa nya mí nyuie wu ale si míenya mía ɖokui, eye be edea dzesi nu nyuiwo le mía ŋu si míawo ŋutɔwo míedea dzesii o. Togbɔ be enya míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo eye wònya susu siwo tae míesena le mía ɖokui me hewɔa nu le mɔ aɖe nu gɔme hã la, enya be míate ŋu atrɔ eye wònaa kpekpeɖeŋu si hiã la mí. (Rom. 7:15) Ne míeva se egɔme be Yehowa nya ame si tɔgbi míate ŋu ava nye nyuie la, dzi aɖo mía ƒo eye míayi edzi asubɔe nuteƒewɔwɔtɔe kple dzidzɔ.
Yehowa kpena ɖe mía ŋu míedoa ŋusẽ míaƒe xɔse eye míekana ɖe xexe yeye ƒe ŋugbe si wòdo la dzi geɖe wu. Esia wɔnɛ be míedoa dzi ne nu siwo míele mɔ kpɔm na o dzɔ ɖe mía dzi (Kpɔ memama 18-19)c
19. Nu kawoe míenya tso Yehowa ŋu?
19 Yehowa nye lɔlɔ̃. Míenya esia, eye ɖikeke aɖeke mele eŋu o. (1 Yoh. 4:8) Nu siwo wòdi be míawɔ kple nu siwo wòdi be míaƒo asa na la ɖee fia be elɔ̃ mí vevie eye wòdi be eme nanyo na mí. Míenya be Yehowa di be míanɔ agbe tegbee. Esia tae wòxe tafe ɖe mía ta ɖo. Tafe ƒe ɖoɖo si Yehowa wɔ la na míeka ɖe edzi be togbɔ be míede blibo o hã la, míate ŋu asubɔe le mɔ si dzea eŋu nu. (Rom. 7:24, 25) Míenya be “Mawu nye gã wu míaƒe dziwo, eye wònya nuwo katã.” (1 Yoh. 3:19, 20) Míenya be Yehowa nya nu sia nu tso mía ŋu eye wòka ɖe edzi be míate ŋu asubɔ ye bliboe.
20. Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míagatsi dzi fũu akpa ɖe nu siwo míenya o ŋu o?
20 Yehowa gblɔa nu sia nu si wòhiã be míanya na mí; meɣlaa ɖeke ɖe mí o. Ne míeka ɖe nya sia dzi la, míatsi dzi ɖe nu siwo míenya o ŋu o, ke boŋ míalé fɔ ɖe nu siwo le vevie wu la ŋu. Ne míewɔe alea la, míaɖee afia be míeka ɖe Yehowa, “Ame si ƒe nunya de blibo la” dzi bliboe. (Hiob 36:4) Togbɔ be míase nanewo gɔme fifia o hã la, míenya be Yehowa ayi edzi anɔ nu yeyewo fiam mí tegbee. Esia doa dzidzɔ na mí ŋutɔ, elabe míadzudzɔ nusɔsrɔ̃ tso mía Mawu Gã la ŋu gbeɖe o.—Nyagb. 3:11.
HADZIDZI 104 Mawu, Na Wò Gbɔgbɔ Kɔkɔea Mí
a Yesue axɔ ŋgɔ woaho aʋa ɖe Satana ƒe xexe vɔ̃ɖi sia ŋu, eya ta esɔ be míaƒo nya ta be fifia ya enya ŋkeke kple ɣeyiɣi si Armagedon-ʋaa afe ati kple ɣeyiɣi si wòawu eƒe “aʋadziɖuɖu la nu.”—Nyaɖ. 6:2; 19:11-16.
b NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Vifofo aɖe kple viaŋutsu le nu veviwo dem akplo me ale be ƒomea nanɔ dzadzraɖoɖi ne afɔku aɖe dzɔ kpata.
c NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Nɔviŋutsu aɖe si le nɔnɔme sesẽwo me tom la le ale si agbea avivi le xexe yeyea me kpɔm ɖaa le susu me.