INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w25 March axa 26-31
  • Yehowa Ƒe Asi Meto Ðe Eme O

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yehowa Ƒe Asi Meto Ðe Eme O
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • SRƆ̃ NU TSO NU SI DZƆ ÐE MOSE KPLE ISRAEL-VIWO DZI LA ME
  • NE GANYAWO LE SESẼM NA MÍ
  • NE MÍELE ALE SI MÍAKPƆ MÍAƑE NUHIAHIÃWO GBƆ LE TSITSIME ŊU BUM
  • Srɔ̃ Nu Tso Nuteƒewɔla Tsitsiwo Ƒe Nya Mamlɛwo Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • Wò Nyametsotsowo Neɖee Fia Be Èɖoa Ŋu Ðe Yehowa Ŋu
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2023
  • Lɔ̃ Ðe Edzi Ðokuibɔbɔtɔe Be Menye Nu Sia Nue Yeate Ŋu Anya O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • Ðo Ŋku Edzi Be Yehowa Ye Nye “Mawu Gbagbe La”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
w25 March axa 26-31

NUSƆSRƆ̃NYATI 13

HADZIDZI 4 “Yehowae Nye Kplɔlanye”

Yehowa Ƒe Asi Meto Ðe Eme O

“Ðe Yehowa ƒe asi to ɖe emea?”—4 MOSE 11:23.

TAÐODZINUA

Nyati sia ana míagaka ɖe edzi geɖe wu be Yehowa akpɔ míaƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ na mí ɣesiaɣi.

1. Aleke Mose ɖee fia be yeka ɖe Yehowa dzi esime wònɔ ŋgɔ na Israel-viwo wodzo le Egipte?

HEBRITƆWO ƒe agbalẽa ƒo nu tso Yehowa subɔla geɖe siwo ɖe xɔse fia la ŋu. Wo dometɔ ɖeka si ɖe dzesie nye Mose. (Heb. 3:​2-5; 11:​23-25) Eɖe xɔse fia esime wòkplɔ Israel-viwo dzoe le Egipte. Mevɔ̃ Farao kple eƒe asrafowo o. Eka ɖe Yehowa dzi bliboe eye wòkplɔ Israel-viwo to Ƒudzĩa me kple le gbea dzi siaa. (Heb. 11:​27-29) Israel-vi akpa gãtɔ megava ka ɖe edzi be ŋutete le Yehowa si be wòalé be na yewo o, gake Mose ya yi edzi ka ɖe Mawu dzi. Xɔse si Mose ɖe fia la mezu dzodzro o, elabe le gbedadaƒo ma gɔ̃ hã, Yehowa na nuɖuɖu kple tsi Israel-viwo nukutɔe.a—2 Mose 15:​22-25; Ps. 78:​23-25.

2. Nya kae Mawu bia Mose, eye nu ka tae? (4 Mose 11:​21-23)

2 Togbɔ be xɔse sẽŋu nɔ Mose si hã la, anɔ abe ƒe ɖeka megbe tso esime Yehowa ɖe Israel-viwo nukutɔe la, Mose ke ɖi nenye be Yehowa ate ŋu ana lã eƒe amewo. Ale si gbegbe ameawo sɔ gbɔe la na wòsesẽ na Mose be wòaka ɖe edzi be Yehowa ate ŋu ana lã ame miliɔn geɖe mawo wòasu wo. Le esia ta la, Yehowa bia Mose be: “Ðe Yehowa ƒe asi to ɖe emea?” (Xlẽ 4 Mose 11:​21-23.) Nya “Yehowa ƒe asi” si wòzã le afi sia la fia Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea alo eƒe ŋusẽ si le dɔ dzi. Le nyaa nua, Yehowa nɔ Mose biam be, ‘Ðe nèsusu be nyemate ŋu awɔ nu si megblɔ be mawɔ oa?’

3. Nu ka tae wòle be míadzro Mose kple Israel-viwo ƒe ŋutinyaa me?

3 Ðe wòwɔ na wò kpɔ be Yehowa mate ŋu akpɔ wò kple wò ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ na mi oa? Aleke kee wòɖale o, na míadzro Mose kple Israel-vi siwo meka ɖe edzi be ŋutete le Mawu si be wòakpɔ yewoƒe nuhiahiãwo gbɔ na yewo o la ƒe ŋutinyaa me. Biblia me gɔmeɖose siwo me míadzro akpe ɖe mía ŋu míagaka ɖe edzi geɖe wu be Yehowa ƒe asi meto ɖe eme o.

SRƆ̃ NU TSO NU SI DZƆ ÐE MOSE KPLE ISRAEL-VIWO DZI LA ME

4. Nu kae na Israel-vi geɖe megava ka ɖe edzi be Yehowa ate ŋu akpɔ yewoƒe nuhiahiãwo gbɔ na yewo o?

4 Bu nudzɔdzɔ bliboa ŋu kpɔ. Esi Israel-viwo dzo le Egipte la, “ame vovovowo ƒe ha gã aɖe” siwo menye Israel-viwo o hã yi kpli wo. Wozɔ mɔ to gbedadaƒo yina ɖe Ŋugbedodonyigbaa dzi. (2 Mose 12:38; 5 Mose 8:15) Ameha mawo dometɔ aɖewo va nɔ nyatoƒoe tom be manaa ti yewo eye Israel-vi geɖewo hã wɔ ɖeka kpli wo nɔ nyatoƒoe tom. (4 Mose 11:​4-6) Nuɖuɖu siwo woɖuna le Egipte la va nɔ wo dzrom, eya ta wova nɔ avi fam na Mose be wòana lã yewo yewoaɖu. Esia na Mose susui be ke enye yeƒe agba be yeadi lã na wo. Gake afi kae wòato akpɔ lã le na ame gbogbo mawo?—4 Mose 11:​13, 14.

5-6. Nu kae míesrɔ̃ tso ale si amehaa kpɔ ŋusẽ ɖe Israel-viwo dzi la me?

5 Ameha siwo kplɔ Israel-viwo ɖo la megava kpɔ ŋudzedze ɖe nu si Yehowa wɔ na wo ŋu o, eye Israel-vi aɖewo hã va srɔ̃ woƒe nɔnɔme ma. Mɔ̃ sia tɔgbi ate ŋu aɖe míawo hã. Ne ame siwo dome míele mekpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu o la, ele bɔbɔe be míawo hã míagava nɔ ŋudzedze kpɔm ɖe nu siwo Yehowa wɔ na mí ŋu o. Esia ate ŋu adzɔ ne míaƒe susu nɔa ale si nuwo nɔ na mí va yi ŋu alo míeva le ŋu ʋãm ame bubuwo. Gake ne nu si le mía si dzea mía ŋu la, nɔnɔme ka ke mee míeɖale o, míanɔ dzidzɔ kpɔm.

6 Ðe wòle be Israel-viwo naɖo ŋku edzi be Mawu ka ɖe edzi na yewo be ne yewoɖo anyigba si yeana wo dzi la nu nyui geɖewo asu yewo si hafi. Ŋugbedodonyigbaa dzie esia ava eme na wo le, ke menye esi wole mɔa dzi yina o. Nenema kee mele be míanɔ nu siwo mate ŋu asu mía si le xexe sia me o la ŋu bum o, ke boŋ míatsɔ susu aɖo nu siwo ƒe ŋugbe Yehowa do be yeawɔ na mí le xexe yeyea me ŋu. Anyo hã be míanɔ ŋugble dem le mawunyakpukpui siwo ana míagaka ɖe Yehowa dzi geɖe wu la ŋu.

7. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ƒe asi meto ɖe eme o?

7 Ðewohĩ àgabia kokoko be, nu ka tae Yehowa bia Mose be: “Ðe Yehowa ƒe asi to ɖe emea?” Anɔ eme be Yehowa nɔ kpekpem ɖe Mose ŋu be wòade ŋugble le nu eve siawo ŋu: (1) seɖoƒe meli na yeƒe ŋusẽ o, kple (2) yeate ŋu azã yeƒe ŋusẽ le afi sia afi, aleke kee teƒea ɖadidii o. Togbɔ be Israel-viwo le gbedadaƒo afi si tso abo hã la, Yehowa ate ŋu ana lã gbogbo wo. Mawu tsɔ eƒe “asi sesẽ kpakple alɔ si wòdo ɖe dzi” la ɖe eƒe ŋusẽ fia. (Ps. 136:​11, 12) Eya ta ne míele nɔnɔme sesẽ aɖe me tom la, míate ŋu aka ɖe edzi be afi ka kee míeɖale o, Yehowa ate ŋu akpe ɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe ŋu.—Ps. 138:​6, 7.

8. Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míagawɔ vodada si Israel-vi akpa gãtɔ wɔ esime wonɔ gbea dzi o? (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)

8 Eteƒe medidi o Yehowa na lã Israel-viwo,’ ena tegli gbogbo aɖe wo. Gake aleke wowɔ nui? Israel-viwo ƒe ŋku va biã ɖe tegliawo haha ŋu ale gbegbe be wonɔ esia dzi zã kple keli heŋlɔ be be yewoada akpe na Mawu ɖe nukunu sia ta. Yehowa ƒe dziku fla ɖe ame siwo “dzro nu ɖokuitɔdiditɔe” la ŋu eye wòhe to na wo. (4 Mose 11:​31-34) Míate ŋu asrɔ̃ nu tso nu si dzɔ ɖe wo dzi la me. Ele be míakpɔ nyuie be míagava nɔ ŋu klẽm o. Nu de mía dzi alo meɖade mía dzi o, nu si wòle be wòanɔ vevie na míe nye be míana ƒomedodo nyui nanɔ mía kple Yehowa kpakple Yesu dome ale be míato esia dzi ‘aƒo kesinɔnuwo nu ƒu na mía ɖokui ɖe dziƒo.’ (Mat. 6:​19, 20; Luka 16:9) Ne míewɔe alea la, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa akpɔ míaƒe nuhiahiãwo gbɔ na mí.

Israel-viwo le gbedadaƒo le tegli gbogbo aɖewo ham le zã me.

Aleke Israel-vi geɖe wɔ nui esi Yehowa na lã wo le gbea dzi, eye nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso eme? (Kpɔ memama 8)


9. Nu ka dzie míate ŋu aka ɖo bliboe?

9 Yehowa le klalo ɣesiaɣi be yeakpe ɖe yeƒe amewo ŋu egbea. Ðe esia fia be madzɔ gbeɖe be nu nahiã mí alo dɔ nawu mí oa? Ao, mefia nenema o.b Nu si wòfiae nye be Yehowa magblẽ mí ɖi gbeɖe o. Nɔnɔme sesẽ ka ke me tom míeɖale o, ado ŋusẽ mí. Aleke míate ŋu aɖee afia be míeka ɖe edzi be Yehowa akpɔ míaƒe nuhiahiãwo gbɔ na mí? Na míadzro nɔnɔme eve siwo me míate ŋu aɖee afia le la me: (1) ne ganyawo le sesẽm na mí, kple (2) ne míele ale si míakpɔ míaƒe nuhiahiãwo gbɔ le etsɔme ŋu bum.

NE GANYAWO LE SESẼM NA MÍ

10. Nu kawoe ate ŋu ana ganyawo nasesẽ na mí?

10 Zi ale si xexe sia ƒe nuwuwu le aƒe tum la, zi nenemae ganyawo hã agasesẽ ɖe edzi. Dunyahehe ƒe zitɔtɔwo, aʋawɔwɔwo, dɔvɔ̃wo, alo dzɔdzɔmefɔkuwo ate ŋu ana míaƒe nuwo dome nagblẽ, dɔ nage le mía si alo míasi le míaƒe aƒewo me gɔ̃ hã. Nu siawo ate ŋu awɔe be wòasesẽ ŋutɔ be míakpɔ mía kple míaƒe ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ. Ðewohĩ ava hiã be míadi dɔ bubu alo míava nɔ eŋu bum be mía kple míaƒe ƒome míaʋu ayi teƒe bubu ale be míate ŋu akpɔ wo dzi. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míatso nya me wòaɖee afia be míeka ɖe edzi be Yehowa ƒe asi meto ɖe eme o?

11. Nu kae akpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe ganyawo ƒe sesẽ nu? (Luka 12:​29-31)

11 Nu vevitɔ si nàwɔ si aɖe vi ŋutɔe nye be nàgblɔ wò dzimaɖitsitsiwo na Yehowa. (Lod. 16:3) Do gbe ɖa nàbia nunya be nàte ŋu atso nya me nyuie. Biae be wòana nàɖe dzi ɖi ale be ‘nàgatsi dzimaɖi fũu akpa’ ɖe nɔnɔmea ŋu o. (Xlẽ Luka 12:​29-31.) Ðe kuku nɛ be wòakpe ɖe ŋuwò be nu suetɔ kekeake si le asiwò nadze ŋuwò. (1 Tim. 6:​7, 8) Ku nu me le míaƒe agbalẽwo me be nàke ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo akpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe ganyawo ƒe sesẽ nu la ŋu. Video kple nyati siwo le jw.org siwo ƒo nu tso gakuxiwo ŋu la ɖe vi na ame geɖe.

12. Nyabiase kawoe ate ŋu akpe ɖe Kristotɔ ŋu be wòatso nya me nyuie na eƒe ƒomea?

12 Ame aɖewo lɔ̃ xɔ dɔ si wɔe be wodzo le woƒe ƒomewo gbɔ, gake wo dometɔ geɖe va de dzesii be nyametsotso gbegblẽe wònye yewowɔ. Hafi nàlɔ̃ axɔ dɔ aɖe la, menye ga si nàkpɔ tso eme ko ŋue wòle be nàbu o. Nu vevitɔ si ŋu wòle be nàbue nye ale si wòakpɔ ŋusẽ ɖe wò kple wò ƒomea kple Yehowa dome ƒomedodoa dzi. (Luka 14:28) Bia ɖokuiwò be: ‘Nu kae adzɔ ɖe míaƒe srɔ̃ɖeɖea dzi ne meʋu dzo? Ne meʋua, ɖe mate ŋu anɔ kpekpeawo katã dem, anɔ gbeadzi yim ahakpɔ ɣeyiɣi anɔ ha dem kple nɔviawoa?’ Ne viwo le asiwò la, ke ele be nàbu biabia vevi sia hã ŋu: ‘Aleke mate ŋu ahe vinyewo le “Yehowa ƒe amehehe kple nuxɔxlɔ̃ me” ne nyemele wo gbɔ o?’ (Ef. 6:4) Na Ŋɔŋlɔawo nafia mɔ wò, ke menye ƒometɔ kple xɔlɔ̃ siwo metsia dzi ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi wɔwɔ ŋu o.c Mɔnukpɔkpɔ geɖe su nɔviŋutsu Tony si le ɣetoɖoƒe Asia si be wòavae wɔ dɔ le duta. Esi wòdo gbe ɖa tso nyaa ŋu helée kpɔ kple srɔ̃a la, etso nya me be yemalɔ̃ axɔ dɔ mawo dometɔ aɖeke o, ke boŋ eɖoe be yewoaɖe ƒomea ƒe gazazãwo dzi akpɔtɔ. Fifia Tony gblɔ be: “Mɔnukpɔkpɔ su asinye mekpe ɖe ame geɖe ŋu wova nya Yehowa eye vinyewo hã tsɔ dzo ɖe nyateƒea ŋu. Míaƒe ƒomea kpɔe be ne míeyi edzi wɔ ɖe Mateo 6:33 me nyawo dzi la, Yehowa ayi edzi alé be na mí.”

NE MÍELE ALE SI MÍAKPƆ MÍAƑE NUHIAHIÃWO GBƆ LE TSITSIME ŊU BUM

13. Nu kawoe míate ŋu awɔ fifia ale be míate ŋu akpɔ míaƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ le etsɔme?

13 Ne míeka ɖe edzi be Yehowa ƒe alɔ meto ɖe eme o la, esia adze ƒãa le ale si míawɔ ɖoɖo ɖe míaƒe tsitsime ŋu la me. Biblia de dzi ƒo na mí be míado vevie dɔ ale be míate ŋu akpɔ mía ɖokui dzi le etsɔme. (Lod. 6:​6-11) Enyo eye wòsɔ be ne nɔnɔmeawo ɖe mɔ la, míadzra nane ɖo ɖe etsɔ ŋu, elabena ga kpɔa ame ta va ɖo afi aɖe. (Nyagb. 7:12) Ke hã mele be míavu ɖe gadidi ŋu ale be wòava nye nu vevitɔ na mí le agbe me o.

14. Aleke Hebritɔwo 13:5 akpe ɖe mía ŋu be míada asɔ ne míele ɖoɖo wɔm ɖe etsɔme ŋu?

14 Yesu wɔ kpɔɖeŋu aɖe tsɔ ɖe nu si tae nunya mele eme be ame naƒo kesinɔnuwo nu ƒu evɔ manye “kesinɔtɔ le Mawu gbɔ o” la fia. (Luka 12:​16-21) Susu ɖekae nye be ame aɖeke menya nu si adzɔ le etsɔme o. (Lod. 23:​4, 5; Yak. 4:​13-15) Azɔ hã mí Kristotɔwo míedoa go kuxi bubu aɖewo. Yesu gblɔ be ele be ame siwo katã di be yewoanye yeƒe nusrɔ̃lawo la nanɔ klalo be ‘yewoagbe nu le nu siwo katã le yewo si la gbɔ.’ (Luka 14:33) Nu siae Kristotɔ siwo nɔ Yudea lɔ̃ faa wɔ. (Heb. 10:34) Egbea, dɔ ge le nɔvi aɖewo si eye ɖewo hã bú woƒe nunɔamesiwo le esi wogbe be yewomahe dunya o ta. (Nyaɖ. 13:​16, 17) Nu kae kpe ɖe wo ŋu? Woka ɖe ŋugbe si Yehowa do be, “Nyemaɖe asi le ŋuwò akpɔ o, eye nyemagblẽ wò ɖi hã akpɔ o,” dzi bliboe. (Xlẽ Hebritɔwo 13:5.) Eya ta míawɔ mía tɔ sinua adzra ɖo ɖe míaƒe tsitsime ŋu, eye míaka ɖe edzi be ne nu si míele mɔ kpɔm na o dzɔ ɖe mía dzi gɔ̃ hã la, Yehowa alé be na mí.

15. Susu si da sɔ kae wòle be wòanɔ dzila Kristotɔwo si ɖe wo viwo ŋu? (Kpɔ fotoa hã.)

15 Le teƒe aɖewo la, atsu kple asi ƒe taɖodzinue nye be yewoadzi viwo ale be woava kpɔ yewo dzi le yewoƒe tsitsime. Le nyaa nu la, emae nye ɖoɖo si koŋ wowɔ ɖe woƒe etsɔme ŋu. Gake Biblia gblɔ be ele be dzilawo nakpɔ wo viwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo. (2 Kor. 12:14) Ele eme be ne dzilawo tsi la, woahiã wo viwo ƒe kpekpeɖeŋu, eye enye dzidzɔ na ɖevi geɖe be yewoawɔ esia. (1 Tim. 5:4) Gake dzila Kristotɔwo dea dzesii be nu si ana yewoakpɔ dzidzɔ wue nye be yewoakpe ɖe yewo viwo ŋu woava subɔ Yehowa, ke menye be yewoadzi viwo kple susu be ne ɖeviawo va tsia woava ɖe yewo tso hiã me o.—3 Yoh. 4.

Atsu kple asi aɖe tsɔ dzidzɔ le dze ɖom kple wo vinyɔnu kple srɔ̃a le videokadodo dzi. Wo vinyɔnua kple srɔ̃a do xɔtudɔwɔlawo ƒe dedienɔwu aɖe.

Kristotɔ atsu kple asi siwo ka ɖe Yehowa dzi wɔna ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi ne wole nya me tsom le woƒe etsɔme ŋu (Kpɔ memama 15)d


16. Aleke dzilawo akpe ɖe wo viwo ŋu woasu te akpɔ wo ɖokuiwo dzi le etsɔme? (Efesotɔwo 4:28)

16 Dzilawo, mito miaƒe kpɔɖeŋu nyuiwo dzi miakpe ɖe mia viwo ŋu woaka ɖe Yehowa dzi. Mikpe ɖe wo ŋu hã be ne wova tsi la, woasu te akpɔ wo ɖokuiwo dzi. Mifia wo tso ɖevime ke be woado vevie dɔ. (Lod. 29:21; xlẽ Efesotɔwo 4:28.) Ne wole tsitsim la, mikpe ɖe wo ŋu woawɔ dɔ nyuie le suku. Anyo be dzila Kristotɔwo naku nu me awɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi ne wole kpekpem ɖe wo viwo ŋu be woatso nya me le sukudede ŋu. Esia akpe ɖe ɖeviawo ŋu be woava su te akpɔ wo ɖokui dzi eye woakpɔ ɣeyiɣi awɔ geɖe le gbeƒãɖeɖedɔa me alo ava zu mɔɖelawo gɔ̃ hã.

17. Nu ka dzie míate ŋu aka ɖo?

17 Yehowa subɔla wɔnuteƒewo ate ŋu aka ɖe edzi be ŋutete le Yehowa si be wòakpɔ yewoƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ na yewo, eye edi be yeawɔe hã. Esi míele xexe sia ƒe nuwuwu gogom la, agahiã be míaka ɖe Yehowa dzi geɖe wu. Nu ka kee ɖadzɔ o, mina míaka ɖe edzi be Yehowa azã eƒe ŋusẽ atsɔ akpɔ míaƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ na mí. Míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be eƒe asi sesẽ kple alɔ si wòdo ɖe dzi la meto ɖe eme o.

ALEKE NÀÐO WO ŊUI?

  • Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Mose kple Israel-viwo ƒe ŋutinyaa me?

  • Aleke míaɖee afia be míeka ɖe Yehowa dzi ne ganyawo le sesẽm na mí?

  • Nu kawo ŋue wòle be míabu ne míele ale si míakpɔ míaƒe nuhiahiãwo gbɔ le míaƒe tsitsime ŋu bum?

HADZIDZI 150 Di Mawu Be Nàkpɔ Ðeɖe

a Kpɔ “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” si le October 2023 ƒe Gbetakpɔxɔ me.

b Kpɔ “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” si le September 15, 2014 ƒe Gbetakpɔxɔ me.

c Kpɔ nyati si nye “Ame Aɖeke Mate Ŋu Asubɔ Aƒetɔ Eve O” si le April 15, 2014 ƒe Gbetakpɔxɔ me.

d NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Kristotɔ atsu kple asi aɖe siwo ɖee fia be yewoka ɖe Yehowa dzi la le dze ɖom kple wo vinyɔnu to videokadodo dzi. Wo vinyɔnua kple srɔ̃a le asi kpem ɖe Fiaɖuƒe Akpata Tutudɔ aɖe ŋu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe